Yohanes 18:1-40

18  Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, eyi ɖato Kidron bali la me kple eƒe nusrɔ̃lawo yi afi si abɔ aɖe le, eye woa kple eƒe nusrɔ̃lawo yi abɔ la me.  Ke Yuda, ame si dee asi la, hã nya teƒea, elabena Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoa ƒu ɖe afi ma zi geɖe.  Eya ta Yuda xɔ asrafoha la kpe ɖe nunɔlawo ƒe tatɔwo ƒe dɔlawo kple Farisitɔwo hã tɔwo ŋu, eye wòtsɔ akakatiwo kple akaɖiwo kpakple lãnuwo ɖe asi va afi ma.  Ke esi Yesu nya nu siwo katã gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe edzi ta la, ezɔ va ŋgɔ bia wo be: “Ame ka dim miele?”  Woɖo eŋu nɛ be: “Yesu, Nazaretetɔ lae.” Egblɔ na wo be: “Nyee.” Ke Yuda, ame si dee asi la, hã nɔ tsitre ɖe wo gbɔ.  Ke hã, esi wògblɔ na wo be: “Nyee” la, wote yi megbe, eye wodze anyi.  Eya ta egabia wo be: “Ame ka dim miele?” Wogblɔ be: “Yesu, Nazaretetɔ lae.”  Yesu ɖo eŋu be: “Megblɔ na mi xoxo be nyee. Eya ta ne nye dim miele la, ekema mina ame siawo ya nadzo”;  bene nya si wògblɔ la nava eme be: “Nyemebu ame siwo nètsɔ nam la dometɔ ɖeka pɛ hã o.” 10  Ke esi yi nɔ Simon Petro si ta la, eɖee, eye wòda nu nunɔlagã ƒe kluvi, eye wòkpa eƒe ɖusimeto. Kluvi la ŋkɔe nye Malxo. 11  Gake Yesu gblɔ na Petro be: “Gbugbɔ wò yi la de eƒe aku me. Kplu si Fofo la nam la, ɖe mele be manoe godoo oa?” 12  Tete asrafoha la kple aʋafiagã la kpakple Yudatɔwo ƒe dɔlawo lé Yesu, eye woblae, 13  eye wokplɔe yi Ana gbɔ gbã; elabena enye Kayafa, si nye nunɔlagã le ƒe ma me la, ƒe to. 14  Le nyateƒe me la, Kayafa ye nye ame si ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo be ade wo dzi be ame ɖeka naku ɖe dukɔ la ta. 15  Ke Simon Petro kple nusrɔ̃la bubu aɖe dze Yesu yome. Nunɔlagã la dze si nusrɔ̃la ma, eye wòkplɔ Yesu ɖo yi nunɔlagã la ƒe aƒea me, 16  gake Petro ya nɔ tsitre ɖe xexe le ʋɔtrua nu. Eya ta nusrɔ̃la kemɛ, si nunɔlagã la dze si la, do go, eye wòƒo nu kple agbonudzɔla la, eye wòkplɔ Petro va eme. 17  Tete dɔlanyɔnuvi, si nye agbonudzɔla la, gblɔ na Petro be: “Alo wò hã, ŋutsu sia ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènyea?” Egblɔ be: “Ao.” 18  Ke kluviwo kple dɔlawo nɔ tsitre ɖe afi ma, elabena wodo akadzo, le esi vuvɔ nɔ wɔwɔm ta, eye wonɔ dzoa ƒum. Petro hã nɔ tsitre ɖe wo gbɔ nɔ dzoa ƒum. 19  Eye nunɔlawo ƒe tatɔ la bia gbe Yesu tso eƒe nusrɔ̃lawo kple eƒe nufiafia ŋu. 20  Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Meƒoa nu na xexea le dutoƒo. Mefiaa nu ɣesiaɣi le ƒuƒoƒe kple gbedoxɔa me, afi si Yudatɔwo katã va ƒoa ƒu ɖo; eye nyemegblɔa nya aɖeke le bebe me o. 21  Nu ka tae nèle nya biamem? Bia ame siwo se nya siwo megblɔ na wo la. Kpɔ ɖa! Ame siawo nya nya siwo megblɔ.” 22  Esi wògblɔ nya siawo la, dɔlawo dometɔ ɖeka si nɔ tsitre ɖe afi ma la ƒo tome na Yesu gblɔ be: “Aleae nèle nya ŋu ɖom na nunɔlawo ƒe tatɔa?” 23  Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne nya si megblɔ la mesɔ o la, ekema gblɔ nu si gblẽ le eŋu la ame sia ame nase; gake ne esɔ ɖe, ke nu ka tae nèƒom?” 24  Tete Ana ɖoe ɖe nunɔlagã Kayafa bablae. 25  Ke Simon Petro nɔ tsitrenu nɔ dzo ƒum. Eye wogblɔ nɛ be: “Alo wò hã, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènyea?” Egbe hegblɔ be: “Ao.” 26  Nunɔlagã la ƒe kluviwo dometɔ ɖeka, si nye ŋutsu si ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ, gblɔ be: “Mekpɔ wò le abɔa me kplii ɖe, alo nyemekpɔ wò oa?” 27  Gake Petro gagbe; eye enumake koklo ku atɔ. 28  Azɔ wokplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ yi nutomefia la ƒe fiasã me. Ŋu ke teti koe nye ema. Gake woawo ŋutɔwo mege ɖe nutomefia la ƒe fiasã la me o, be yewomagazu ame makɔmakɔwo o, bene yewoate ŋu aɖu ŋutitoto la. 29  Eya ta Pilato do go va wo gbɔ gblɔ be: “Nutsotso kae mietsɔ vae ɖe ame sia ŋu?” 30  Woɖo eŋu gblɔ nɛ be: “Ne menye nu gbegblẽ wɔlae ame sia nye o la, anye ne míatsɔe ade asi na wò o.” 31  Eya ta Pilato gblɔ na wo be: “Mia ŋutɔwo mikplɔe yii, eye miadrɔ̃ ʋɔnui le miaƒe se la nu.” Yudatɔwo gblɔ nɛ be: “Se meɖe mɔ na mí be míawu ame o.” 32  Esia dzɔ, bene Yesu ƒe nya si wògblɔ tsɔ fia ku, si ƒomevi wòle be wòaku la, nava eme. 33  Eya ta Pilato gage ɖe nutomefia la ƒe fiasã la me ake, eye wòyɔ Yesu hegblɔ nɛ be: “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia laa?” 34  Yesu ɖo eŋu be: “Wò ŋutɔ ɖokuiwò sie nèle nya sia gblɔm le loo, alo ame bubuwoe gblɔ nye nya na wòa?” 35  Pilato ɖo eŋu be: “Yudatɔe menyea? Wò ŋutɔ wò dukɔ kple nunɔlawo ƒe tatɔwo ye tsɔ wò de asi nam. Nu kae nèwɔ?” 36  Yesu ɖo eŋu be: “Nye fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o. Ne ɖe nye fiaɖuƒe nye xexe sia ƒe akpa aɖe la, anye ne nye dɔlawo wɔ avu, bene woagatsɔm ade asi na Yudatɔwo o. Gake abe ale si wòle ene la, nye fiaɖuƒe metso afi sia o.” 37  Eya ta Pilato biae be: “Ekema, fia nènye vavãa?” Yesu ɖo eŋu be: “Wò ŋutɔe le egblɔm be fia menye. Elabena nu si tae wodzim ɖo, si tae meva xexea me ɖo ye nye esi: be maɖi ɖase na nyateƒe la. Ame sia ame si le nyateƒea ƒe akpa dzi la, ɖoa to nye gbe.” 38  Pilato gblɔ nɛ be: “Nu kae nye nyateƒe?” Eye esi wògblɔ nya siawo vɔ la, egado go yi Yudatɔwo gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu o. 39  Gawu la, kɔnu aɖe le mia si, si nye be maɖe asi le ame ɖeka ŋu na mi le ŋutitoto la dzi. Eya ta miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋu na mia?” 40  Tete wogado ɣli gblɔ be: “Menye ame sia o, ke boŋ Baraba!” Ke Baraba nye adzodala.

Etenuŋɔŋlɔ