Mateo 13:1-58
13 Esi Yesu do go le aƒe me gbe ma gbe la, eyi ɖabɔbɔ nɔ anyi ɖe ƒua nu;
2 Eye ameha gã aɖewo ƒo ƒu ɖe eŋu, eya ta ege ɖe tɔdziʋu aɖe me, eye wòbɔbɔ nɔ anyi, eye ameha blibo la katã tsi tsitre ɖe ƒua ta.
3 Eye wògblɔ nya geɖewo na wo to kpɔɖeŋuwo me, be: “Kpɔ ɖa! Nukuwula aɖe do go yi nuku wu ge;
4 eye esi wònɔ nukua wum la, nuku aɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔ wo mi.
5 Bubuwo ge ɖe kpenyigba dzi, afi si womekpɔ anyi sɔgbɔ le o, eye womie enumake, elabena anyia mede to o.
6 Gake esi ɣe dze la, ŋdɔkutsu ɖu wo, eye esi ke meli na wo o ta la, woyrɔ.
7 Bubu aɖewo hã ge ɖe ŋuwo me, eye ŋuawo va vu tsyɔ wo dzi.
8 Bubu aɖewo hã ge ɖe anyigba nyui dzi, eye wote tsetse, ɖewo teƒe alafa ɖeka, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃.
9 Ame si to li na la, nesee.”
10 Eya ta nusrɔ̃lawo va biae be: “Nu ka tae nèle nu ƒom na wo to kpɔɖeŋuwo me?”
11 Eɖo eŋu na wo gblɔ be: “Miawo la, wona mi be miase dziƒofiaɖuƒe la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔeawo gɔme, gake womena ame mawo ya o.
12 Elabena ame si si nu le la, woatsɔ geɖe akpee nɛ, eye woana wòagba go; gake ame si si nu mele o la, woaxɔ nu si le esi la kura gɔ̃ hã le esi.
13 Esia tae mele nu ƒom na wo to kpɔɖeŋuwo me ɖo, elabena togbɔ be wole nu kpɔm hã la, dzodzroe wole ekpɔm, eye togbɔ be wole nu sem hã la, dzodzroe wole esem, eye womesea egɔme hã o;
14 eye Yesaya ƒe nyagblɔɖi la le eme vam le wo gome be, ‘Esese ya, miasee, gake miase egɔme akpɔ o; eye ekpɔkpɔ ya, miakpɔe, gake miadze sii akpɔ o.
15 Elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri; wosee kple woƒe towo, gake womewɔ edzi o, eye womia woƒe ŋkuwo; bene woagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, eye woase nu kple woƒe towo, eye woatsɔ woƒe dziwo ase egɔme, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.’
16 “Gake miaƒe ŋkuwo kpɔa dzidzɔ, elabena wokpɔa nu, kple miaƒe towo hã, elabena wosea nu.
17 Elabena vavã mele egblɔm na mi be: Nyagblɔɖila kple ame dzɔdzɔe geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele la, gake womekpɔ wo o, eye be yewoase nya siwo sem miele la, gake womese wo o.
18 “Eya ta miɖo to ame si wu nuku la ŋuti kpɔɖeŋua.
19 Ne ame aɖe se fiaɖuƒe la ŋuti nya la, gake mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la vana, eye wòɖea nu si wowu ɖe eƒe dzi me la dzonɛ; esiae nye esi wowu ɖe mɔ to la.
20 Ke esi wowu ɖe kpenyigba dzi la, eyae nye ame si le nya la sem, eye enumake wòxɔnɛ kple dzidzɔ.
21 Ke hã, meli ke le eɖokui me o, ke boŋ enɔa anyi hena ɣeyiɣi aɖe ko, eye ne xaxa alo yometiti va le nya la ta la, ezua nukikli nɛ enumake.
22 Ke esi wowu ɖe ŋuwo me la, esiae nye ame si le nya la sem, gake nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsi kple kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ vuna tsyɔa nya la dzi, eye metsea ku o.
23 Ke esi wowu ɖe anyigba nyui dzi la, esiae nye ame si le nya la sem, eye wòsea egɔme, eye wòtsea ku hã vavã, ɖewo teƒe alafa ɖeka, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃.”
24 Egatsɔ kpɔɖeŋu bubu ɖo wo ŋkume be: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ame aɖe si wu nuku nyui ɖe eƒe agble me la ene.
25 Esi amewo nɔ alɔ̃ dɔm la, eƒe futɔ va wu gbe vɔ̃ɖiwo ɖe lua me, eye wòdzo.
26 Esi wòto aŋgba hetse la, gbe vɔ̃ɖiawo hã va dze.
27 Eya ta aƒetɔ la ƒe kluviwo va gblɔ nɛ be: ‘Aƒetɔ, menye nuku nyui ye nèwu ɖe wò agblea me oa? Aleke wɔ gbe vɔ̃ɖiwo va le eme?’
28 Egblɔ na wo be: ‘Ame aɖe si nye futɔ ye wɔ nu sia.’ Wogblɔ nɛ be, ‘Ekema èdi be míayi aɖaga woa?’
29 Egblɔ be, ‘Ao; bene ne miele gbe vɔ̃ɖiawo gam la, miagaho lu la hã akpe ɖe wo ŋu o.
30 Mina woa kple evea siaa natsi va se ɖe nuŋeɣi; eye ne nuŋeɣia ɖo la, magblɔ na nuŋelawo be: Miho gbe vɔ̃ɖiawo gbã, eye miabla wo tatata be woatɔ dzo wo, eye emegbe miaƒo lu la nu ƒu ɖe nye nudzraɖoƒe.’”
31 Egatsɔ kpɔɖeŋu bubu ɖo wo ŋkume gblɔ be: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe atiku sue aɖe* si ame aɖe ƒã ɖe eƒe agble me la ene;
32 le nyateƒe me la, eyae nye nuku suetɔ kekeake, gake ne etsi la, eyae nyea abɔ me numiemiewo ƒe gãtɔ, eye wòva zua ati, ale be dziƒoxewo va nɔa eƒe alɔwo me.”
33 Egawɔ kpɔɖeŋu bubu na wo be: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe amɔwɔʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu gã teƒe etɔ̃ me la ene, va se ɖe esime amɔwɔ bliboa ʋã.”
34 Nya siawo katã Yesu gblɔ na amehaawo to kpɔɖeŋuwo me. Le nyateƒe me la, meƒoa nu na wo ne menye to kpɔɖeŋu me o;
35 bene nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila la dzi nava eme, esime wògblɔ be: “Make nye nu awɔ kpɔɖeŋuwo, magblɔ nu siwo le ɣaɣla tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi ke la.”
36 Eye esi wòɖe asi le amehaawo ŋu vɔ la, eyi aƒe me. Eye eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ be: “Ðe kpɔɖeŋu si nèwɔ tso gbe vɔ̃ɖi siwo le agblea me ŋu la me na mí.”
37 Eɖo eŋu na wo be: “Ame si le nuku nyui la wum lae nye Amegbetɔvi la;
38 agble lae nye xexea; ke nuku nyui lae nye fiaɖuƒe la ƒe viwo; gake gbe vɔ̃ɖiawoe nye vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo,
39 eye futɔ si wu wo lae nye Abosam. Nuŋeɣi lae nye nuɖoanyi aɖe ƒe nuwuɣi, eye nuŋelaawoe nye mawudɔlawo.
40 Eya ta abe ale si woho gbe vɔ̃ɖiawo hetɔ dzo wo ene la, nenema kee wòanɔ le nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.
41 Amegbetɔvi la adɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo nu siwo katã nana woklia nu kple sedzimawɔlawo nu ƒu tso eƒe fiaɖuƒe la me,
42 eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo si me dzo le la me. Afi mae woƒe avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.
43 Ɣemaɣi la, ame dzɔdzɔewo aklẽ nyuie abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me. Ame si to li na la, nesee.
44 “Dziƒofiaɖuƒe la le abe nu xɔasi aɖe si woɣla ɖe agble me ene, si ŋu ame aɖe va ke ɖo, eye wòtsɔe ɣla; eye le dzidzɔ si wòkpɔ ta la, eyi ɖadzra nu sia nu si le esi, eye wòƒle agble la.
45 “Dziƒofiaɖuƒe la gale abe asitsala mɔzɔla aɖe si le dzonu nyuiwo dim la ene.
46 Esi wòke ɖe dzonu xɔasi nyui aɖe ŋu la, eyi ɖadzra nu siwo katã le esi la enumake, eye wòƒlee.
47 “Dziƒofiaɖuƒe la gale abe ɖɔ aɖe si woɖi ɖe ƒu me, si ɖea tɔmelã ɖe sia ɖe ƒomevi la ene.
48 Esi wòyɔ la, wohee va ƒua ta, eye esi wonɔ anyi la, woƒo nyuiawo nu ƒu ɖe nuwo me, gake wotsɔ manyomanyoawo ya ƒu gbe.
49 Nenemae wòanɔ le nuɖoanyia ƒe nuwuɣi: mawudɔlawo ado go, eye woama ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo ŋu,
50 eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo si me dzo le la me. Afi mae woƒe avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.
51 “Miese nu siawo katã gɔmea?” Woɖo eŋu nɛ be: “Ɛ̃.”
52 Eye wògblɔ na wo be: “Ne nenemae la, ekema ne wofia nu nufiala aɖe tso dziƒofiaɖuƒea ƒe nuwo ŋu la, ke ele abe ame aɖe si nye aƒetɔ aɖe, si ɖea nu yeyewo kple nu xoxowo doa goe tso eƒe nu xɔasiwo dzraɖoƒe la ene.”
53 Ke esi Yesu wu kpɔɖeŋu siawo nu la, edzo le afi ma.
54 Eye esi wòva wo de la, ete nufiafia wo le woƒe ƒuƒoƒe la, ale be wolulu, eye wogblɔ be: “Afi kae ŋutsu sia kpɔ nunya sia kple ŋusẽdɔ siawo gbegbe tsoe?
55 Menye atikpala la ƒe vie nye esia oa? Menye dadaa ye woyɔna be Maria, eye nɔviaŋutsuwoe nye Yakobo kple Yosef kple Simon kpakple Yuda oa?
56 Eye ɖe nɔvianyɔnuwo katã mele mía dome oa? Ekema afi kae ŋutsu sia kpɔ nu siawo katã tsoe?”
57 Eye nu sia zu nukikli na wo. Gake Yesu gblɔ na wo be: “Wodea bubu nyagblɔɖila ŋu le afi sia afi, negbe le wo de kple ye ŋutɔ ƒemetɔwo dome koe womebunɛ le o.”
58 Eye mewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le afi ma o, le woƒe dzimaxɔse ta.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Helagbe, “sinapi.”