Mateo 1:1-25
1 Yesu Kristo, David vi, Abraham vi, ƒe agbemeŋutinyagbalẽ:
2 Abraham dzi Isak;
Isak dzi Yakob;
Yakob dzi Yuda kple nɔviaŋutsuwo;
3 Yuda kple Tamar wodzi Perez kple Zerax;
Perez dzi Xezron;
Xezron dzi Ram;
4 Ram dzi Aminadab;
Aminadab dzi Naxeson;
Naxeson dzi Salmon;
5 Salmon kple Raxab wodzi Boaz;
Boaz kple Rut wodzi Obed;
Obed dzi Isai;
6 Isai dzi David, fia la.
David kple Uriya srɔ̃ wodzi Salomo;
7 Salomo dzi Rexabeam;
Rexabeam dzi Abiya;
Abiya dzi Asa;
8 Asa dzi Yosafat;
Yosafat dzi Yoram;
Yoram dzi Uziya;
9 Uziya dzi Yotam;
Yotam dzi Axaz;
Axaz dzi Xizkiya;
10 Xizkiya dzi Manase;
Manase dzi Amon;
Amon dzi Yosiya;
11 Yosiya dzi Yexoniya kple nɔviaŋutsuwo le aboyomenɔɣi le Babilon.
12 Le aboyomeyiyi le Babilon megbe la, Yexoniya dzi Sealtiel;
Sealtiel dzi Zerubabel;
13 Zerubabel dzi Abihud;
Abihud dzi Eliakim;
Eliakim dzi Azur;
14 Azur dzi Zadok;
Zadok dzi Yaxin;
Yaxin dzi Elihud;
15 Elihud dzi Eleazar;
Eleazar dzi Matan;
Matan dzi Yakob;
16 Yakob dzi Yosef, ame si nye Maria, si dzi Yesu si woyɔna be Kristo la, srɔ̃.
17 Ale dzidzimeawo katã, tso Abraham dzi va se ɖe David dzi la, le dzidzime wuiene, eye tso David dzi va se ɖe aboyomeyiyi le Babilon la, le dzidzime wuiene, eye tso aboyomeyiyi le Babilon va se ɖe Kristo la dzi la, le dzidzime wuiene.
18 Gake Yesu Kristo dzidzi va yi ale: Le ɣeyiɣi si me wodo dadaa Maria ɖeɖe ŋugbe na Yosef la, wokpɔe be efɔ fu to gbɔgbɔ kɔkɔe dzi hafi wova wɔ ɖeka.
19 Ke hã, esi srɔ̃a Yosef nye ame dzɔdzɔe, eye medi be yeado ŋukpee le gaglãgbe o ta la, eɖoe be yeagbee le adza me.
20 Gake esi wòbu nu siawo ŋu vɔ la, kpɔ ɖa! Yehowa ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃e me, gblɔ be: “Yosef, David vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va aƒewò me o, elabena fu si wòfɔ la, gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso.
21 Adzi ŋutsuvi, eye nàyɔ eŋkɔ be Yesu, elabena aɖe eƒe dukɔ tso eƒe nu vɔ̃wo me.”
22 Nu siawo katã dzɔ, bene nya si Yehowa gblɔ to eƒe nyagblɔɖila dzi la nava eme, be:
23 “Kpɔ ɖa! Ðetugbi, si menya ŋutsu o la le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eŋkɔ be Imanuel,” si gɔmee nye “Mawu Li Kpli Mí.”
24 Ale Yosef nyɔ tso alɔ̃ me, eye wòwɔ abe ale si Yehowa ƒe dɔla la gblɔ nɛ ene, eye wòkplɔ srɔ̃a va eƒe aƒe me.
25 Gake medɔ kplii o va se ɖe esime wòdzi ŋutsuvi; eye wòyɔ eŋkɔ be Yesu.