Mateo 23:1-39
23 Eye Yesu ƒo nu na amehaawo kple eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be:
2 “Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo bɔbɔ nɔ anyi ɖe Mose ƒe zikpui dzi.
3 Eya ta nu sia nu si wogblɔna na mi la, miwɔe, eye mialé wo me ɖe asi, gake migawɔ nu abe ale si wowɔa nui ene o, elabena wogblɔnɛ, gake womewɔa edzi o.
4 Woblaa agba kpekpewo tsɔna dana ɖe amewo ƒe abɔta, gake woawo ŋutɔwo medina be yewoatsɔ yewoƒe asibide ɖeka gɔ̃ hã aka wo ŋu o.
5 Dɔ siwo katã wowɔna la, wowɔnɛ be amewo nakpɔ yewo; elabena wowɔa nugoe siwo me ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo le la wòkekena, eye wònɔa wo ŋu be woakpɔ yewo ta, eye wowɔa woƒe awutogawo wokekena.
6 Wolɔ̃a bubunɔƒenɔnɔ le fiẽnuɖuƒewo kple ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le ƒuƒoƒewo,
7 kple gbedonamewo le asiwo me, eye be amewo nayɔ yewo be Rabi.
8 Ke miawo la, migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, gake mi katã la, nɔviwoe mienye.
9 Gawu la, migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi o, elabena ame ɖekae nye mia Fofo, Ame si le dziƒo.
10 Eye womegayɔ mi be ‘kplɔlawo’ hã o, elabena ame ɖekae nye miaƒe Kplɔla, Kristo la.
11 Gake ele be ame si nye gãtɔ le mia dome la nanye miaƒe subɔla.
12 Ame sia ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame sia ame si bɔbɔa eɖokui la, woadoe ɖe dzi.
13 “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye ame siwo le mɔ dzi yina ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be woayi ɖe eme o.
14 * ——
15 “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena miezɔa mɔ to ƒu kple anyigba ƒuƒui dzi be miatrɔ trɔ̃subɔla ɖeka wòazu Yudatɔ, eye ne ezui la, miewɔnɛ wòdzena na Gehena* yiyi wu mia ŋutɔwo zi gbɔ zi eve.
16 “Baba na mi, mɔfiala ŋkuagbãtɔwo, mi ame siwo gblɔna be, ‘Ne ame aɖe ta gbedoxɔa la, menye naneke o; gake ne ame aɖe ta sika si le gbedoxɔa me ya la, ele be wòawɔ edzi godoo.’
17 Movitɔwo kple ŋkuagbãtɔwo! Mibu eŋu kpɔ, kae lolo wu, sika la loo alo gbedoxɔ si na sika la ŋuti kɔ yea?
18 Miegblɔna hã be, ‘Ne ame aɖe ta vɔsamlekpuia la, menye naneke o; gake ne ame aɖe ta nunana si le edzi ya la, ele be wòawɔ edzi godoo.’
19 Ŋkuagbãtɔwo! Mibu eŋu kpɔ, kae lolo wu, nunana la loo alo vɔsamlekpui si na nunana la ŋuti kɔ yea?
20 Eya ta ame si taa vɔsamlekpui la taa woa kple nu siwo katã le edzi la siaa;
21 eye ame si taa gbedoxɔa la taa woa kple ame si le eme la siaa;
22 eye ame si taa dziƒo la taa Mawu ƒe fiazikpui kple ame si bɔbɔ nɔ edzi la siaa.
23 “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mienana ahamɛ, sikɔni, kple tsyo ƒe ewolia, gake mieŋea aɖaba ƒua Se la me nu siwo le vevie wu la dzi, siwo nye dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ kpakple nuteƒewɔwɔ. Nu siawoe wòle be miawɔ, evɔ miagaŋe aɖaba aƒu nu bubuawo hã dzi o.
24 Mɔfiala ŋkuagbãtɔ siwo tsyɔa nudzodzoe, gake mia kposɔ ya!
25 “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mieklɔa kplu kple agba ŋuti, gake wo me yɔ fũu kple adzodada kple nugbɔmewɔwɔ.
26 Farisitɔ ŋkuagbãtɔ, klɔ kplu kple agba la me gbã, ne eŋu hã nakɔ.
27 “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mieɖi yɔdo siwo wosi akalo na, siwo nya kpɔ vavã le gota, gake wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple makɔmakɔnyenye ɖe sia ɖe ƒomevi.
28 Nenema kee miawo hã miedzena ame dzɔdzɔewoe vavã le gota le amewo ŋkume, gake mia me yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kple sedzimawɔmawɔ.
29 “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mietua nyagblɔɖilawo ƒe yɔdowo, eye mieɖoa atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔewo ƒe ŋkuɖodziyɔdowo,
30 eye miegblɔna be, ‘Ne ɖe míenɔ anyi le mía tɔgbuiwo ƒe ŋkekeawo me la, míakpɔ gome kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kɔkɔ ɖi me o.’
31 Eya ta miele ɖase ɖim le mia ɖokui ŋuti, be yewonye ame siwo wu nyagblɔɖilawo la, ƒe viwo.
32 Ekema dɔ si gɔme mia tɔgbuiwo dze la, miwɔe wu enue!
33 “Dawo, dzakpatawo ƒe dzidzimeviwo, aleke miate ŋu asi le Gehena ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu?
34 Le esia ta mele nyagblɔɖilawo kple nunyalawo kpakple nufialawo dɔm ɖe mia gbɔ. Miawu wo dometɔ aɖewo, eye miahe wo ɖe ati ŋu, eye miaƒo wo dometɔ aɖewo kple atam le miaƒe ƒuƒoƒewo ahati wo yome tso du me yi du me;
35 bene ʋu dzɔdzɔe siwo katã wokɔ ɖe anyi le anyigba dzi la nava mia dzi, tso ame dzɔdzɔe Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zaxariya, Baraxiya vi, ame si miewu le gbedoxɔa kple vɔsamlekpuia dome la, ƒe ʋu dzi.
36 Vavã mele egblɔm na mi be: Nu siawo katã ava dzidzime sia dzi.
37 “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe ame siwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ—zi nenie nyemehedi be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋalawo te ene o! Gake mielɔ̃ o.
38 Kpɔ ɖa! Wogblẽ miaƒe aƒe la ɖi na mi.
39 Elabena mele egblɔm na mi be: Tso fifia dzi yina la, miegale kpɔ ye ge o va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me!’”