Mateo 24:1-51
24 Azɔ Yesu do le gbedoxɔa me dzo yina, ke eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ, be yewoafia gbedoxɔa ƒe xɔawoe.
2 Eɖo eŋu na wo gblɔ be: “Miele nu siawo katã kpɔm oa? Vavã mele egblɔm na mi be: Womele kpe aɖeke gblẽ ge ɖe kpe dzi le afi sia, si womamu aƒu anyi o.”
3 Esi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Amitoa dzi la, nusrɔ̃lawo ɖeɖe va egbɔ va biae be: “Gblɔe na mí: Ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?”
4 Eye Yesu ɖo eŋu na wo gblɔ be: “Mikpɔ nyuie, be ame aɖeke nagakplɔ mi atrae o;
5 elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ me agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la,’ eye woakplɔ ame geɖewo atrae.
6 Miegbɔna aʋawɔwɔwo kple aʋawɔwɔwo ŋuti nyawo se ge; mikpɔ egbɔ be dzika nagatso mia ƒo o. Elabena ele be nu siawo nava eme, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.
7 “Elabena dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu, nuɖuɖu ave, eye anyigba aʋuʋu, le teƒeteƒewo.
8 Nu siawo katã nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.
9 “Ekema amewo ade mi asi na fukpekpe eye woawu mi, eye dukɔwo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta.
10 Azɔ hã, woana ame geɖewo nakli nu, eye woade wo nɔewo asi, eye woalé fu wo nɔewo.
11 Eye aʋatsonyagblɔɖila geɖewo atsi tsitre, eye woakplɔ ame geɖewo atrae;
12 eye le sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi ta la, ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ ayi to.
13 Gake ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.
14 Eye woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.
15 “Eya ta ne miaƒe ŋku kli ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu avae, abe ale si wogblɔe to nyagblɔɖila Daniel dzi ene, wòtsi tsitre ɖe kɔkɔeƒe la, (nuxlẽla nebu eŋu ne wòase egɔme)
16 ekema ame siwo le Yudea nate sisi ayi towo dzi.
17 Ame si le xɔ ta la nagaɖi be yeatsɔ nuwo le yeƒe aƒe me o;
18 eye ame si le agble la nagatrɔ agbɔ va aƒe me, be yeatsɔ yeƒe awudziwui o.
19 Baba na nyɔnu funɔwo kple ame siwo le no nam vidzĩ le ŋkeke mawo me!
20 Miyi edzi mianɔ gbe dom ɖa, bene miaƒe sisi la nagadze vuvɔŋɔli alo sabat ŋkeke dzi o;
21 elabena ɣemaɣi la, xaxa gã ava, si tɔgbi meva kpɔ o, ao, meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magava ake o.
22 Le nyateƒe me la, ne wometso ŋkeke mawo dzi o la, ŋutilã aɖeke makpɔ ɖeɖe o; gake le ame tiatiawo ta la, woatso ŋkeke mawo dzi.
23 “Ekema ne ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Kpɔ ɖa! Kristo la le afii,’ alo ‘Ele afi mɛ ɖaa!’ la, migaxɔe se o.
24 Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tsitre, eye woawɔ dzesi gãwo kple nukunuwo be woakplɔ amewo atrae, ne anya wɔ la, ame tiatiawo kura gɔ̃ hã.
25 Kpɔ ɖa! Mexlɔ̃ nu mi do ŋgɔ.
26 Eya ta ne amewo gblɔ na mi be, ‘Kpɔ ɖa! Ele gbedadaƒo’ la, migado go yi o; ‘Kpɔ ɖa! Ele xɔgã me,’ migaxɔe se o.
27 Elabena abe ale si ko dzi kea dzo tso ɣedzeƒekpa dzi, eye wòklẽna ɖe ɣetoɖoƒekpa dzi ene la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔnɔ hã anɔ.
28 Afi sia afi si nu kuku le la, afi mae hɔ̃wo aƒo ƒu ɖo.
29 “Le ŋkeke mawo ƒe xaxa la megbe teti ko la, ɣe ado viviti, eye ɣleti mana eƒe kekeli o, eye ɣletiviwo age tso dziƒo, eye woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo.
30 Eye ekema Amegbetɔvi la ƒe dzesi adze le dziƒo, eye ekema anyigba dzi ƒomewo katã aƒo akɔta le konyifafa ta, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã.
31 Eye wòadɔ eƒe dɔlawo ɖa kple kpẽ ƒe ɖiɖi gã aɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒowo ƒe go ɖeka dzi va se ɖe woƒe go kemɛ dzi.
32 “Azɔ misrɔ̃ nu sia tso gboti ƒe kpɔɖeŋu me: Ne eƒe alɔ fẽa tsi, eye wònya to aŋgbawo ko la, mienyana be dzomeŋɔli gogo.
33 Nenema kee miawo hã, ne miekpɔ nu siawo katã la, minyae be egogo, le ʋɔtruawo nu.
34 Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.
35 Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo ya nu mayi akpɔ o.
36 “Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o, mawudɔla siwo le dziƒo la menyae o, eye Vi la hã menyae o, negbe Fofo la ko.
37 Elabena ale si Noa ƒe ŋkekeawo nɔ la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔnɔ la hã anɔ.
38 Elabena ale si wowɔ le ŋkeke mawo me do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔa, wonɔ nu ɖum, nɔ nu nom, ŋutsuwo nɔ srɔ̃ ɖem, eye wonɔ nyɔnuwo tsɔm na be woaɖe, va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋu la me,
39 eye wometsɔ ɖeke le eme o, va se ɖe esime tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã yii la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔnɔ hã anɔ.
40 Ekema ŋutsu eve woanɔ agble me: woakplɔ ɖeka, gake woagblẽ evelia ɖi;
41 nyɔnu eve anɔ nu tum le té dzi; woakplɔ ɖeka, gake woagblẽ evelia ɖi.
42 Eya ta minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke si dzi miaƒe Aƒetɔ la ava o.
43 “Gake nu ɖeka nenɔ nyanya na mi, be ne ɖe aƒetɔ la anya ŋudzɔɣi si dzi fiafitɔ ava la, anye ne enɔ ŋudzɔ, eye maɖe mɔ nɛ be wòadze kpɔ age ɖe eƒe aƒe me o.
44 Esia ta miawo hã miɖee fia be yewole dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la gbɔna le gaƒoƒo si miesusu be eya dzie wòava o la dzi.
45 “Ame ka tututue nye kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ ɖo eƒe aƒemesubɔviwo nu, be wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi?
46 Dzidzɔtɔe kluvi ma anye ne eƒe aƒetɔ trɔ gbɔ va kpɔe be ele ewɔm nenema!
47 Vavã mele egblɔm na mi be: Atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu.
48 “Gake ne kluvi vɔ̃ɖi la agblɔ le eƒe dzi me be, ‘Nye aƒetɔ mele gbɔgbɔm kaba o,’
49 eye wòade asi ehati kluviwo ƒoƒo me, eye wòanɔ nu ɖum anɔ nu nom kple ahanoxewo la,
50 kluvi ma ƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si dzi mele mɔ kpɔm o kple gaƒoƒo si menya o la dzi,
51 eye wòahe to nɛ vevie, eye wòana gomee kpe ɖe alakpanuwɔlawo ŋu. Afi mae eƒe avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.