Tito 2:1-15

2  Ke hã, wò ya yi edzi nànɔ nya siwo sɔ na nufiafia nyuitɔ la gblɔm.  Ŋutsu tsitsiwo nada asɔ le nuwɔna me, woaɖo mo vevi, woaɖɔ ŋu ɖo, woanɔ te sesĩe le xɔse me, le lɔlɔ̃ me, le dzidodo me.  Nenema kee nyɔnu tsitsiwo hã nawɔ nu le mawuvɔvɔ̃ me, woaganye ameŋugblẽlawo o, eye woagazu kluvi na wain geɖe nono o, woanye nu nyui fialawo;  bene woaɖo ŋku edzi na ɖetugbuiwo be woalɔ̃ wo srɔ̃wo, woalɔ̃ wo viwo,  woanye ame ɖɔŋuɖowo, agbe dzadzɛ nɔlawo, aƒemedɔwɔlawo, ame nyuiwo, ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo na woawo ŋutɔ wo srɔ̃wo, bene woagaƒo nu gbegblẽ tso Mawu ƒe nya la ŋu o.  Nenema kee yi edzi nànɔ nu xlɔ̃m ɖekakpuiwo be woaɖɔ ŋu ɖo;  le nuwo katã me la, nɔ ɖokuiwò ɖem nɔ fiafiam be yenye kpɔɖeŋu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me; fia nu siwo le eteƒe, ɖo mo vevi le nuwɔna me,  na wò nuƒoƒo nanyo, si womate ŋu abu fɔ o; bene ŋu nakpe ame si tsi tsitre ɖe mía ŋu la, esi mekpɔ nya gbegblẽ aɖeke agblɔ tso mía ŋu o ta.  Kluviwo nebɔbɔ wo ɖokuiwo na woƒe aƒetɔwo le nuwo katã me, eye woadze wo ŋu nyuie, eye woagado nu ɖe wo gbɔ o, 10  woaganɔ fi fim o, ke boŋ woaɖe nuteƒewɔwɔ nyui afia bliboe, bene woaɖo atsyɔ̃ na Mawu, mía Xɔla, ƒe nufiafia la le nuwo katã me. 11  Elabena woɖe Mawu ƒe amenuveve si hea ɖeɖekpɔkpɔ vanɛ na ame ƒomeviwo katã la fia, 12  eye wòfiaa mí be míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexea me nudzodzrowo, eye be míanɔ agbe le ŋuɖɔɖo kple dzɔdzɔenyenye kpakple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu me le fifi nuɖoanyi sia me, 13  esime míele dzidzɔmɔkpɔkpɔ kple Mawu gã la kpakple mía Xɔla Kristo Yesu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖe fia la lalam, 14  ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta, bene wòaɖe mí tso sedzimawɔmawɔ ɖe sia ɖe ƒomevi me, eye wòakɔ dukɔ si nye ye ŋutɔ tɔ koŋ, si doa vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, la ŋu na eɖokui. 15  Yi edzi nànɔ nya siawo gblɔm, eye nànɔ nu xlɔ̃m ahanɔ nya gbem le gbeɖeŋusẽ si wona wò la nu. Mègana ame aɖeke nado vlo wò o.

Etenuŋɔŋlɔ