Mateo 11:1-30

11  Ke esi Yesu wu mɔfiamewo nana eƒe nusrɔ̃la wuieveawo nu vɔ la, edzo le afi ma, eye wòyi be yeafia nu ahaɖe gbeƒã le woƒe duawo me.  Gake esi Yohanes si le gaxɔ me la se dɔ siwo wɔm Kristo la le ŋuti nya la, edɔ ye ŋutɔ ƒe nusrɔ̃lawo ɖa,  hegblɔ be: “Wòe nye Ame Si Gbɔna laa, alo ɖe wòle be míakpɔ mɔ na ame bubua?”  Yesu ɖo eŋu na wo be: “Miheyi ɖagblɔ nu siwo sem miele kple nu siwo kpɔm miele la na Yohanes:  Ŋkuagbãtɔwo gale nu kpɔm, eye atatututɔwo le zɔzɔm, kpodɔlélawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, wole ame kukuwo fɔm ɖe tsitre, eye wole nya nyui la gblɔm na ame dahewo;  eye dzidzɔtɔe nye ame si nyemezu nukikli na le mɔ aɖeke nu o.”  Esi ame siawo dzo yina la, Yesu te gbɔgblɔ na amehaawo tso Yohanes ŋu be: “Nu kae miedo go yi gbedadaƒo be yewoakpɔ? Aƒla si le ya ƒom ye loo?  Ekema nu kae miedo go yi be yewoakpɔ? Ame si do awu bɔbɔewo yea? Mienyae ɖe, ame siwo le awu bɔbɔewo me la, fiawo ƒe aƒewo mee wole.  Ekema nu ka ta koŋ ye miedo go ɖo? Be miakpɔ nyagblɔɖilaa? Ɛ̃, mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila kura gɔ̃ hã. 10  Eyae nye ame si ŋuti woŋlɔ ɖi le be: ‘Kpɔ ɖa! Nye ŋutɔ mele nye dɔla dɔm ɖe ŋgɔwò, ame si adzra wò mɔ dzi ɖo le ŋgɔwò!’ 11  Vavã mele egblɔm na mi be: Le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke medo kpɔ, si nye gã wu Yohanes Amenyrɔɖetsimela o; gake ame si le sue le dziƒofiaɖuƒea me la nye gã wui. 12  Gake tso Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ŋkekeawo dzi va se ɖe fifia la, dziƒofiaɖuƒe lae nye taɖodzinu si gbɔ amewo le ʋiʋlim le ta ɖomee, eye ame siwo le ʋiʋlim ɖe eŋu la ƒe asi le edzi sum. 13  Elabena Nyagblɔɖilawo katã kple Se la gblɔ nya ɖi va se ɖe Yohanes dzi; 14  eye ne miedi be yewoaxɔ nya sia dzi ase la, ‘Eyae nye Eliya si wogblɔ ɖi be ava la.’ 15  Ame si to li na la, nesee. 16  “Ame kae matsɔ dzidzime sia asɔ kplii? Ele abe ɖevi sue siwo bɔbɔ nɔ anyi ɖe asi me, siwo yɔa wo tɔwo kple ɣli ene, 17  nɔa gbɔgblɔm be: ‘Mieku dze na mi, gake mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha, gake miexa nu ƒo akɔta o.’ 18  Nenema kee Yohanes va, meɖua nu alo noa nu o, eye amewo gblɔna be, ‘Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme’; 19  Amegbetɔvi la va, eɖua nu henoa nu, gake amewo gagblɔna be, ‘Kpɔ ɖa! Nu tsu ɖula kple wain tsu nola, nudzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo xɔlɔ̃.’ Ke hã, nunya ƒe dɔwɔwɔwo mee eƒe dzɔdzɔenyenye dzena le.” 20  Azɔ ede asi nyahehe me ɖe du siwo me wòwɔ eƒe ŋusẽdɔ akpa gãtɔ le la ŋu, le esi wometrɔ dzi me o ta, gblɔ be: 21  “Baba na wò, Korazin! Baba na wò, Betsaida! Elabena ne ɖe wowɔ ŋusẽdɔ siwo wowɔ le mewò la le Tiro kple Zidon la, anye ne wotrɔ dzi me gbe aɖe gbe ke le akpanya kple afi me. 22  Eya ta mele egblɔm na mi be: Anɔ bɔbɔe na Tiro kple Zidon le Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi wu mi. 23  Ke wò Kapernaum, ɖe wòanye be woado wò ɖe dzi yi ɖatɔ dziƒoa? Keke Hades* kee nàva do ɖo; elabena ne ɖe wowɔ ŋusẽdɔ siwo wowɔ le mewò la le Sodom la, anye ne dua gali va se ɖe egbegbe. 24  Eya ta mele egblɔm na mi be: Anɔ bɔbɔe na Sodom nyigba le Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi wu wò.” 25  Ɣemaɣi la, Yesu gblɔ be: “Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò le dutoƒo, elabena èɣla nu siawo ɖe nunyalawo kple tagbɔɖaɖɛtɔwo, eye nèɖe wo fia vidzĩwo. 26  Ɛ̃, Oo Fofo, elabena edze ŋuwò be yeawɔe nenema. 27  Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam, eye ame aɖeke menya Vi la nyuie o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke menya Fofo la nyuie o, negbe Vi la, kple ame si Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia ko. 28  Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye mana gbɔdzɔe mi. 29  Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena ame fafa menye, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo. 30  Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”

Etenuŋɔŋlɔ

Kpɔ Nya Bubuwo, Akpa 8 lia.