Mateo 14:1-36
14 Ɣemaɣi tututu la, Herodes, nutomedziɖula la, se Yesu ŋuti nya,
2 eye wògblɔ na eƒe dɔlawo be: “Yohanes Amenyrɔɖetsimela ye nye esia. Wofɔe tso ame kukuwo dome, eye esia tae ŋusẽdɔwo le eme vam to edzi ɖo.”
3 Elabena Herodes lé Yohanes, eye wòblae de gaxɔ me le nɔvia Filipo srɔ̃ Herodia ta.
4 Elabena Yohanes nɔ gbɔgblɔm nɛ be: “Se meɖe mɔ na wò be nàxɔe aɖe o.”
5 Ke hã, togbɔ be edi be yeawui hã la, enɔ vɔvɔ̃m na ameha la, elabena wobunɛ nyagblɔɖilae.
6 Gake esi wonɔ Herodes ƒe dzigbezã ɖum la, Herodia vinyɔnuvi va ɖu ɣe le azãɖuƒea, eye wòdze Herodes ŋu ale gbegbe;
7 eya ta eka atam do ŋugbe nɛ be yeana nu sia nu si wòabia ye lae.
8 Eye esi dadaa gblɔ nu si wòabia nɛ ta la, egblɔ be: “Tsɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ta de agba me nam le afii.”
9 Togbɔ be ete ɖe fia la dzi hã la, le atam siwo wòka, kple ame siwo nɔ kplɔ̃a ŋu kplii ta la, eɖe gbe be woatsɔe ana;
10 eye wòdɔ woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔa me.
11 Eye wotsɔ eƒe ta ɖe agba me vae, eye wotsɔe na nyɔnuvia, eye wòtsɔe yi na dadaa.
12 Mlɔeba la, eƒe nusrɔ̃lawo va kɔ eƒe kukua, eye woɖii, eye wova ka eta na Yesu.
13 Esi Yesu se nya sia la, eɖo tɔdziʋu trɔ dzo le afi ma heɖe eɖokui ɖe aga yi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o; gake esi amehaawo see la, woto afɔ tso duawo me dze eyome.
14 Ke esi wòdo go la, ekpɔ ameha gã aɖe; eye woƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye wòda gbe le woƒe dɔnɔwo ŋu.
15 Gake esi fiẽsi ɖo la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ be: “Teƒe tsoaboe afi sia nye, eye zã hã le dodom; ɖe asi le amehaawo ŋu, ne woayi kɔƒeawo me aɖaƒle nuɖuɖu na wo ɖokuiwo.”
16 Ke hã, Yesu gblɔ na wo be: “Mehiã be woadzo o: Mia ŋutɔwo mina nu wo woaɖu.”
17 Wogblɔ nɛ be: “Naneke mele mía si le afi sia wu abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve o.”
18 Egblɔ be: “Mitsɔ wo vae nam.”
19 Azɔ egblɔ na amehaawo be woanɔ anyi ɖe gbeawo dzi, eye wòtsɔ abolo atɔ̃awo kple tɔmelã eveawo, eye esi wòfɔ mo dzi le dziƒo kpɔm la, eyra ɖe wo dzi, eye esi wòŋe aboloawo me vɔ la, ema wo na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo hã ma wo na amehaawo.
20 Ale wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye woƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, eye woyɔ kusi wuieve.
21 Ke ame siwo ɖu nua la anɔ ŋutsu akpe atɔ̃, nyɔnuwo kple ɖevi suewo ya mele eme o.
22 Eye enumake eƒoe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo nu be, woaɖo tɔdziʋua adze ye ŋgɔ ayi go kemɛ dzi, esime ye ŋutɔ yeaɖe asi le amehaawo ŋu.
23 Esi wòɖe asi le amehaawo ŋu mlɔeba la, eya ɖeka yi to la dzi be yeado gbe ɖa. Togbɔ be zã do hã la, eya ɖeka nɔ afi ma.
24 Tɔdziʋu la gbɔ didi meta alafa geɖe tso gota azɔ, eye ƒutsotsoewo nɔ fu ɖem na wo vevie, elabena ya ƒo va le wo kpem.
25 Gake le zã ƒe ŋudzɔɣi enelia* me la, enɔ zɔzɔm to ƒua dzi gbɔna wo gbɔ.
26 Esi nusrɔ̃lawo ƒe ŋku klii wòle ƒua dzi zɔm la, wovɔ̃ hegblɔ be: “Drɔ̃e ye loo alo nu ŋutɔŋutɔe?” Eye wodo ɣli le vɔvɔ̃ ta.
27 Gake Yesu ƒo nu kpli wo enumake, gblɔ be: “Milé dzi ɖe ƒo, nyee; migavɔ̃ o.”
28 Eye Petro ɖo eŋu nɛ gblɔ be: “Aƒetɔ, nenye wòe la, ekema na mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.”
29 Egblɔ nɛ be: “Va!” Enumake Petro ɖi le tɔdziʋua me, eye wòzɔ tsiawo dzi ɖo ta Yesu gbɔ.
30 Gake esi wòkpɔ ale si ya la le ƒoƒom sesĩe la, evɔ̃, eye esi wòte toyiyi la, edo ɣli be: “Aƒetɔ, ɖem!”
31 Enumake esi Yesu do asi ɖa la, elée, eye wògblɔ nɛ be: “Wò xɔse ʋɛ tɔ, nu ka tae nèke ɖi?”
32 Eye esi woge ɖe tɔdziʋua me la, ya sesẽ la tɔ te.
33 Eye ame siwo nɔ tɔdziʋua me la bɔbɔ nɛ gblɔ be: “Mawu ƒe Vie nènye vavã!”
34 Eye wotso ƒua heva ɖi go ɖe Genezaret nyigba dzi.
35 Esi afi ma tɔwo kpɔe dze sii la, wodɔ ame ɖo ɖe afi ma nuto bliboa katã me, eye amewo kplɔ dɔnɔwo katã va egbɔ.
36 Eye wova ɖe kuku nɛ vevie be woaka asi eƒe awutoga teti ko ŋu; eye ame siwo katã ka asi eŋu la haya keŋkeŋ.