Yohanes 1:1-51

1  Le gɔmedzedzea me la, Nya la nɔ anyi, eye Nya la nɔ anyi kple Mawu, eye Nya la nye mawu aɖe.*  Ame sia nɔ anyi le gɔmedzedzea me kple Mawu.  Eya dzi nuwo katã to va dzɔ, eye eya manɔmee la, nu ɖeka pɛ hã meva dzɔ o. Nu si va dzɔ  to eyama dzi lae nye agbe, eye agbe lae nye amewo ƒe kekeli la.  Eye kekeli la le keklẽm le viviti me, gake viviti la meɖu edzi o.  Ŋutsu aɖe va do, si wodɔ ɖa abe Mawu teƒe nɔla ene: eŋkɔe nye Yohanes.  Ame sia va le ɖaseɖiɖi ta, be wòaɖi ɖase tso kekeli la ŋu, bene ame ƒomeviwo katã naxɔ ase to eyama dzi.  Menye eyae nye kekeli ma o, ke boŋ ele be wòaɖi ɖase tso kekeli ma ŋu.  Kekeli vavãtɔ si klẽna ɖe ame ɖe sia ɖe ƒomevi dzi la ƒe xexea me vava nɔ gogom. 10  Enɔ xexea me, eye xexea va dzɔ to eyama dzi, gake xexea medze sii o. 11  Eva ye ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake ye ŋutɔ tɔwo mexɔe o. 12  Ke hã, ame geɖe ale si nu xɔe la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo, elabena wonɔ eɖem nɔ fiafiam be yewoxɔ eƒe ŋkɔ dzi se; 13  eye menye ʋu, alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu, alo ame ƒe lɔlɔ̃nu mee wodzi wo tsoe o, ke boŋ tso Mawu me. 14  Ale Nya la zu ŋutilã, eye wònɔ mía dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe, si le abe tenuvi aɖe ƒe ŋutikɔkɔe tso fofoa gbɔ ene; eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũu. 15  (Yohanes ɖi ɖase tso eŋu, ɛ̃, edo ɣli kura gɔ̃ hã—eyae nye ame si gblɔe—be: “Ame si le megbenye gbɔna la wɔ geɖe wum, elabena edzɔ do ŋgɔ nam.”) 16  Elabena mí katã míexɔ tso eƒe nu siwo gba go la me, ɛ̃, míexɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi. 17  Esi wònye wotsɔ Se la na to Mose dzi ta la, amenuveve kple nyateƒe la va to Yesu Kristo dzi. 18  Ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; mawu tenuvi si le Fofoa ƒe akɔnu lae nye ame si ɖe ale si wòle la me. 19  Ke esiae nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi esi Yudatɔwo dɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo tso Yerusalem ɖee be woabiae be: “Ame kae nènye?” 20  Eye wòʋu eme, megbe o, ke boŋ eʋu eme be: “Menye nyee nye Kristo la o.” 21  Eye wobiae be: “Ekema ame kae nènye? Wòe nye Eliyaa?” Eye wògblɔ be: “Menye nyee o.” “Wòe nye Nyagblɔɖila Laa?” Eye wòɖo eŋu be: “Ao!” 22  Eya ta wogblɔ nɛ be: “Ame kae nènye? Bene míana ŋuɖoɖo ame siwo dɔ mí ɖe gbɔwò. Nya ka gblɔm nèle tso ɖokuiwò ŋu?” 23  Egblɔ be: “Ame si le ɣli dom le gbedadaƒo be: ‘Mina Yehowa ƒe mɔ nadzɔ,’ la ƒe gbe ye menye, abe ale si tututu Yesaya nyagblɔɖila la gblɔe ene.” 24  Ke ame siwo wodɔ la tso Farisitɔwo dome. 25  Eya ta wobiae gblɔ nɛ be: “Ne menye wòe nye Kristo la alo Eliya alo Nyagblɔɖila La o la, ekema nu ka tae nèle amewo nyrɔm?” 26  Yohanes ɖo eŋu na wo gblɔ be: “Nye la mele amewo nyrɔm ɖe tsi me. Ame aɖe si mienya o la tsi tsitre ɖe mia dome, 27  ame si le megbenye gbɔna, si ƒe afɔkpaka nyemedze atu o.” 28  Nu siawo va eme le Betania le Yordan godo, afi si Yohanes nɔ amewo nyrɔm le. 29  Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, ekpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, eye wògblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi si le xexea ƒe nu vɔ̃ ɖem ɖa lae nye esi! 30  Ame sia ŋue megblɔ le be: Ame aɖe le megbenye gbɔna, si wɔ geɖe wum, elabena edzɔ do ŋgɔ nam. 31  Nye ŋutɔ kura gɔ̃ hã nyemenyae tsã o, gake susu si ta meva le amewo nyrɔm ɖe tsi me lae nye be woaɖee afia Israel.” 32  Yohanes ɖi ɖase hã gblɔ be: “Mekpɔ gbɔgbɔ la wògbɔna abe ahɔnɛ ene tso dziƒo, eye wònɔ edzi. 33  Nye ŋutɔ kura gɔ̃ hã nyemenyae tsã o, gake Ame si tututu dɔm be manyrɔ amewo ɖe tsi me la gblɔ nam be ‘Ame si dzi nèkpɔ be gbɔgbɔ la le ɖiɖim ɖo, eye wòle edzi la, eyae nye ame si nyrɔa amewo ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe me.’ 34  Eye mekpɔe, eye meɖi ɖase be ame siae nye Mawu ƒe Vi la.” 35  Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Yohanes gatsi tsitre ɖe afi ma, eye eƒe nusrɔ̃la eve nɔ eŋu, 36  eye esi wòkpɔ Yesu wònɔ zɔzɔm va yina la, egblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi lae nye esi!” 37  Eye nusrɔ̃la eveawo se nya si wògblɔ, eye wodze Yesu yome. 38  Eye Yesu trɔ, eye esi wòkpɔ wo wodze eyome la, egblɔ na wo be: “Nu ka dim miele?” Wogblɔ nɛ be: “Rabi, (si gɔmee nye Nufiala,) afi kae nèle?” 39  Egblɔ na wo be: “Miva, ekema miakpɔe.” Eya ta woyi, eye wokpɔ afi si wònɔna, eye wonɔ egbɔ gbe ma gbe; gaƒoƒo ewolia* lɔƒo mee. 40  Ame eve siwo se nya si Yohanes gblɔ, eye wokplɔ Yesu ɖo la, dometɔ ɖekae nye Andrea, si nye Simon Petro nɔvi. 41  Ame sia kpɔ ye ŋutɔ nɔvia Simon gbã, eye wògblɔ nɛ be: “Míekpɔ Mesia la” (si gɔmee nye Kristo). 42  Ekplɔe yi Yesu gbɔ. Esi Yesu kpɔe la, egblɔ be: “Wòe nye Simon, Yohanes vi; woayɔ wò be Kefas” (si gɔme woɖe be Petro). 43  Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, edi be yeadzo ayi Galilea. Eya ta Yesu kpɔ Filipo, eye wògblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.” 44  Ke Filipo tso Betsaida, si nye du si me Andrea kple Petro hã tso. 45  Filipo kpɔ Nataniel, eye wògblɔ nɛ be: “Míekpɔ ame si ŋu nya Mose ŋlɔ ɖe Se la me, si ŋu Nyagblɔɖilawo hã ŋlɔ nu tsoe, si nye Yesu, Yosef vi, tso Nazaret.” 46  Gake Nataniel gblɔ nɛ be: “Ðe nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaret mahã?” Filipo gblɔ nɛ be: “Va kpɔ.” 47  Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna egbɔ, eye wògblɔ tso eŋu be: “Kpɔ ɖa, Israel vi vavã, si me amebeble aɖeke mele o.” 48  Nataniel gblɔ nɛ be: “Aleke nèwɔ nyam?” Yesu ɖo eŋu nɛ gblɔ be: “Hafi Filipo nayɔ wò, esi nènɔ gbotia te la, mekpɔ wòe.” 49  Nataniel ɖo eŋu nɛ be: “Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi la, wòe nye Israel ƒe Fia.” 50  Yesu ɖo eŋu nɛ gblɔ be: “Esi megblɔ na wò be mekpɔ wò le gbotia te tae nèxɔe sea? Èle nu siwo lolo wu nu siawo kpɔ ge.” 51  Egagblɔ nɛ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Miakpɔ dziƒo nu wòaʋu, eye mawudɔlawo anɔ dzi liam ahanɔ ɖiɖim ava Amegbetɔvi la gbɔ.”

Etenuŋɔŋlɔ

“Si le abe Mawu ene.” Kpɔ Nya Bubuwo, Akpa 3 lia.
Ɣetrɔ ga 4 lɔƒo.