Yohanes 13:1-38

13  Ke esi Yesu nya, hafi ŋutitotoŋkekenyui la nava ɖo, be yeƒe gaƒoƒo la de, be yeadzo le xexe sia me ayi Fofo la gbɔ ta la, esi wòlɔ̃ etɔ siwo le xexea me la, elɔ̃ wo va se ɖe nuwuwu.  Eya ta esi wonɔ fiẽnuɖuɖu la dzi, eye Abosam tsɔe de Yuda Iskariot, Simon vi, ƒe dzi me xoxo be wòadee asi ta la,  eya la, esi wònya be Fofo la tsɔ nuwo katã de asi na ye, eye be Mawu gbɔe yetso va, eye yeyina Mawu gbɔ ta la,  etsi tsitre le fiẽnuɖuɖu la ɖuƒe, eye wòɖe eƒe awudziwuiwo da ɖi. Eye esi wòtsɔ papahũ aɖe la, esae ɖe ali.  Emegbe eku tsi ɖe agba gã aɖe me, eye wòte nusrɔ̃laawo ƒe afɔwo kɔklɔ, eye wòtsɔa papahũ si wòsa ɖe ali la tutua wo ŋu.  Eye wòva ɖo Simon Petro gbɔ. Egblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, wòe aklɔ afɔ nama?”  Yesu ɖo eŋu nɛ gblɔ be: “Nu si wɔm mele la, mèle egɔme sem fifia o, gake àse egɔme le nu siawo megbe.”  Petro gblɔ nɛ be: “Gbeɖe, màklɔ nye afɔwo akpɔ o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne nyemeklɔ afɔ na wò o la, ekema gome aɖeke mele asiwò le gbɔnye o.”  Simon Petro gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, menye nye afɔwo ɖeɖe ko o, ke nye asiwo kple nye ta hã.” 10  Yesu gblɔ nɛ be: “Ame si le tsi la megahiã nu geɖe wu be woaklɔ eƒe afɔwo ko nɛ o, elabena eŋuti blibo la katã ɖi. Eye mia ŋuti ɖi, gake menye mi katãe o.” 11  Le nyateƒe me la, enya ame si nɔ edem asi. Esia tae wògblɔ be: “Menye mi katã ŋutie ɖi o.” 12  Ke esi wòklɔ woƒe afɔwo vɔ, eye wòdo eƒe awudziwuiwo, eye wògabɔbɔ nɔ kplɔ̃a ŋu la, egblɔ na wo be: “Mienya nu si mewɔ na mia? 13  Mieyɔam be: ‘Nufiala,’ kple ‘Aƒetɔ,’ eye míegblɔe nyuie, elabena eyae menye. 14  Eya ta ne nye, togbɔ be menye Aƒetɔ kple Nufiala hã, meklɔ miaƒe afɔwo la, ekema ele na miawo hã be miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo. 15  Elabena meɖo kpɔɖeŋu ɖi na mi be, ale si tututu mewɔ na mi la, miawo hã miawɔ nenema ke. 16  Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Kluvi mewua eƒe aƒetɔ o, eye ame si wodɔ ɖa la mewua ame si dɔe ɖa la o. 17  Ne mienya nu siawo la, dzidzɔtɔwoe mianye ne miewɔ wo dzi. 18  Menye mi katãe mewɔnɛ o; menya ame siwo metia. Gake be Ŋɔŋlɔ la nava eme tae, be: ‘Ame si ɖua nye abolo la, kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.’ 19  Tso fifia dzi la, mele egblɔm na mi hafi wòava dzɔ, be ne eva dzɔ la, ne miaxɔe ase be nyee. 20  Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Ame si xɔa ame si medɔ ɖa la, exɔa nye hã. Eye ame si xɔam la, exɔa ame si dɔm ɖa la hã.” 21  Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, etsi dzi vevie le gbɔgbɔ me, eye wòɖi ɖase gblɔ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Mia dometɔ ɖeka adem asi.” 22  Nusrɔ̃lawo te wo nɔewo ƒe ŋkume kpɔkpɔ, eye wotsi yaa, elabena womenya wo dometɔ ka ƒe nya gblɔm wònɔ o. 23  Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka vĩa ɖe ekɔme; enye ame si Yesu lɔ̃na. 24  Eya ta Simon Petro wɔ dzesi nɛ gblɔ be: “Gblɔe na mí, ame ka ƒe nya gblɔm wòle?” 25  Eya ta ame ma bi yi megbe ziɔ ɖe Yesu ƒe akɔta hebiae be: “Aƒetɔ, ame kae?” 26  Eya ta Yesu ɖo eŋu be: “Ame si maka abolo atɔ agba me atsɔ ana lae.” Eya ta esi wòtsɔ abolo la tɔ agbaa me la, etsɔe na Yuda, Simon Iskariot vi. 27  Eye le abolo kakɛa xɔxɔ megbe la, Satana ge ɖe ame sia me. Eya ta Yesu gblɔ nɛ be: “Nu si wɔm nèle la, wɔe wòatsɔ wu ema.” 28  Ke hã, ame siwo nɔ kplɔ̃a ŋu la dometɔ aɖeke menya susu si ta wògblɔ nya sia nɛ o. 29  Le nyateƒe me la, esi wònye Yuda gbɔe gaɖaka la le ta la, wo dometɔ aɖewo susu be ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm nɛ be: “Ƒle nu siwo míehiã hena ŋkekenyui la,” alo be wòana nane ame dahewo. 30  Eya ta esi wòxɔ abolo kakɛa vɔ la, edo go dzo enumake. Zã hã do ɣemaɣi. 31  Eya ta esi wòdzo vɔ la, Yesu gblɔ be: “Azɔ wodo Amegbetɔvi la ɖe dzi, eye wodo Mawu ɖe dzi to edzi. 32  Eye Mawu ŋutɔ adoe ɖe dzi, eye adoe ɖe dzi enumake. 33  Vinyewo, megale mia gbɔ hena ɣeyiɣi vi aɖe. Miadim; eye abe ale si megblɔe na Yudatɔwo ene be, ‘Afi si meyina la, miate ŋu ava o’ la, mele egblɔm na miawo hã azɔ. 34  Se yeye nam mele mi, be mialɔ̃ mia nɔewo; abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo. 35  Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” 36  Simon Petro gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, afi ka yim nèle?” Yesu ɖo eŋu be: “Afi si yim mele la, màte ŋu adze yonyeme fifia o, gake àva dze yonyeme emegbe.” 37  Petro gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, nu ka tae nyemate ŋu adze yowòme fifia o? Matsɔ nye luʋɔ aɖo anyi ɖe tawò.” 38  Yesu ɖo eŋu be: “Àtsɔ wò luʋɔ aɖo anyi ɖe tanyea? Vavã, vavã mele egblɔm na wò be: Koklo mele atɔ ku ge hafi nàgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ o.”

Etenuŋɔŋlɔ