Mateo 22:1-46
22 Yesu yi eƒe ŋuɖoɖoa dzi to kpɔɖeŋu bubuwo wɔwɔ na wo me gblɔ be:
2 “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ame aɖe si nye fia, si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ na viaŋutsu la ene.
3 Eye wòdɔ eƒe kluviwo be woayɔ ame siwo wokpe la ava srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu, gake womedi be yewoava o.
4 Egadɔ kluvi bubuwo ɖa gblɔ be, ‘Migblɔ na ame kpekpeawo be: “Kpɔ ɖa! Meɖa ŋdɔnuɖuɖua vɔ, wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nu sia nu sɔ gbe. Miva srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu.”’
5 Gake wodzo ɖekematsɔlemetɔe, ame ɖeka dzo yi eƒe agble me, bubu yi eƒe adzɔ do ge;
6 gake esi mamlɛawo lé eƒe kluviawo la, woɖi gbɔ wo hewu wo.
7 “Ke fia la do dziku, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo, eye wotsrɔ̃ amewula mawo hetɔ dzo woƒe du la.
8 Eye wògblɔ na eƒe kluviawo be: ‘Srɔ̃ɖekplɔ̃a ya sɔ gbe xoxo, gake ame siwo wokpe la medze o.
9 Eya ta miyi dua ƒe mɔ gãwo dzi, eye ame sia ame si miakpɔ la, mikpee va srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu.’
10 Eya ta kluvi mawo yi mɔwo dzi, eye woƒo ame siwo katã wokpɔ la nu ƒu, ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa; eye xɔ si me wonɔ srɔ̃ɖeɖea wɔm le la yɔ fũu kple ame siwo nɔ kplɔ̃ ŋu.
11 “Esi fia la va be yealé ŋku ɖe ame kpekpeawo ŋu la, eƒe ŋku kli ame aɖe si medo srɔ̃ɖewu o la le afi ma.
12 Eya ta egblɔ nɛ be, ‘Xɔ̃, aleke nèwɔ ge ɖe afi sia evɔ mèdo srɔ̃ɖewu o?’ Eye mete ŋu ke nu o.
13 Eye fia la gblɔ na eƒe dɔlawo be: ‘Miblae asi kple afɔ, eye mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti me le xexe. Afi mae eƒe avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.’
14 “Elabena ame geɖewoe wokpe, gake ame ʋɛ aɖewo koe wotia.”
15 Eye Farisitɔwo yi ɖade adaŋu, bene yewoalée le eƒe nuƒo me.
16 Eya ta wodɔ woƒe nusrɔ̃lawo kple Herodes habɔbɔ me nɔlawo ɖe egbɔ, be woagblɔ be: “Nufiala, míenyae be ètoa nyateƒe, eye èfiaa Mawu ƒe mɔ la le nyateƒe me, eye mèdea ame dzi o, elabena mèwɔa nu ɖe amewo ƒe gotagome dzedzeme nu o.
17 Eya ta gblɔe na mí: Nu kae nye wò susu? Ðe se ɖe mɔ be míaxe adzɔ na Kaisaroa, alo se meɖe mɔ o?”
18 Gake esi Yesu kpɔ woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dze sii la, egblɔ be: “Alakpanuwɔlawo, nu ka tae miele teyem kpɔ?
19 Mitsɔ gaku si wotsɔna xea adzɔ la fiam.” Wotsɔ denario ɖeka vae nɛ.
20 Eye wògblɔ na wo be: “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔ ye nye esia?”
21 Wogblɔ be: “Kaisaro tɔe.” Eye wògblɔ na wo be: “Ekema mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, gake nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu.”
22 Esi wose esia la, ewɔ nuku na wo, eye wogblẽe ɖi hedzo.
23 Gbe ma gbe la, Zadukitɔwo, ame siwo gblɔna be tsitretsitsi meli o la, va egbɔ hebiae be:
24 “Nufiala, Mose gblɔ be, ‘Ne ame aɖe ku, gake vi mele esi o la, ele be nɔviaŋutsu naxɔ srɔ̃a aɖe, eye wòado ƒome ɖi na nɔvia.’
25 Nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ mía dome; eye gbãtɔa ɖe srɔ̃ eye wòku, eye esi medzi vi aɖeke o ta la, egblẽ srɔ̃a ɖi na nɔvia.
26 Nenemae wòdzɔ ɖe evelia kple etɔ̃lia dzi, va se ɖe adrelia hã dzi.
27 Mlɔeba la, nyɔnu la hã va ku.
28 Eya ta le tsitretsitsia me ɖe, wo ame adreawo dometɔ ka srɔ̃ wòanye? Elabena wo katã woɖee kpɔ.”
29 Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be: “Mieda ƒu, elabena mienya Ŋɔŋlɔawo alo Mawu ƒe ŋusẽ la o;
30 elabena le tsitretsitsi la me la, ŋutsuwo meɖea srɔ̃ o, eye wometsɔa nyɔnuwo nana be woaɖe o, ke boŋ wonɔna abe mawudɔla siwo le dziƒo ene.
31 Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, ɖe miexlẽ nya si Mawu gblɔ na mi be,
32 ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu’ la oa? Menye ame kukuwo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe.”
33 Esi amehaawo se nya siawo la, wolulu le ale si wòfia nui ta.
34 Esi Farisitɔwo se be etsi nya ɖe Zadukitɔwo nu la, woƒo wo ɖokui nu ƒu.
35 Eye esi wo dometɔ ɖeka si nya Sea nyuie la di be yeadoe kpɔ la, ebiae be:
36 “Nufiala, sedede kae nye gãtɔ le Se la me?”
37 Egblɔ nɛ be: “‘Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.’
38 Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ.
39 Evelia, si ɖii, lae nye esi: ‘Ele be nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’
40 Se blibo la katã ku ɖe sedede eve siawo ŋuti, Nyagblɔɖilawo hã.”
41 Ke esi Farisitɔwo ƒo ƒu la, Yesu bia wo be:
42 “Nu kae nye miaƒe susu le Kristo la ŋu? Ame ka ƒe vie wònye?” Woɖo eŋu nɛ be: “David ƒe vie.”
43 Egblɔ na wo be: “Ekema aleke wɔ gbɔgbɔ ʋã David wòyɔe be ‘Aƒetɔ,’ esi wògblɔ be,
44 ‘Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye nuɖusi me, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo ade wò afɔ te”’?
45 Eya ta ne David yɔe be ‘Aƒetɔ’ ɖe, ke aleke wɔ wònye via?”
46 Eye ame aɖeke mete ŋu gblɔ nya aɖeke tsɔ ɖo eŋu nɛ o, eye tso ŋkeke ma dzi la, dzi meganɔ ame aɖeke ƒo be wòabia nya bubu aɖekee o.