Mateo 20:1-34

20  “Elabena dziƒofiaɖuƒe la le abe ame aɖe si nye aƒetɔ aɖe, si do go ŋdikanya, be yeadi apatɔwo ne woawɔ dɔ le yeƒe waingble me la ene.  Esi woa kple dɔwɔlaawo lɔ̃ ɖe denario ɖeka ƒe asi dzi hena ŋkeke ɖeka la, eɖo wo ɖe eƒe waingble la me.  Esi wògado go le gaƒoƒo etɔ̃lia* dzi la, ekpɔ ame bubuwo nɔ tsitre ɖe asi me, siwo menɔ dɔ aɖeke wɔm o;  eye wògblɔ na wo be, ‘Miawo hã miyi waingble la me, eye mana nu si dze la mi.’  Eya ta woyi. Egado go le gaƒoƒo adelia* kple asiekelia* lɔƒo me, eye wòwɔ nenema ke.  Mlɔeba le gaƒoƒo wuiɖekɛlia* lɔƒo me la, edo go, eye wòkpɔ ame bubuwo nɔ tsitre ɖi, eye wògblɔ na wo be, ‘Nu ka tae miele tsitre ɖe afi sia ŋkeke bliboa katã dɔ aɖeke mawɔmawɔe?’  Wogblɔ nɛ be, ‘Elabena ame aɖeke mebɔ apa mí o.’ Egblɔ na wo be, ‘Miawo hã miyi waingble la me.’  “Esi fiẽsi ɖo la, waingbletɔ la gblɔ na eƒe nuwo dzi kpɔla be, ‘Yɔ dɔwɔlawo nàxe fe na wo, eye nàdze egɔme tso ame mlɔetɔwo dzi va se ɖe gbãtɔwo dzi.’  Esi gaƒoƒo wuiɖekɛlia tɔwo va la, wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ denario ɖeka. 10  Eya ta esi gbãtɔwo va la, wosusu be yewoaxɔ wòasɔ gbɔ wu; gake woxe fe na woawo hã ɖe denario ɖeka ƒe asi dzi. 11  Esi woxɔe la, wote liʋiliʋilili le aƒetɔ la ŋu 12  gblɔ be: ‘Ame mlɔetɔ siawo wɔ dɔ gaƒoƒo ɖeka ko; gake èna wosɔ kple mí ame siwo kpe fu wɔ dɔ sesĩe ŋkeke bliboa katã le ŋdɔgbe!’ 13  Gake eɖo eŋu gblɔ na wo dometɔ ɖeka be: ‘Xɔ̃, nyemeda vo aɖeke ɖe ŋuwò o ɖe. Denario ɖeka ƒe asi dzie mía kpli wò míelɔ̃ ɖo, alo menye nenemae oa? 14  Xɔ tɔwò nàdzo. Melɔ̃ be mana ame mlɔetɔ sia abe ale si mena wòe ene. 15  Ðe nyemekpɔ mɔ azã nye ŋutɔ nye nuwo abe ale si melɔ̃ ene oa? Alo ɖe nye dɔmenyonyo na ŋku vɔ̃ɖi va le asiwòa?’ 16  Aleae mlɔetɔwo azu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo azu mlɔetɔwo.” 17  Ke esi wòsusɔ vie Yesu nadze mɔ ayi Yerusalem la, eyɔ nusrɔ̃la wuieveawo ɖe kpɔe, eye wògblɔ na wo le mɔa dzi be: 18  “Kpɔ ɖa! Míeyina Yerusalem, eye woade Amegbetɔvi la asi na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo, eye woatso kufia nɛ, 19  eye woadee asi na dukɔwo me tɔwo ne woaɖu fewu le eŋu, eye woaƒoe kple atam, eye woahee ɖe ati ŋu, eye woafɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe.” 20  Eye Zebedeo viŋutsuwo dada kple via eveawo va egbɔ, eye nyɔnua bɔbɔ nɛ nɔ nane biam tso egbɔ. 21  Egblɔ na nyɔnua be: “Nu ka dim nèle?” Eɖo eŋu nɛ be: “Ðe gbe be vinyeŋutsu eve siawo dometɔ ɖeka nabɔbɔ anɔ anyi ɖe wò ɖusi me, eye ɖeka ɖe wò mia me, le wò fiaɖuƒe la me.” 22  Yesu ɖo eŋu gblɔ be: “Mienya nu si biam miele o. Ðe miate ŋu ano kplu si no ge mala kpuie laa?” Wogblɔ nɛ be: “Míate ŋui.” 23  Egblɔ na wo be: “Miano nye kplu la baa, ke hã, anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi alo mia me ya la, menye tɔnye, be mana o, ke boŋ ame siwo Fofonye dzrae ɖo ɖi na la tɔe.” 24  Esi ame ewo susɔeawo se nya sia la, wodo dziku ɖe nɔvi eveawo ŋu. 25  Gake esi Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔ la, egblɔ be: “Mienyae be dukɔwo ƒe dziɖulawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi. 26  Menye nenemae wòle le mia dome o; ke boŋ ele be ame sia ame si di be yeanye gãtɔ le mia dome la nanye miaƒe subɔla, 27  eye ele be ame sia ame si di be yeanye gbãtɔ le mia dome la nanye miaƒe kluvi. 28  Abe ale si ko Amegbetɔvi la va, menye be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ, eye yeatsɔ yeƒe luʋɔ ana wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta la ene.” 29  Ke esi wonɔ dzodzom le Yerixo la, ameha gã aɖe kplɔe ɖo. 30  Eye kpɔ ɖa! Ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ to, eye esi wose be Yesu va yina la, wodo ɣli gblɔ be: “Aƒetɔ, David Vi, kpɔ nublanui na mí!” 31  Gake ameha la blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe; ke wogado ɣli ɖe edzi be: “Aƒetɔ, David Vi lee, kpɔ nublanui na mí dzro!” 32  Eya ta Yesu tɔ, eye wòyɔ wo hebia wo be: “Nu kae miedi be mawɔ na mi?” 33  Wogblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, na míaƒe ŋkuwo naʋu.” 34  Esi woƒe nu wɔ nublanui na Yesu ta la, eka asi woƒe ŋkuwo ŋu, eye enumake wokpɔ nu, eye wodze eyome.

Etenuŋɔŋlɔ

Ŋdi ga 9 lɔƒo.
Ŋdɔ ga 12 lɔƒo.
Ŋdɔ ga 3 lɔƒo.
Ɣetrɔ ga 5 lɔƒo.