Mateo 6:1-34

6  “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be miagaɖe miaƒe dzɔdzɔenyenye afia le amewo ŋkume bene woakpɔ mi o; ne menye nenema o la, fetu aɖeke manɔ anyi na mi le mia Fofo si le dziƒowo la gbɔ o.  Eya ta ne èkpɔ nublanui na ame dahewo hele nu nam wo la, mègana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna le ƒuƒoƒewo kple ablɔwo dzi, bene amewo nado wo ɖe dzi la ene o. Vavã mele egblɔm na mi be: Wole woƒe fetu blibo la xɔm xoxo.  Ke wò la, ne èkpɔ nublanui na ame dahewo le nu nam wo la, mègana wò miasi nanya nu si wɔm wò ɖusi le o,  bene wò nunana la nanɔ ɣaɣla; ekema Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, aɖo eteƒe na wò.  “Nenema kee ne miele gbe dom ɖa la, mele be mianɔ abe alakpanuwɔlawo ene o; elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔ gãwo ƒe dzogoewo dzi, bene amewo nakpɔ yewo. Vavã mele egblɔm na mi be: Wole woƒe fetu blibo la xɔm xoxo.  Ke wò la, ne èle gbe dom ɖa la, yi xɔwò me, eye ne ètu ʋɔa vɔ la, do gbe ɖa na Fofowò si le ɣaɣlaƒe la; ekema Fofowò si kpɔa nu le ɣaɣlaƒe la aɖo eteƒe na wò.  Gake ne miele gbe dom ɖa la, miganɔ nya ɖeka mawo ke gbɔgblɔ dzi, abe ale si dukɔwo me tɔwo wɔna ene o, elabena wosusuna be, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ta la, woaɖo to yewo.  Eya ta migawɔ mia ɖokui abe woawo ene o, elabena Mawu, mia Fofo la, nya nu siwo le mia hiãm hafi mieva bianɛ gɔ̃ hã.  “Eya ta miawo mido gbe ɖa ale: “‘Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. 10  Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã. 11  Na míaƒe abolo si asu mía nu egbe la mí; 12  eye tsɔ míaƒe fewo ke mí, abe ale si míawo hã míetsɔ ke ame siwo nyi fe le mía ŋu ene. 13  Eye mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke boŋ ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.’ 14  “Elabena ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo la, mia Fofo si le dziƒo hã atsɔ ake mi; 15  gake ne mietsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o. 16  “Ne miele nu tsim le dɔdɔm la, midzudzɔ nublanuimoɖoɖo abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene, elabena womedzraa woƒe mo ɖo o, bene amewo nakpɔ be yewole nu tsim le dɔdɔm. Vavã mele egblɔm na mi be: Wole woƒe fetu blibo la xɔm xoxo. 17  Ke wò la, ne èle nu tsim le dɔdɔm la, de ami ɖa me, eye nàfu mo, 18  bene amewo nagakpɔe be èle nu tsim le dɔdɔm o, negbe Fofowò si le ɣaɣlaƒe la ko; ekema Fofowò si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la aɖo eteƒe na wò. 19  “Midzudzɔ nu xɔasiwo nu ƒoƒoƒu na mia ɖokui ɖe anyigba dzi, afi si agbagblaʋui kple ɣebia gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia fi le. 20  Ke boŋ miƒo nu xɔasiwo nu ƒu na mia ɖokui ɖe dziƒo, afi si agbagblaʋui alo ɣebia megblẽa nu le o, eye fiafitɔwo medzea kpɔ va fia fi le o. 21  Elabena afi si wò nu xɔasiwo le la, afi mae wò dzi hã anɔ. 22  “Ameti la ƒe akaɖi ye nye ŋku. Eya ta ne wò ŋku nɔa nu ɖeka ŋu la, ekema wò ameti blibo la katã me akɔ; 23  gake ne ŋku vɔ̃ɖi le asiwò la, wò ameti blibo la katã me ado viviti. Ke ne kekeli si le mewò la nye viviti la, ekema viviti tsiɖitsiɖi ka gbegbee nye esi wòanye! 24  “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o; elabena alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo alé ɖe ɖeka ŋu, eye mabu evelia ɖe naneke me o. Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o. 25  “Esia tae mele egblɔm na mi be: Midzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe miaƒe luʋɔwo ŋu le nu si miaɖu alo nu si miano ŋuti, alo le miaƒe ŋutilãwo ŋu le nu si miado ŋuti. Ðe luʋɔ la mewu nuɖuɖu, eye ŋutilã la wu nudodo oa? 26  Milé ŋku ɖe dziƒoxewo ŋu nyuie, elabena womeƒãa nu alo ŋea nu, alo ƒoa nuwo nu ƒu ɖe nudzraɖoƒewo o; ke hã, mia Fofo si le dziƒo la nyia wo. Ðe miexɔ asi sãsãsã wu wo oa? 27  Mia dometɔ kae ate ŋu atsɔ abɔklugui ɖeka ƒe didime akpe eƒe agbenɔƒe le dzimaɖitsitsi ta? 28  Eye nu ka tae mietsi dzimaɖi le nudodo hã ŋuti ɖo? Misrɔ̃ nu tso dzogbenya siwo le gbedadaƒo gbɔ, ale si wole tsitsimee; womekpea fu alo trea ɖeti o; 29  gake mele egblɔm na mi be Salomo gɔ̃ hã, le eƒe ŋutikɔkɔe la katã me la, meɖo atsyɔ̃ de esiawo dometɔ ɖeka nu o. 30  Ke ne Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe me numiemie si li egbe, eye etsɔ ko woatsɔe aƒu gbe ɖe dzokpo me nenema la, ɖe maɖo atsyɔ̃ na miawo ya geɖe wu oa, mi xɔse ʋɛ tɔwo? 31  Eya ta migatsi dzimaɖi gbeɖe agblɔ be, ‘Nu kae míaɖu?’ alo ‘Nu kae míano?’ alo ‘Nu kae míado?’ o. 32  Elabena nu siawo katã nye nu siwo yome dukɔwo nɔna vevie. Elabena mia Fofo si le dziƒo la nyae be miehiã nu siawo katã. 33  “Eya ta miyi edzi mianɔ fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã, eye woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi. 34  Eya ta migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple ye ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.

Etenuŋɔŋlɔ