Mateo 18:1-35

18  Le gaƒoƒo ma me la, nusrɔ̃lawo te ɖe Yesu ŋu va biae be: “Ame ka tututue nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me?”  Eya ta eyɔ ɖevi sue aɖe va eɖokui gbɔ, tsɔe ɖo wo titina,  eye wògblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi be: Ne mietrɔ hezu abe ɖevi suewo ene o la, miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.  Eya ta ame sia ame si abɔbɔ eɖokui abe ɖevi sue sia ene lae nye gãtɔ le dziƒofiaɖuƒe la me;  eye ame sia ame si xɔa ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka le nye ŋkɔ ta la, exɔa nye hã.  Gake ame sia ame si ƒe nuwɔna zua nukikli na ɖevi sue siawo, siwo xɔ dzinye se la dometɔ ɖeka la, ade edzi wu be woatsɔ té, abe esi tedziwo trona ene tɔgbi, atsi ɖe kɔ nɛ, eye woatsɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒu gã gbanaa la me.  “Baba na xexea le nu siwo azu nukikli na amewo la ta! Nu siwo azu nukikli na ame ava godoo ya, gake baba na ame si dzi nu siwo azu nukikli na ame la ato ava!  Eya ta ne wò asi alo wò afɔ le nukikli zum na wò la, lãe ƒu gbe ɖa le ɖokuiwò ŋu; enyo na wò be nànye nuwɔametɔ alo nàtsɔ abɔkpo alo afɔkpo ayi ɖe agbe la me, wu be asi eve alo afɔ eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzo mavɔ la me.  Eye ne wò ŋku zua nukikli na wò la, hoe le eme, eye nàtsɔe aƒu gbe ɖa le ɖokuiwò ŋu; enyo na wò be nàge ɖe agbe la me kple ŋku ɖeka, wu be ŋku eve nanɔ asiwò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe Gehena* si me dzo le la me. 10  Mikpɔ nyuie be miagado vlo ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã o; elabena mele egblɔm na mi be, woƒe mawudɔla siwo le dziƒo la kpɔa Fofonye si le dziƒo la ƒe mo ɣesiaɣi. 11  * —— 12  “Nu kae nye miaƒe susu? Ne alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye wo dometɔ ɖeka bu mɔ la, ɖe magblẽ blaasieke vɔ asieke la ɖe towo dzi, eye wòayi aɖadi ɖeka si le mɔ bum la oa? 13  Eye ne eva eme be ekpɔe la, vavã mele egblɔm na mi be, akpɔ dzidzɔ ɖe eŋu wu ale si wòakpɔe ɖe blaasieke vɔ asieke siwo mebu mɔ o la ŋu. 14  Nenema kee menye Fofonye si le dziƒo la ƒe dzidzɔ be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã natsrɔ̃ o. 15  “Gawu la, ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ la, yi ɖaɖe eƒe vodada fiae le mia kplii ɖeɖe ko dome. Ne eɖo to wò la, ekema èɖe nɔviwò. 16  Ke ne meɖo to o la, kplɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, ale be le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe nya nu la, miaɖo kpe nya sia nya dzi. 17  Ne meɖo to wo o la, gblɔe na hamea. Ne meɖo to hamea hã o la, ekema na wòanɔ na wò abe dukɔ bubu me tɔ kple nudzɔla ene. 18  “Vavã mele egblɔm na mi be: Nu sia nu si miabla le anyigba dzi la anye nu si le babla xoxo le dziƒo, eye nu sia nu si miatu le anyigba dzi la anye nu si le tutu xoxo le dziƒo. 19  Vavã megale egblɔm na mi be: Ne mia dometɔ eve wɔ ɖeka le anyigba dzi ɖe kuku bia nu sia nu si hiã vevie la, Fofonye si le dziƒo la ana wòava eme na wo. 20  Elabena afi si ame eve alo etɔ̃ ƒo ƒu ɖo le nye ŋkɔ me la, mele wo dome le afi ma.” 21  Eye Petro va biae be: “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye, eye wòle be matsɔe akee? Va se ɖe zi adre loo?” 22  Yesu gblɔ nɛ be: “Nyemegblɔ na wò be: Va se ɖe zi adre o, ke boŋ, Va se ɖe zi blaadre vɔ adre. 23  “Esia tae dziƒofiaɖuƒe la le abe ŋutsu aɖe si nye fia aɖe, si di be yeawɔ akɔnta kple yeƒe kluviwo la ene. 24  Esi wòte akɔntaa wɔwɔ la, wokplɔ ŋutsu aɖe si nyi talento akpe ewo [si sɔ kple denario 60,000,000] ƒe fe la vae. 25  Ke esi naneke menɔ esi wòatsɔ axe fea o ta la, eƒe aƒetɔ ɖe gbe be woadzra woa kple srɔ̃a kple viawo kpakple nu siwo katã le esi la atsɔ axe feae. 26  Eya ta kluvi la dze klo heɖe kuku nɛ gblɔ be: ‘Meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam, eye maxe nu sia nu ƒe fe na wò.’ 27  Esi kluvi ma ƒe nu wɔ nublanui na eƒe aƒetɔa ta la, eɖe asi le eŋu, eye wòte fli ɖe eƒe fe la me. 28  Gake kluvi ma do go, eye wòkpɔ ehati kluviwo dometɔ ɖeka si nyi denario alafa ɖeka ƒe fe le eŋu; eye esi wòlée la, elé ve nɛ gblɔ be, ‘Xe fe sia fe si nènyi le ŋunye la nam.’ 29  Eya ta ehati kluvi la dze klo hete kukuɖeɖe nɛ vevie gblɔ be, ‘Meɖe kuku, gbɔ dzi ɖi nam, eye maxee na wò.’ 30  Gake melɔ̃ o, ke boŋ ena wodee gaxɔ me, be wòanɔ afi ma va se ɖe esime wòaxe fe si wònyi. 31  Eya ta esi ehati kluviwo kpɔ nu siwo dzɔ la, eve wo ŋutɔ, eye woyi ɖagblɔ nu siwo katã dzɔ la na woƒe aƒetɔ la. 32  Eye eƒe aƒetɔa yɔe va egbɔ gblɔ nɛ be, ‘Kluvi vɔ̃ɖi, esi nèɖe kuku nam vevie la, mete fli ɖe fe mawo siwo nènyi la katã me. 33  Ðe mele be wò hã nàkpɔ nublanui na hawòti kluvi abe ale si nye hã mekpɔ nublanui na wòe ene oa?’ 34  Eye esi eƒe nuwɔnaa na aƒetɔa do dɔmedzoe la, etsɔe de asi na gaxɔdzikpɔlawo, va se ɖe esime wòaxe fe siwo katã wònyi la hafi. 35  Nenema kee Fofonye si le dziƒowo la hã awɔ nu kpli mi ne mia dome ame sia ame metsɔna kea nɔvia tso dzi me o.”

Etenuŋɔŋlɔ

Afi si wotɔa dzo gbeɖuɖɔwo ɖo le Yerusalem dua godo.