Mateo 2:1-23

2  Esi wodzi Yesu le Betlexem le Yudea, le fia Herodes ƒe ŋkekeawo me vɔ megbe la, kpɔ ɖa! Ɣletivimefakala aɖewo tso ɣedzeƒenutowo me va Yerusalem,  eye wobia be: “Afi kae Yudatɔwo ƒe fia si wodzi la le? Elabena míekpɔ eƒe ɣletivi esime míenɔ ɣedzeƒe, eye míeva be míade bubu eŋu.”  Esi Fia Herodes se nya sia la, dzika tso eya kple Yerusalem bliboa katã ƒo;  eye esi wòƒo dukɔ la ƒe nunɔlawo ƒe tatɔwo katã kple agbalẽfialawo nu ƒu la, ede asi wo biabia me be, afi kae woadzi Kristo la le hã.  Woɖo eŋu nɛ be: “Le Betlexem si le Yudea; elabena nenemae woŋlɔ ɖi to nyagblɔɖila la dzi be:  ‘Eye wò, Oo Betlexem si le Yuda nyigba dzi, menye wòe nye du maɖinu kekeake le Yuda dziɖulawo dome kura o; elabena mèwoe dziɖula, si akplɔ nye dukɔ Israel, la ado tso.’”  Tete Herodes yɔ ɣletivimefakalaawo vae le adza me heku nu me tsitotsito tso ɣeyiɣi si me ɣletivia dze ŋu;  eye esi wònɔ wo dɔm ɖe Betlexem la, egblɔ be: “Miyi ɖadi ɖevi sue la nyuie, eye ne mieke ɖe eŋu la, miva ka eta nam, bene nye hã mayi aɖade bubu eŋu.”  Esi wose fiaa ƒe nyawo la, wodze mɔ; eye kpɔ ɖa! Ɣletivi si wokpɔ esime wonɔ ɣedzeƒe la dze wo ŋgɔ, va se ɖe esime wòva tɔ ɖe teƒe si ɖevi sue la le tame. 10  Esi wokpɔ ɣletivia la, dzi dzɔ wo ale gbegbe. 11  Eye esi woyi aƒea me la, wokpɔ ɖevi sue la kple dadaa Maria, eye wobɔbɔ hede bubu eŋu. Woʋu nu le woƒe nu xɔasiwo hã nu, eye wotsɔ nunanawo nɛ: sika, lifi, kple kotoklobo. 12  Gake esi Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃e me be woagatrɔ ayi Herodes gbɔ o ta la, woto mɔ bubu trɔ dzo yi wo de. 13  Esi wodzo vɔ la, kpɔ ɖa! Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃e me gblɔ be: “Tso, kplɔ ɖevi sue la kple dadaa, eye nàsi ayi Egipte, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime mana gbe wò; elabena eteƒe madidi o, Herodes le ɖevi sue la di ge be yeawu.” 14  Eya ta etso, eye wòkplɔ ɖevi sue la kple dadaa le zã me hedzo yi Egipte, 15  eye wònɔ afi ma va se ɖe esime Herodes ku, bene nya si Yehowa gblɔ to eƒe nyagblɔɖila dzi la nava eme be: “Egipte ye meyɔ vinye la tsoe.” 16  Emegbe esi Herodes kpɔ be ɣletivimefakalaawo flu ye la, edo dziku vevie, eye wòdɔ amewo woyi ɖawu ŋutsuvi siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me, siwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe ale si wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso ɣletivimefakalaawo gbɔe la nu. 17  Ale nya si wogblɔ to nyagblɔɖila Yeremiya dzi la va eme be: 18  “Wose gbe aɖe le Rama, avifafa kple konyifafa geɖe; Raxel ye nɔ avi fam ɖe viawo ta, eye mele lɔlɔ̃m be woafa akɔ na ye o, elabena womegali o.” 19  Esi Herodes ku la, kpɔ ɖa! Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃e me le Egipte, 20  eye wògblɔ be: “Tso, kplɔ ɖevi sue la kple dadaa, eye dze mɔ nàyi Israel nyigba dzi, elabena ame siwo nɔ ɖevi sue la ƒe luʋɔ dim la ku.” 21  Eya ta etso, eye wòkplɔ ɖevi sue la kple dadaa heyi Israel nyigba dzi. 22  Gake esi wòse be Arxelao xɔ ɖe fofoa Herodes teƒe nɔ fia ɖum le Yudea la, evɔ̃ na afi ma yiyi. Gawu la, esi wònye be Mawu xlɔ̃ nui le drɔ̃e me ta la, edzo yi Galilea nutoa me, 23  eye wòva nɔ du aɖe si woyɔna be Nazaret la me, bene nya si wogblɔ to nyagblɔɖilawo dzi la nava eme be: “Woayɔe be Nazaretetɔ.”

Etenuŋɔŋlɔ