Mateo 26:1-75
26 Azɔ esi Yesu wu nya siawo katã gbɔgblɔ nu vɔ la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be:
2 “Mienya be esusɔ ŋkeke eve ne ŋutitoto la naɖo, eye woade Amegbetɔvi la asi be woahee ɖe ati ŋu.”
3 Eye nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dukɔa ƒe amegãwo ƒo ƒu ɖe nunɔlagã si woyɔna be Kayafa ƒe aƒe me,
4 eye wode adaŋu be yewoato ayemɔ aɖe dzi alé Yesu, ne yewoawui.
5 Ke hã, wogblɔ enuenu be: “Menye le ŋkekenyuia ɖuɣi o, ne zi nagatɔ le ameawo dome o.”
6 Esi Yesu nɔ Betania, le Simon kpodɔlélaa ƒe aƒe me la,
7 nyɔnu aɖe si si alabastrogoe, si me ami ʋeʋĩ xɔasi aɖe le la, va egbɔ, eye wòte ekɔkɔ ɖe eƒe tame, esime wònɔ kplɔ̃ ŋu.
8 Esi nusrɔ̃lawo kpɔ esia la, wodo dziku gblɔ be: “Nudomegbegblẽ sia gɔme ɖe?
9 Elabena woate ŋu adzrae ga gbogbo aɖe, eye woatsɔe ana ame dahewo.”
10 Esi Yesu nya esia la, egblɔ na wo be: “Nu ka tae miebe yewoaɖe fu na nyɔnua? Nu nyui aɖee wòwɔ nam.
11 Elabena ame dahewo le mia gbɔ ɣesiaɣi, gake nye ya nyemanɔ mia gbɔ ɣesiaɣi o.
12 Elabena esi nyɔnu sia si ami ʋeʋĩ sia na nye ŋutilã la, edzram ɖo hena nye ɖiɖi.
13 Vavã mele egblɔm na mi be: Afi sia afi si woaɖe gbeƒã nya nyui sia le le xexe blibo la katã me la, woagblɔ nu si nyɔnu sia wɔ la hã, atsɔ anɔ ŋku ɖom edzi.”
14 Eye ame wuieveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yuda Iskariot la yi nunɔlawo ƒe tatɔwo gbɔ,
15 va gblɔ be: “Nu kae mianam, ne madee asi na mi?” Woɖoe be yewoana klosalo blaetɔ̃e.
16 Eya ta tso ɣemaɣi la, eyi edzi nɔ mɔ nyui si dzi wòato adee asi la dim.
17 Le abolo maʋãmaʋã ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be: “Afi kae nèdi be míava dzra ɖo na wò be nàɖu ŋutitoto la le?”
18 Egblɔ be: “Miyi ɖe dua me le Asimasi gbɔ, eye migblɔ nɛ be: Nufiala be, ‘Nye ɣeyiɣi ɖoɖi la gogo; maɖu ŋutitoto la kple nye nusrɔ̃lawo le aƒewò me.’”
19 Eye nusrɔ̃lawo wɔe abe ale si Yesu de se na woe ene, eye wodzra nuwo ɖo hena ŋutitoto la.
20 Ke esi fiẽsi ɖo la, ebɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋu kple nusrɔ̃la wuieveawo.
21 Esi wonɔ nua ɖum la, egblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi be: Mia dometɔ ɖeka adem asi.”
22 Esi nya sia te ɖe wo dzi ŋutɔ ta la, wo dometɔ ɖe sia ɖe te ebiabia be: “Aƒetɔ, menye nyee o ɖe, alo?”
23 Eɖo eŋu gblɔ be: “Ame si le asi dem agba me kplim lae nye ame si adem asi.
24 Nyateƒee, Amegbetɔvi la dzo yina, abe ale si woŋlɔe ɖi le eŋuti ene, gake baba na ame ma, si dzi woto de Amegbetɔvi la asi! Anyo nɛ wu ne ɖe womegaxae dzi o.”
25 Yuda, ame si le ede ge asi kpuie la, ɖo eŋu gblɔ be: “Rabi, menye nyee o ɖe, alo?” Egblɔ nɛ be: “Wò ŋutɔe gblɔe.”
26 Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖeka, eye esi wòyra ɖe edzi vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na nusrɔ̃lawo gblɔ be: “Mixɔe, miɖui. Esia tsi tsitre ɖi na nye ŋutilã.”
27 Etsɔ kplu hã, eye esi wòda akpe vɔ la, etsɔe na wo gblɔ be: “Mi katã minoe le enu;
28 elabena esia tsi tsitre ɖi na nye ‘nubabla ƒe ʋu,’ si woakɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta hena nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke.
29 Gake mele egblɔm na mi be: Tso fifia dzi yina la, nyemegale waintsetse sia me tsi no ge akpɔ o va se ɖe ŋkeke ma dzi, esime mía kpli mi míanoe yeyee le Fofonye ƒe fiaɖuƒe la me.”
30 Mlɔeba esi wodzi kafukafuhawo vɔ la, wodo go yi Amito la dzi.
31 Eye Yesu gblɔ na wo be: “Mi katã miakli nu le tanye le zã sia me, elabena woŋlɔe ɖi be, ‘Mada nu alẽkplɔla la, eye alẽ siwo le alẽha la me la aka ahlẽ.’
32 Gake ne wofɔm ɖe tsitre megbe la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea.”
33 Gake Petro ɖo eŋu gblɔ nɛ be: “Togbɔ be ame susɔeawo katã akli nu le tawò hã la, nye ya nyemakli nu akpɔ o!”
34 Yesu gblɔ nɛ be: “Vavã mele egblɔm na wò be: Zã sia me, hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”
35 Petro gblɔ nɛ be: “Ne anɔ nam be maku kpli wò hã la, nyemagbe nu le gbɔwò akpɔ o.” Nusrɔ̃la bubuawo katã hã gblɔ nenema ke.
36 Eye Yesu kple nusrɔ̃lawo va teƒe aɖe si woyɔna be Getsemane, eye wògblɔ na wo be: “Minɔ anyi ɖe afi sia, ne mayi afi mɛ aɖado gbe ɖa.”
37 Eye wòkplɔ Petro kple Zebedeo ƒe vi eveawo ɖe asi, eye wòde asi nuxaxa me henɔ dzodzom nyanyanya.
38 Eye wògblɔ na wo be: “Nye luʋɔ le nu xam vevie, va se ɖe keke ku me ke. Minɔ afi sia, eye minɔ ŋudzɔ kplim.”
39 Eye esi wòte yi ŋgɔ vie la, etsyɔ mo anyi henɔ gbe dom ɖa gblɔ be: “Fofonye, ne anya wɔ la, na kplu sia nato ŋunye ayi. Ke hã, menye abe ale si medi ene o, ke boŋ abe ale si nèdi ene.”
40 Eye wòva nusrɔ̃lawo gbɔ hekpɔ be wonɔ alɔ̃ dɔm, eye wògblɔ na Petro be: “Ðe miate ŋu anɔ ŋudzɔ kplim wòade gaƒoƒo ɖeka teti oa?
41 Minɔ ŋudzɔ, eye minɔ gbedodoɖa dzi, be miagage ɖe tetekpɔ me o. Nyateƒee, gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.”
42 Eye wògadzo zi evelia yi ɖado gbe ɖa, gblɔ be: “Fofonye, ne manya wɔ be kplu sia nato ŋunye ayi o, ke ɖeko manoe la, na wò lɔlɔ̃nu nava eme.”
43 Eye wògava hekpɔ wo wonɔ alɔ̃ dɔm, elabena alɔ̃ bla ŋku na wo.
44 Eye wògadzo le wo gbɔ ake yi ɖado gbe ɖa zi etɔ̃lia gblɔ nya ma ke.
45 Eye wòva nusrɔ̃lawo gbɔ hegblɔ na wo be: “Ɣeyiɣi sia mee mianɔ alɔ̃ dɔm ahanɔ ɖiɖim ɖe emea? Kpɔ ɖa! Gaƒoƒo la gogo be woatsɔ Amegbetɔvi la ade asi na nu vɔ̃ wɔlawo.
46 Mitso, mina mídzo. Kpɔ ɖa! Ame si dem asi la gogo.”
47 Eye esi wòganɔ nuƒoƒo dzi la, kpɔ ɖa! Yuda, ame wuieveawo dometɔ ɖeka, va ɖo, eye ameha gã aɖe siwo lé yiwo kple kpowo ɖe asi tso nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo gbɔ la kplɔe ɖo.
48 Ke ame si dee asi la ɖo dzesi aɖe ɖi na wo be: “Ame si magbugbɔ nu na la, eyae; milée.”
49 Eye wòzɔ yi Yesu gbɔ tẽe gblɔ be: “Medo gbe na wò, Rabi!” Eye wògbugbɔ nu nɛ.
50 Gake Yesu gblɔ nɛ be: “Xɔ̃, nu ka tae nèva ɖo?” Tete wote va, dze Yesu dzi, eye wolée.
51 Gake kpɔ ɖa! Ame siwo nɔ Yesu ŋu la dometɔ ɖeka do asi ɖa ɖe eƒe yi, eye wòda nu nunɔlagã ƒe kluvi, eye wòkpa to nɛ.
52 Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe, elabena ame siwo katã tsɔa yi la, yi nue woatsi.
53 Alo èsusu be, nyemate ŋu aɖe kuku na Fofonye be wòaɖo mawudɔlawo ƒe aʋakɔ wuieve kple edzivɔ ɖem fifi laa oa?
54 Gake ne eyi nenema ɖe, ke aleke Ŋɔŋlɔ siwo gblɔe ɖi be ele be wòadzɔ alea la awɔ ava eme?”
55 Le gaƒoƒo ma me la, Yesu gblɔ na amehaawo be: “Yiwo kple kpowoe mietsɔ do go be miava lém abe adzodala enea? Menɔa anyi ɖe gbedoxɔa me tso ŋkeke yi ŋkeke nɔa nu fiam, gake mielém kpɔ o.
56 Ke hã, nu siawo katã dzɔ, be nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawo nava eme.” Eye nusrɔ̃lawo katã gblẽe ɖi hesi dzo.
57 Ame siwo lé Yesu la kplɔe yi nunɔlagã Kayafa gbɔ, afi si agbalẽfialawo kple amegãwo ƒo ƒu ɖo.
58 Gake Petro nɔ adzɔge ɖaa le eyome, eye wòkplɔe ɖo va keke nunɔlagã ƒe aƒea me ke; eye esi wòge ɖe eme vɔ la, enɔ anyi ɖe aƒemesubɔviawo gbɔ be yeakpɔ nu si ava do tso eme ɖa.
59 Ɣemaɣi la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Sanhedrin blibo la nɔ ame siwo aɖi aʋatsoɖase tso Yesu ŋu la dim, ne woawui,
60 gake womekpɔ ɖeke o, togbɔ be aʋatsoɖasefo geɖewo va hã. Emegbe ame eve va
61 gblɔ be: “Ŋutsu sia gblɔ be: ‘Mate ŋu amu Mawu ƒe gbedoxɔ la aƒu anyi agagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ me.’”
62 Ale nunɔlagã la tso hebiae be: “Mèle nya aɖeke ŋu ɖo ge oa? Nutsotso kawoe nye esiawo nam wole ɖe ŋuwò?”
63 Gake Yesu zi kpi. Eya ta nunɔlagã la gblɔ nɛ be: “Ta Mawu gbagbe la nam be yeato nyateƒe na mí, eye ne wòe nye Kristo la, Mawu ƒe Via la, ekema gblɔe na mí!”
64 Yesu gblɔ nɛ be: “Wò ŋutɔe gblɔe. Ke hã, mele egblɔm na mi be: Tso fifia dzi yina la, miakpɔ Amegbetɔvi la wòabɔbɔ anɔ anyi ɖe ŋusẽ ƒe ɖusi me, eye wòanɔ dziƒolilikpowo dzi gbɔna.”
65 Tete nunɔlagã la dze eƒe awudziwuiwo hegblɔ be: “Egblɔ busunya! Ðe ɖasefo bubuwo gahiã mía? Kpɔ ɖa! Miese busunya la azɔ.
66 Nu kae nye miaƒe susu?” Woɖo eŋu nɛ gblɔ be: “Edze ku.”
67 Eye woɖe ta ɖe mo nɛ hetu kɔe. Ame bubuwo ƒo tome nɛ,
68 gblɔ be: “Wò, Kristo, ɖee fia mí be nyagblɔɖilae yenye. Gblɔe na mí, ame kae ƒo wò?”
69 Ke Petro nɔ anyi ɖe xexe le aƒea me, eye dɔlanyɔnuvi aɖe va gblɔ nɛ be: “Wò hã enɔ Yesu Galileatɔ la ŋu!”
70 Gake egbe le wo katã ŋkume gblɔ be: “Nyemenya nya si gblɔm nèle o.”
71 Esi wòdo go yi agboa nu la, nyɔnuvi bubu kpɔe, eye wògblɔ na ame siwo nɔ afi ma la be: “Ŋutsu sia nɔ Yesu Nazaretetɔ la ŋu.”
72 Egagbe ake heka atam gblɔ be: “Nyemenya ŋutsu la o!”
73 Ɣeyiɣi ʋɛ aɖe megbe la, ame siwo tsi tsitre ɖe afi ma la va gblɔ na Petro be: “Nyateƒee, wo dometɔ ɖekae wò hã nènye, wò nuƒoƒo kura gɔ̃ hã ɖe ha wò.”
74 Tete wòte fiƒodenyawo gbɔgblɔ heta nu be: “Mebe nyemenya ŋutsu ma o!” Kasia koklo ku atɔ.
75 Eye Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ la dzi be: “Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Eye wòdo go yi xexe hefa avi vevie.