Yohanes 12:1-50

12  Eya ta esi wòsusɔ ŋkeke ade ne ŋutitoto la naɖo la, Yesu va ɖo Betania, afi si Lazaro, ame si Yesu fɔ tso ame kukuwo dome la nɔ.  Eya ta woɖo fiẽnuɖukplɔ̃ nɛ le afi ma, eye Marta nɔ wo subɔm, gake Lazaro nɔ ame siwo nɔ kplɔ̃a ŋu kplii la dome.  Eya ta Maria tsɔ ami ʋeʋĩ aɖe, si nye nardomi akuaku si xɔ asi ŋutɔ, lita afã kloe, eye wòsii ɖe Yesu ƒe afɔwo ŋu, eye wòtsɔ eƒe ɖa tutu eƒe afɔwo ŋu. Ami la ƒe ʋeʋẽ lilili xɔ aƒea me katã.  Gake Yuda Iskariot, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, si le ede ge asi kpuie la, gblɔ be:  “Nu ka tae womedzra ami ʋeʋĩ sia denario alafa etɔ̃, ne woatsɔe ana ame dahewo o?”  Gake menye esi wòtsɔ ɖe le eme na ame dahewo tae wògblɔ nya sia ɖo o, ke boŋ fiafitɔe wònye, eye gaɖaka la le egbɔ, eye wòlɔ̃a ga siwo wodana ɖe eme la fifi.  Eya ta Yesu gblɔ be: “Ðe asi le eŋu ne wòawɔ kɔnu sia, hena nye ɖigbe.  Elabena ame dahewo le mia gbɔ ɣesiaɣi, gake nye ya nyemanɔ mia gbɔ ɣesiaɣi o.”  Ale Yudatɔwo ƒe ameha gã aɖe va nya be ele afi ma, eye wova, menye le Yesu ɖeɖe ta ko o, ke be yewoakpɔ Lazaro, ame si wòfɔ tso ame kukuwo dome la hã. 10  Ke nunɔlawo ƒe tatɔwo de adaŋu be yewoawu Lazaro hã, 11  elabena eyama tae Yudatɔ geɖewo nɔ afi ma yim, henɔ Yesu dzi xɔm nɔ sesem ɖo. 12  Esi ŋu ke, eye ameha gã si va ŋkekenyuia ɖuƒe la se be Yesu gbɔna Yerusalem la, 13  wotsɔ deʋayawo, eye wodo go yi ɖakpee. Eye wote ɣlidodo be: “Míeɖe kuku na wò, xɔ na mí! Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me, si nye Israel ƒe fia la!” 14  Ke esi Yesu kpɔ tedzivi aɖe la, ebɔbɔ nɔ edzi, abe ale si tututu woŋlɔe ɖi ene be: 15  “Mègavɔ̃ o, Zion vinyɔnuvi. Kpɔ ɖa! Wò fia la gbɔna, eye wòbɔbɔ nɔ tedzivi dzi.” 16  Eƒe nusrɔ̃lawo ƒe susu menɔ nu siawo ŋu gbã o, gake esi wova do Yesu ɖe dzi la, woɖo ŋku edzi be woŋlɔ nu siawo ɖi tso eŋu, eye be wowɔ nu siawo nɛ. 17  Eye ameha si nɔ eŋu esime wòyɔ Lazaro wòdo go tso ŋkuɖodziyɔdoa me, eye wòfɔe tso ame kukuwo dome la, yi edzi nɔ ɖase ɖim tso eŋu. 18  Eya ta esi ameha la se be ewɔ dzesi sia ta la, woawo hã woyi ɖakpee. 19  Eya ta Farisitɔwo gblɔ le wo nɔewo dome be: “Mía tɔwo, míewɔ dɔ vlo! Kpɔ ɖa! Xexe blibo la katãe nye ema dze eyome hoo.” 20  Ke Helatɔ aɖewo nɔ ame siwo va ta de ge agu le ŋkekenyuia ɖuƒe la dome. 21  Eya ta ame siawo te ɖe Filipo si tso Betsaida le Galilea ŋu, eye wote kukuɖeɖe nɛ be: “Aƒetɔ, míedi be míakpɔ Yesu.” 22  Filipo va gblɔe na Andrea. Eye Andrea kple Filipo va gblɔe na Yesu. 23  Ke Yesu ɖo eŋu na wo gblɔ be: “Gaƒoƒo la de be woado Amegbetɔvi la ɖe dzi. 24  Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Ne lu ƒe ku mege ɖe anyigba heku o la, ku ɖeka ko wòkpɔtɔna nyena; gake ne eku la, ekema etsea ku geɖe. 25  Ame si lɔ̃a eƒe luʋɔ vevie la tsrɔ̃nɛ, gake ame si léa fu eƒe luʋɔ le xexe sia me la akpɔ eta hena agbe mavɔ. 26  Ne ame aɖe di be yeasubɔm la, nedze yonyeme, eye afi si mele la, afi mae nye subɔla hã anɔ. Ne ame aɖe di be yeasubɔm la, Fofo la ade bubu eŋu. 27  Fifia nye luʋɔ le nu xam vevie, eye nya kae magblɔ? Fofo, ɖem tso gaƒoƒo sia me. Ke hã, esia tae meva le gaƒoƒo sia me ɖo. 28  Fofo, do wò ŋkɔ ɖe dzi.” Kasia gbe aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ be: “Medoe ɖe dzi, eye magadoe ɖe dzi ake.” 29  Eya ta ameha si nɔ afi ma, eye wosee la, te gbɔgblɔ be dzi ɖe gbe. Bubuwo hã de asi gbɔgblɔ me be: “Mawudɔla aɖee ƒo nu nɛ.” 30  Yesu ɖo eŋu be: “Menye tanyee gbe sia ɖi ɖo o, ke boŋ mia tae. 31  Ʋɔnudɔdrɔ̃ xexe sia ɖo azɔ; azɔ woanya xexe sia dzi ɖula la ɖa. 32  Gake nye la, ne wokɔm ɖe dzi tso anyigba la, mahe ame ƒomeviwo katã ɖe ɖokuinye ŋu.” 33  Le nyateƒe me la, enɔ esia gblɔm tsɔ nɔ ku si ƒomevi ku ge wògbɔna kpuie la fiam. 34  Eya ta ameha la ɖo eŋu nɛ be: “Míesee le Se la me be Kristo la anɔ anyi tegbee; ekema nu ka ta nèle gbɔgblɔm be ele be woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi? Ame kae nye Amegbetɔvi sia?” 35  Eya ta Yesu gblɔ na wo be: “Kekeli la aganɔ mia dome vie. Mizɔ esime kekeli la gale mia si, bene viviti la nagakpɔ ŋusẽ ɖe mia dzi o; eye ame si zɔa viviti me la menyana afi si yim wòle o. 36  Esi kekeli la le mia si la, miɖee fia be miexɔ kekeli la dzi se, bene miazu kekeli ƒe viwo.” Yesu gblɔ nya siawo, eye wòdzo le wo gbɔ yi ɖabe. 37  Gake togbɔ be ewɔ dzesi geɖewo wokpɔ hã la, womenɔ edzi xɔm nɔ sesem o, 38  si na Yesaya nyagblɔɖila la ƒe nya si wògblɔ la va eme, be: “Yehowa, ame kae xɔ nya si míese la dzi se? Eye le Yehowa ƒe abɔ la gome la, ame kae woɖee fiae?” 39  Susu si ta womete ŋu xɔe se o lae nye nya si Yesaya gagblɔ, be: 40  “Egbã woƒe ŋkuwo, eye wòna woƒe dziwo ku atri, bene woagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, eye woase egɔme kple woƒe dziwo, ne woatrɔ, be mada gbe le wo ŋu o.” 41  Yesaya gblɔ nya siawo, elabena ekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe, eye wòƒo nu tso eyama ŋu. 42  Togbɔ be ele alea hã, dziɖulawo kura gɔ̃ hã dometɔ geɖe xɔ eyama dzi se, gake le Farisitɔwo ta la, womeʋua eme be yewoxɔ edzi se o, bene woaganya wo ɖa le ƒuƒoƒe la me o; 43  elabena wolɔ̃ amewo ƒe kafukafu wu Mawu ƒe kafukafu kura gɔ̃ hã. 44  Ke hã, Yesu do ɣli gblɔ be: “Ame si xɔa dzinye sena la, menye nye ɖeɖe dzi koe wòxɔna sena o, ke ame si dɔm ɖa la hã dzie; 45  eye ame si kpɔam la, kpɔa ame si dɔm ɖa la hã. 46  Meva xexea me abe kekeli ene, bene ame sia ame si xɔa dzinye sena la nagayi edzi anɔ viviti la me o. 47  Gake ne ame aɖe sea nye nyawo, evɔ mewɔa wo dzi o la, nyemedrɔ̃a ʋɔnui o; elabena nyemeva be madrɔ̃ ʋɔnu xexea o, ke boŋ be maɖe xexea. 48  Ame si gbeam, eye mexɔa nye nyawo o la, ame si adrɔ̃ ʋɔnui la li. Nya si megblɔ lae adrɔ̃ ʋɔnui le ŋkeke mamlɛa dzi; 49  elabena nyemeƒo nu le ɖokuinye si o, ke boŋ Fofo si dɔm ɖa la na nya, si magblɔ, kple nu, si maƒo, la ƒe sem. 50  Eye menyae hã be eƒe sedede la nye agbe mavɔ. Eya ŋuti nya siwo megblɔna la, ale si tututu Fofo la gblɔ wo nam la, nenemae megblɔa wo.”

Etenuŋɔŋlɔ