Yohanes 17:1-26

17  Yesu gblɔ nya siawo, eye esi wòfɔ mo dzi kpɔ dziƒo la, egblɔ be: “Fofo, gaƒoƒo la de; do viwò la ɖe dzi, ne viwò la nado wò ɖe dzi,  abe ale si nèna ŋusẽe ɖe ŋutilãwo katã dzi, be ame siwo nètsɔ nae la ƒe xexlẽme bliboa la, wòana agbe mavɔ wo ene.  Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.  Medo wò ɖe dzi le anyigba dzi, esi mewu dɔ si nètsɔ nam be mawɔ la nu.  Eya ta Fofo, tsɔ ŋutikɔkɔe si nɔ asinye le gbɔwò hafi xexea va dzɔ la dom ɖe dzi le ɖokuiwò gbɔ.  “Meɖe wò ŋkɔ la fia ame siwo nèɖe tso xexea me nam. Tɔwòe wonye, eye nètsɔ wo nam, eye wowɔa wò nya la dzi.  Wova nyae azɔ be nu siwo katã nètsɔ nam la tso gbɔwò;  elabena nya siwo nètsɔ de asi nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wova nyae vavã be meva abe tewòƒenɔla ene, eye woxɔe se be wòe dɔm ɖa.  Mele kuku ɖem ɖe wo ta; mele kuku ɖem, menye ɖe xexea ta o, ke boŋ ɖe ame siwo nètsɔ nam la ta; elabena tɔwòe wonye, 10  eye nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye tɔwòwo hã tɔnyee, eye wodom ɖe dzi le wo dome. 11  “Azɔ hã, nyemegale xexea me o, gake woawo ya wole xexea me, eye megbɔna gbɔwò. Fofo kɔkɔe, kpɔ wo ta le wò ŋutɔ wò ŋkɔ si nènam la ta, bene woawɔ ɖeka abe ale si míawo hã míewɔ ɖeka ene. 12  Esi menɔ wo gbɔ la, menɔ wo ta kpɔm le wò ŋutɔ wò ŋkɔ si nètsɔ nam la ta; eye medzra wo ɖo, eye wo dometɔ aɖeke metsrɔ̃ o, negbe tsɔtsrɔ̃vi la ko, bene ŋɔŋlɔ la nava eme. 13  Gake fifia la, megbɔna gbɔwò, eye mele nya siawo gblɔm le xexea me bene nye dzidzɔ la nanɔ wo me, eye wòayɔ wo fũu. 14  Metsɔ wò nya la na wo, gake xexea lé fu wo, elabena womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o la ene. 15  “Nyemele biabiam be nàɖe wo ɖa le xexea me o, ke boŋ be nàkpɔ wo ta le vɔ̃ɖitɔ la ta. 16  Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o, abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o la ene. 17  Kɔ wo ŋu to nyateƒe la me; wò nya la nye nyateƒe. 18  Abe ale si nèdɔm ɖe xexea me ene la, nye hã medɔ wo ɖe xexea me. 19  Eye mele ɖokuinye ŋu kɔm le wo ta, bene woakɔ woawo hã ŋu to nyateƒe la me. 20  “Mele biabiam, menye ɖe ame siawo ɖeɖe nu ko o, ke ɖe ame siwo xɔa dzinye sena to woƒe nya dzi la hã nu; 21  bene wo katã woawɔ ɖeka, abe ale si wò Fofo la nèle ɖekawɔwɔ me kplim, eye nye hã mele ɖekawɔwɔ me kpli wò ene, bene woawo hã woanɔ ɖekawɔwɔ me kpli mí, bene xexea nanyae be wòe dɔm ɖa. 22  Azɔ hã, metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo, bene woawɔ ɖeka, abe ale si míewɔ ɖeka ene. 23  Mele ɖekawɔwɔ me kpli wo, eye nèle ɖekawɔwɔ me kplim, bene woana woazu blibo le nu ɖeka me, bene xexea nanyae be wòe dɔm ɖa, eye be èlɔ̃ wo abe ale si nèlɔ̃m ene. 24  Fofo, ku ɖe nu si nètsɔ nam ŋuti la, medi be, afi si mele la, woawo hã nanɔ gbɔnye, bene woakpɔ nye ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam, elabena èlɔ̃m do ŋgɔ na xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi. 25  Fofo dzɔdzɔe, nyateƒee, xexea menya wò o; gake nye ya menya wò, eye ame siawo va nyae be wòe dɔm ɖa. 26  Eye mena wonya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae, ale be lɔlɔ̃ si nètsɔ lɔ̃m la nanɔ wo me, eye manɔ ɖekawɔwɔ me kpli wo.”

Etenuŋɔŋlɔ