Mateo 9:1-38

9  Eya ta esi wòge ɖe tɔdziʋua me la, etso ƒu la heyi wo de.  Eye kpɔ ɖa! Wokɔ lãmetututɔ aɖe si mlɔ aba dzi la gbɔna egbɔ. Esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, egblɔ na lãmetututɔ la be: “Vinye, wò dzi nedze eme; wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke.”  Eye kpɔ ɖa! Agbalẽfialawo dometɔ aɖewo gblɔ le wo ɖokuiwo me be: “Ame sia le busunya gblɔm.”  Eye esi Yesu nya woƒe susu ta la, egblɔ be: “Nu ka tae miele nu vɔ̃ɖiwo ŋu bum le miaƒe dziwo me?  Le kpɔɖeŋu me, kae bɔbɔ wu, be woagblɔ be: Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke loo, alo be woagblɔ be: Tso nàzɔ?  Ke hã, ne mianyae be ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be wòatsɔ nu vɔ̃wo ake le anyigba dzi . . .” eya ta egblɔ na lãmetututɔa be: “Tso, tsɔ wò aba, eye nàyi aƒewò me.”  Eye wòtso hedzo yi eƒe aƒe me.  Esi amehaawo kpɔ nu sia la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ, eye wodo Mawu ɖe dzi, eya ame si tsɔ ŋusẽ sia na amegbetɔwo.  Emegbe esi Yesu dzo le afi ma va yina la, eƒe ŋku kli ŋutsu aɖe si woyɔna be Mateo wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.” Tete wòtso dze eyome. 10  Emegbe esi wònɔ kplɔ̃ ŋu le aƒea me la, kpɔ ɖa! Nudzɔla kple nu vɔ̃ wɔla gbogbo aɖewo va nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu kpakple eƒe nusrɔ̃lawo. 11  Ke esi Farisitɔwo kpɔ esia la, wote gbɔgblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nu ka tae miaƒe nufiala ɖua nu kple nudzɔlawo kpakple nu vɔ̃ wɔlawo?” 12  Esi wòsee la, egblɔ be: “Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã atikewɔla o, gake ame siwo le dɔ lém la hiãe. 13  Eya ta miyi ɖadi nya sia gɔme: ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye vɔsa o.’ Elabena menye ame dzɔdzɔewoe meva be mayɔ o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawoe.” 14  Ke Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ, eye wobiae be: “Nu ka tae mía kple Farisitɔwo míetsia nu dɔna, evɔ wò nusrɔ̃lawo ya metsia nu dɔna o?” 15  Eye Yesu gblɔ na wo be: “Zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ le exɔlɔ̃awo gbɔ la, susu aɖeke meli, si ta woaxa nu o, alo menye nenemae oa? Gake ŋkekewo li gbɔna, esime woakplɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la adzoe le wo gbɔ, ekema woatsi nu adɔ. 16  Ame aɖeke metsɔa avɔ yeye si womenya kpɔ o la ƒe nuɖeɖi tɔna ɖe awudziwui xoxo ƒe vuvu teƒe o; elabena avɔ yeyea ƒe ŋusẽ katã ana wòaho ɖa le awudziwuia ŋu, eye vuvu la awu tsãtɔ. 17  Eye womekɔa wain yeye ɖe waingolo xoxowo me o; gake ne wowɔe la, ekema waingoloawo awó, eye wain la aƒu gbe, eye waingoloawo dome agblẽ. Ke boŋ wokɔa wain yeye ɖe waingolo yeyewo me, eye woa kple eve la siaa nɔa dedie.” 18  Esi wònɔ nya siawo gblɔm na wo la, kpɔ ɖa! Amegã aɖe si va afi ma la bɔbɔ nɛ gblɔ be: “Vinyenyɔnuvi anya ku ɖaa xoxo; gake va nàda asi ɖe edzi, eye agbɔ agbe.” 19  Eye esi Yesu tso la, ekplɔe ɖo; eye eƒe nusrɔ̃lawo hã kplɔe ɖo. 20  Eye kpɔ ɖa! Nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la to emegbe va ka asi eƒe awutoga ŋu; 21  elabena enɔ gbɔgblɔm na eɖokui be: “Ne menya ka asi eƒe awudziwui ŋu ko la, mahaya.” 22  Yesu trɔ, eye esi wòkpɔe la, egblɔ nɛ be: “Vinyenyɔnu, wò dzi nedze eme, wò xɔse na nèhaya.” Eye nyɔnu la haya tso gaƒoƒo ma dzi. 23  Ke esi wòva amegã la ƒe aƒe me, eye eƒe ŋku kli dzekulawo kple ameha, si dome zitɔtɔ nɔ la, 24  Yesu de asi gbɔgblɔ me na wo be: “Midzo le afi sia, elabena nyɔnuvi sue la meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.” Tete wote ekoko fewuɖuɖutɔe. 25  Esi wonya ameha la do goe vɔ teti ko la, ege ɖe eme, eye wòlé nyɔnuvi sue la ƒe alɔnu, eye wòtsi tsitre. 26  Ale nu sia ŋu nya kaka ɖe nuto ma me godoo. 27  Esi Yesu dzo le afi ma va yina la, ŋkuagbãtɔ eve kplɔe ɖo, eye wonɔ ɣli dom nɔ gbɔgblɔm be: “David Vi, kpɔ nublanui na mí.” 28  Esi Yesu yi ɖe aƒea me la, ŋkuagbãtɔawo va egbɔ, eye wòbia wo be: “Miexɔe se be mate ŋu awɔ nu sia?” Woɖo eŋu nɛ be: “Ɛ̃, Aƒetɔ.” 29  Eye wòka asi woƒe ŋkuwo ŋu gblɔ be: “Neva eme na mi le miaƒe xɔse la nu.” 30  Eye woƒe ŋkuwo kpɔ nu. Yesu de se na wo vevie hã be: “Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke naganya o.” 31  Gake woawo la, esi wodo go la, wona eŋkɔ ɖi hoo le nuto ma katã me. 32  Esi wonɔ dzodzom la, kpɔ ɖa! Amewo kplɔ mumu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le la va egbɔ; 33  eye esi wònya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe vɔ la, mumu la ƒo nu. Eye amehaawo ƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ be: “Míekpɔ nu sia tɔgbi le Israel kpɔ o.” 34  Gake Farisitɔwo de asi gbɔgblɔ me be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia dzie wòtona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.” 35  Eye Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me, nɔ nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo henɔ gbeƒã ɖem fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la, eye wònɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi kple lãmegbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi dam. 36  Esi wòkpɔ amehaawo la, woƒe nu wɔ nublanui nɛ, elabena wowɔ fu wo, eye woka hlẽ abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene. 37  Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nyateƒee, nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo ya mesɔ gbɔ o. 38  Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be, wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”

Etenuŋɔŋlɔ