Mateo 17:1-27

17  Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro kple Yakobo kpakple nɔvia Yohanes ɖe asi, eye wòkplɔ wo yi to kɔkɔ aɖe dzi, woawo ɖeɖe.  Eye eƒe nɔnɔme trɔ le wo ŋkume, eye eƒe mo klẽ abe ɣe ene, eye eƒe awudziwuiwo nɔ dzo dam abe kekeli ene.  Eye kpɔ ɖa! Eliya kple Mose dze wokpɔ, eye wonɔ dze ɖom kplii.  Esia na Petro gblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, enyo na mí be míanɔ afi sia. Ne èlɔ̃ la, matu agbadɔ etɔ̃ ɖe afi sia, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.”  Esi wòganɔ nuƒoƒo dzi la, kpɔ ɖa! Alilikpo keklẽ aɖe do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye kpɔ ɖa! Gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me gblɔ be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ŋu mekpɔ ŋudzedze ɖo; miɖo toe.”  Esi nusrɔ̃lawo se nya sia la, wotsyɔ mo anyi, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ.  Eye Yesu te va heka asi wo ŋu gblɔ be: “Mitsi tsitre, migavɔ̃ o.”  Esi wofɔ mo dzi la, womekpɔ ame aɖeke o, negbe Yesu ŋutɔ ɖeka ko.  Eye esi wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo gblɔ be: “Migagblɔ ŋutega la ŋu nya na ame aɖeke o, va se ɖe esime wofɔ Amegbetɔvi la tso ame kukuwo dome hafi.” 10  Ke hã, nusrɔ̃laawo biae be: “Ekema nu ka tae agbalẽfialawo gblɔna be ele be Eliya nava gbã?” 11  Eɖo eŋu gblɔ be: “Vavãe, Eliya ava, eye aɖɔ nuwo katã ɖo. 12  Gake mele egblɔm na mi be Eliya va xoxo, eye womedze sii o, ke boŋ wowɔ nu siwo wodi la ɖe eŋu. Nenema kee wòle be Amegbetɔvi la hã nakpe fu le wo si me.” 13  Tete nusrɔ̃lawo se egɔme be Yohanes Amenyrɔɖetsimela ŋu nyae wògblɔ na yewo. 14  Eye esi wogbɔna ameha la gbɔ la, ŋutsu aɖe te ɖe eŋu, hedze klo nɛ gblɔ be: 15  “Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinyeŋutsuvia, elabena anyidzedɔ le eŋu, eye wòte ɖe edzi ŋutɔ, elabena enuenu la, edzea anyi ɖe dzo me, eye enuenu la, edzea anyi ɖe tsi me; 16  eye mekplɔe vae na wò nusrɔ̃lawo, gake womete ŋu da gbe le eŋu o.” 17  Yesu ɖo eŋu gblɔ be: “Oo, dzidzime maxɔse totro kpaɖikpaɖi, ɣeyiɣi didi kae wòle be manɔ mia gbɔ ase ɖo? Ɣeyiɣi didi kae wòle be mado dzi le mia ta ase ɖo? Kplɔe va gbɔnye afii.” 18  Eye Yesu ka mo na gbɔgbɔ vɔ̃ la, eye wòdo go le eme; eye ŋutsuvi la ƒe lãme sẽ tso gaƒoƒo ma dzi. 19  Tete nusrɔ̃lawo ɖeɖe va Yesu gbɔ va biae be: “Nu ka ŋuti míawo ya míete ŋu nyae do goe o?” 20  Egblɔ na wo be: “Xɔse ʋɛ si le mia si tae. Elabena vavã mele egblɔm na mi be: Ne xɔse le mia si de atiku sue aɖe* ƒe lolome nu la, ekema miagblɔ na to sia be, ‘Ho le afi sia nàyi aɖadze afi mɛ!’ Eye wòaho ayi, eye naneke mate ŋu awu wɔwɔ na mi o.” 21  * —— 22  Esime woƒo ƒu ɖe Galilea ye Yesu gblɔ na wo be: “Ele be woade Amegbetɔvi la asi na amewo, 23  eye woawui, eye woafɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe.” Esia na woxa nu ŋutɔ. 24  Esi wova ɖo Kapernaum la, ame siwo dzɔa draxma eve le amewo si la te ɖe Petro ŋu biae be: “Ðe miaƒe nufiala ya medzɔa draxma eve la oa?” 25  Eɖo eŋu be: “Ɛ̃.” Gake esi wòge ɖe aƒea me la, Yesu do ŋgɔ biae be: “Simon, nu kae nye wò susu? Ame kawo sie anyigba dzi fiawo xɔa nudzɔdzɔ alo adzɔ le? Le wo viwo si loo alo le amedzrowo si?” 26  Esi wòɖo eŋu be: “Amedzrowo sie” la, Yesu gblɔ nɛ be: “Ekema mehiã be viwo naxe adzɔ o ɖe! 27  Gake be míagazu nukikli na wo o la, yi ƒu ta, da ƒu, eye lã gbãtɔ si nàɖe la, lée, eye ne èke eƒe nume la, àkpɔ klosalogaku aɖe. Tsɔe yi ɖana wo ɖe mía kpli wò nu.”

Etenuŋɔŋlɔ

Helagbe, “sinapi.”
Kpukpui sia dze le Biblia aɖewo me, gake medze le Helagbe me ŋɔŋlɔ si gɔme Westcott kple Hort ɖe, si sɔ kple Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo la me o.