Yohanes 14:1-31
14 “Migana dzika natso mia ƒo o. Miɖee fia be miexɔ Mawu dzi se, miɖee fia be miexɔ nye hã dzinye se.
2 Fofonye ƒe aƒe me la, nɔƒe geɖewo li. Ne ɖe mele nenema o la, anye ne megblɔe na mi, elabena meyina be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.
3 Eye ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi la, megagbɔna ake, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bene afi si mele la, miawo hã mianɔe.
4 Eye afi si yim mele la, mienya mɔ la.”
5 Toma gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, míenya afi si yim nèle o. Aleke míawɔ anya mɔa?”
6 Yesu gblɔ nɛ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.
7 Ne ɖe mienyam la, anye ne mienya Fofonye hã; tso fifia dzi la, mienyae, eye miekpɔe.”
8 Filipo gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, fia Fofo la mí, eye ema asɔ gbɔ na mí.”
9 Yesu gblɔ nɛ be: “Ɣeyiɣi didi aɖee nye esia mele mia gbɔ, ke hã, Filipo, ɖe nèle gbɔgblɔm be yemenyam oa? Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã. Aleke wɔ nèbe, ‘Fia Fofo la mí’?
10 Ðe mèxɔe se be mewɔa ɖeka kple Fofo la, eye Fofo la hã wɔa ɖeka kplim oa? Nya siwo gblɔm mele na mi la, nyemele wo gblɔm le ɖokuinye si o; ke boŋ Fofo si wɔ ɖeka kplim lae le eƒe dɔwo wɔm.
11 Mixɔ dzinye se be mewɔa ɖeka kple Fofo la, eye Fofo la hã wɔa ɖeka kplim; ne miexɔe se o la, ekema mixɔe se le dɔwɔwɔawo ya ta.
12 Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Ame si ɖenɛ fiana be yexɔ dzinye se la, ame ma hã awɔ dɔ siwo mewɔna; eye awɔ dɔ siwo lolo wu esiawo, elabena meyina Fofo la gbɔ.
13 Eye nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ me la, mawɔe, bene woado Fofo la ɖe dzi to Vi la dzi.
14 Ne miebia nane le nye ŋkɔ me la, mawɔe.
15 “Ne mielɔ̃am la, ekema miawɔ nye sewo dzi;
16 eye mabia Fofo la, eye wòana kpeɖeŋutɔ bubu mi, be wòanɔ mia gbɔ tegbee,
17 nyateƒegbɔgbɔ, si xexea mate ŋu axɔ o, elabena mekpɔnɛ o, eye menyae hã o. Miawo ya mienyae, elabena enɔa mia gbɔ, eye wòle mia me.
18 Nyemagblẽ mi ɖi tsyɔ̃eviwoe o. Megbɔna mia gbɔ.
19 Esusɔ vie ko, eye xexea megale kpɔ ye ge o, gake miawo ya miakpɔm, elabena mele agbe, eye mianɔ agbe.
20 Le ŋkeke ma me la, mianyae be mewɔa ɖeka kple Fofonye, eye be miewɔ ɖeka kplim, eye nye hã mewɔ ɖeka kpli mi.
21 Ame si si nye sewo le, eye wòwɔa wo dzi la, ame mae nye ame si lɔ̃am. Azɔ ame si lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae gaglãa.”
22 Yuda (menye Iskariot o) gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, nu kae dzɔ hafi nèdi be yeaɖe ye ɖokui afia mí gaglãa, ke menye xexea ya o?”
23 Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ be: “Ne ame aɖe lɔ̃am la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃e, eye míava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.
24 Ame si melɔ̃am o la mewɔa nye nyawo dzi o; eye nya si sem miele la, menye tɔnyee o, ke boŋ Fofo si dɔm ɖa la tɔe.
25 “Esi megale mia gbɔ la, megblɔ nya siawo na mi.
26 Gake kpeɖeŋutɔ la, si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔ me la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã megblɔ na mi la dzi na mi.
27 Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi, mele nye ŋutifafa nam mi. Nyemele etsɔm na mi abe ale si xexea nanɛ ene o. Migana dzika natso mia ƒo o, eye migadzo nyanyanya le vɔvɔ̃ ta hã o.
28 Miesee megblɔ na mi be: Mele dzodzom, eye megagbɔna mia gbɔ. Ðe mielɔ̃m la, ne miekpɔ dzidzɔ be meyina Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum.
29 Eya ta azɔ la, megblɔe na mi hafi wòava dzɔ, be ne eva dzɔ la, miaxɔe ase.
30 Nyemagaƒo nu geɖe kpli mi azɔ o, elabena xexea dzi ɖula gbɔna. Eye mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye o,
31 gake be xexea nanya be melɔ̃ Fofo la, abe ale si tututu Fofo la de se nam be mawɔ ene la, nenemae mele ewɔm. Mitso, mina míadzo le afi sia.