Mateo 25:1-46

25  “Ekema dziƒofiaɖuƒe la anɔ abe ɖetugbui ewo, siwo menya ŋutsu o, siwo tsɔ woƒe akaɖiwo hedo go yi be yewoaɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃ la ene.  Wo dometɔ atɔ̃ nye bometsilawo, eye atɔ̃ nye aɖaŋudzelawo.  Elabena bometsilaawo tsɔ woƒe akaɖiwo, gake wometsɔ ami kpe ɖe wo ŋu o,  gake aɖaŋudzelaawo ya tsɔ ami ɖe woƒe goewo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋu.  Esi ŋugbetɔsrɔ̃ la menɔ vavam kaba o ta la, wo katã wodɔ akɔlɔ̃e heto eme dɔ alɔ̃.  Le zã titina tututu la, ɣli ɖi be, ‘Ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo loo! Mido go yi ɖakpee!’  Ale ɖetugbui mawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiwo ɖo.  Bometsilaawo gblɔ na aɖaŋudzelaawo be, ‘Mina miaƒe ami la ƒe ɖe mí, elabena míaƒe akaɖiwo le tsitsim.’  Aɖaŋudzelaawo ɖo eŋu na wo be: ‘Ðewohĩ masu na mía kple miawo siaa o. Miyi ame siwo le edzram la gbɔ boŋ, ne miadze ɖe na mia ɖokui.’ 10  Esi woyina edze ge la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va ɖo, eye ɖetugbui siwo nɔ dzadzraɖoɖi la yi srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea kplii; eye wotu ʋɔtru la. 11  Emegbe ɖetugbui susɔeawo hã va, eye wogblɔ be, ‘Aƒetɔ, aƒetɔ, ʋui na mí!’ 12  Eɖo eŋu na wo be, ‘Nyateƒe tom mele na mi: Nyemenya mi o.’ 13  “Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o. 14  “Elabena ele ko abe ɣeyiɣi si me ŋutsu aɖe le mɔ zɔ ge ayi duta, eye wòyɔ eƒe kluviwo hetsɔ eƒe nuwo de asi na wo la ene. 15  Eye wòtsɔ talento atɔ̃ na ame ɖeka, eve na ame bubu, eye wòtsɔ ɖeka na ame bubu hã, wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe ŋutete nu, eye wòzɔ mɔ yi duta. 16  Enumake ame si xɔ talento atɔ̃ la yi ɖatsa asi kplii, eye wòkpɔ talento atɔ̃ bubu ɖe edzi. 17  Nenema kee ame si xɔ eve hã kpɔ eve bubu ɖe edzi. 18  Gake ame si xɔ ɖeka pɛ ko ya dzo yi ɖaɖe do, eye wòtsɔ eƒe aƒetɔ la ƒe klosaloga la ɣla ɖe eme. 19  “Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, kluvi mawo ƒe aƒetɔ gbɔ, eye wòwɔ akɔnta kpli wo. 20  Eya ta ame si xɔ talento atɔ̃ la te va, eye wòtsɔ talento atɔ̃ bubu vae hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, talento atɔ̃e nètsɔ de asinye; kpɔ ɖa, mekpɔ talento atɔ̃ bubu ɖe edzi.’ 21  Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ be: ‘Kluvi nyui kple nyateƒetɔ, wòe wɔ dɔ kakaka! Èwɔ nu nyateƒetɔe le nu ʋɛ aɖewo me. Matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu. Ge ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me.’ 22  Eye ame si xɔ talento eve la hã te va hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, talento evee nètsɔ de asinye; kpɔ ɖa, mekpɔ talento eve bubu ɖe edzi.’ 23  Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ be, ‘Kluvi nyui kple nyateƒetɔ, wòe wɔ dɔ kakaka! Èwɔ nu nyateƒetɔe le nu ʋɛ aɖewo me. Matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu. Ge ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me.’ 24  “Mlɔeba la, ame si xɔ talento ɖeka la te va hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, menya be wò nya me sẽ, èŋea nu le afi si mèƒã nu le o, eye nèƒoa nu nu ƒu le afi si mègbɔ nu le o. 25  Eya ta mevɔ̃, eye meyi ɖaɣla wò talento la ɖe to me. Wò nu lae nye esi.’ 26  Eƒe aƒetɔa ɖo eŋu nɛ be, ‘Kluvi vɔ̃ɖi, kuviatɔ, ènya be meŋea nu le afi si nyemeƒã nu le o, eye be meƒoa nu nu ƒu le afi si nyemegbɔ nu le o, menye nenema gblɔm nèle oa? 27  Ekema ɖe wòle be nàtsɔ nye ga la ada ɖe gasitsalawo gbɔ, ale be ne metrɔ gbɔ la, maxɔ nye nu kple eŋuti viɖe. 28  “‘Eya ta mixɔ talento la le esi, eye mitsɔe na ame si si talento ewo le la. 29  Elabena ame si si nu le la, woagana geɖee akpee, eye wòasɔ gbɔ ɖe edzi nɛ; gake ame si si nu mele o la, woaxɔ nu si le esi la kura gɔ̃ hã le esi. 30  Eye mitsɔ kluvi, si ŋu viɖe aɖeke mele o la ƒu gbe ɖe viviti me le xexe. Afi mae eƒe avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.’ 31  “Ne Amegbetɔvi la va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye mawudɔlawo katã kpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ anɔ anyi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe fiazikpui la dzi. 32  Eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eŋkume, eye wòama amewo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si ko alẽkplɔla maa alẽwo me tso gbɔ̃wo gbɔe ene. 33  Eye wòatsɔ alẽawo aɖo eƒe ɖusi me, gake atsɔ gbɔ̃awo ya aɖo eƒe mia me. 34  “Ekema fia la agblɔ na ame siwo le eƒe ɖusi me la be: ‘Miva, mi ame siwo Fofonye yra, minyi fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi la dome. 35  Elabena dɔ wum, eye miena num meɖu; tsikɔ wum, eye miena tsim meno. Menye amedzro, eye miexɔm nyuie; 36  menɔ amama, eye miedo awu nam. Medze dɔ, eye mielé be nam. Menɔ gaxɔ me, eye mieva gbɔnye.’ 37  Ekema ame dzɔdzɔeawo aɖo eŋu agblɔ nɛ be, ‘Aƒetɔ, ɣekaɣie míekpɔ be dɔ nɔ wuwòm, eye míena nuɖuɖu wò, alo tsikɔ nɔ wuwòm, eye míena tsi wò nèno? 38  Ɣekaɣie míekpɔ be nènye amedzro, eye míexɔ wò nyuie, alo nènɔ amama, eye míedo awu na wò? 39  Ɣekaɣie míekpɔ be nèdze dɔ, alo nènɔ gaxɔ me, eye míeva gbɔwò?’ 40  Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo be, ‘Vavã mele egblɔm na mi be: Zi ale si miewɔe na nɔvinye suetɔ siawo dometɔ ɖeka ko la, nyee miewɔe na.’ 41  “Ekema agblɔ na ame siwo le eƒe mia me hã be, ‘Mite ɖa xaa tso gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de, ne miayi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo, la me. 42  Elabena dɔ wum, gake miena num meɖu o, eye tsikɔ wum, gake miena tsim meno o. 43  Menye amedzro, gake miexɔm nyuie o; menɔ amama, gake miedo awu nam o; medze dɔ, eye menɔ gaxɔ me, gake mielé be nam o.’ 44  Ekema woawo hã woaɖo eŋu agblɔ be, ‘Aƒetɔ, ɣekaɣie míekpɔ be dɔ nɔ wuwòm, alo tsikɔ nɔ wuwòm, alo nènye amedzro, alo nènɔ amama, alo be nèdze dɔ, alo be nènɔ gaxɔ me, eye míesubɔ wò o?’ 45  Ekema aɖo eŋu agblɔ na wo be, ‘Vavã mele egblɔm na mi be: Zi ale si mienya wɔe na ame siawo dometɔ suetɔ ɖeka o ko la, miewɔe nam o.’ 46  Eye ame siawo ayi ɖe ɖeɖeɖa mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo ya ayi ɖe agbe mavɔ la me.”

Etenuŋɔŋlɔ