Marko 7:1-37
7 Eye Farisitɔwo kple agbalẽfiala siwo tso Yerusalem va la dometɔ aɖewo ƒo ƒu ɖe egbɔ.
2 Eye esi wokpɔ be eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo tsɔ asi makɔmakɔwo, si fia asi siwo womeklɔ o, nɔ nu ɖum la—
3 elabena Farisitɔwo kple Yudatɔwo meɖua nu o, negbe ɖe woklɔ asi va se ɖe abɔklugui ke hafi, eye woléa fɔ ɖe blematɔwo ƒe kɔnyinyiwo ŋuti vevie,
4 eye ne wotso asi me gbɔ la, womeɖua nu o, negbe ɖe wokɔ wo ɖokuiwo ŋu to tsihehlẽ me hafi; eye woxɔ kɔnyinyi bubu geɖewo hã, siwo ŋu woléa fɔ ɖo: kpluwo, zewo, kple akɔbligbawo kɔklɔ;—
5 eya ta Farisitɔwo kple agbalẽfiala siawo biae be: “Nu ka tae wò nusrɔ̃lawo mezɔna ɖe blematɔwo ƒe kɔnyinyi la nu o, ke boŋ wotsɔa asi makɔmakɔ ɖua nu?”
6 Egblɔ na wo be: “Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti, mi alakpanuwɔlawo, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: ‘Dukɔ sia le buyem kple woƒe nuyiwo, gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.
7 Dzodzroe woyi edzi le subɔyem, elabena nufiafia siwo nye amegbetɔwo ƒe sededewo ye wofiana.’
8 Mieɖe asi le Mawu ƒe se la ŋu, gake mielé fɔ ɖe amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo ya ŋu vevie.”
9 Eye wòyi edzi gblɔ na wo be: “Mieto ayemɔ dzi ɖe Mawu ƒe se la ɖa, ale be miaƒe kɔnyinyiwo nanɔ anyi na mi.
10 Le kpɔɖeŋu me, Mose gblɔ be: ‘Bu fofowò kple dawò,’ eye be: ‘Ame si dzua fofoa alo dadaa la dze ku.’
11 Gake miawo ya miegblɔna be: ‘Ne ame aɖe gblɔ na fofoa alo dadaa be: “Nu si le asinye, si me nàkpɔ viɖe le tso gbɔnye hafi la, zu kɔrban (si gɔmee nye nunana si wotsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu)”’ la—
12 miegaɖea mɔ nɛ be wòawɔ naneke na fofoa alo dadaa o,
13 eye aleae miena Mawu ƒe nya la zu dzodzro to miaƒe kɔnyinyi si miefia la dzi. Eye miewɔa nu bubu geɖe siwo ɖi esia.”
14 Eye esi wògayɔ ameha la va eɖokui gbɔ la, egblɔ na wo be: “Mi katã miɖo tom, ne miase egɔme.
15 Naneke meli, si atso gota ayi ɖe ame me, si ate ŋu ana wòazu ame makɔmakɔ o; ke boŋ nu siwo doa go tso ame me la, woawoe nye nu siwo naa ame zua ame makɔmakɔ.”
16 * ——
17 Ke esi wòdzo le ameha la gbɔ yi ɖe aƒe aɖe me la, eƒe nusrɔ̃lawo te nyabiabiae tso kpɔɖeŋua ŋu.
18 Eye wògblɔ na wo be: “Ame masenugɔmewo miawo hã mienye abe woawo ke enea? Ðe mienya be naneke metsoa gota yina ɖe ame me, si ate ŋu ana wòazu ame makɔmakɔ o,
19 elabena megena ɖe eƒe dzi me o, ke boŋ eƒe dɔkaviwo me wògena ɖo, eye wòdenɛ ɖe nugodo oa?” Eya ta ebu nuɖuɖuwo katã be wole dzadzɛ.
20 Egagblɔ be: “Nu si doa go tso ame me lae naa ame zua ame makɔmakɔ;
21 elabena ememe, amegbetɔwo ƒe dzi me, ye susu vɔ̃wo doa go tso: agbe gbegblẽ nɔnɔwo, fififiwo, amewuwuwo,
22 ahasiwɔwɔwo, ŋubiabiãwo, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, beble, ŋukpenanuwɔwɔ, ŋku si biãa ŋu, busunyagbɔgblɔ, ɖokuidodoɖedzi, movidzɔdzɔ.
23 Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso ame me, eye wonaa ame zua ame makɔmakɔ.”
24 Eye wòtso le afi ma hedzo yi Tiro kple Zidon nutowo me. Eye wòge ɖe aƒe aɖe me, eye medi be ame aɖeke nanya o. Ke hã, mete ŋu ɣla eɖokui o;
25 enumake nyɔnu aɖe si ƒe vinyɔnuvi me gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe le la se eŋkɔ, eye wòva bɔbɔ ɖe eƒe afɔ nu.
26 Nyɔnua nye Helatɔ, Sirofoinike vidzidzi; eye wòyi edzi nɔ kuku ɖem nɛ be wòanya gbɔgbɔ vɔ̃ la ado goe le ye vinyɔnuvia me.
27 Gake egblɔ nɛ be: “Na ɖeviwo naɖi ƒo gbã, elabena mesɔ be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe ɖo ɖe avuviwo o.”
28 Gake eɖo eŋu nɛ gblɔ be: “Aƒetɔ, ele nenema baa, ke hã, avuvi siwo le kplɔ̃a te la ɖua ɖeviwo ƒe nuɖuɖu wuwlui siwo gena.”
29 Eya ta egblɔ nɛ be: “Esi nègblɔ nya sia ta la, heyi; gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le viwònyɔnuvia me.”
30 Ale nyɔnu la dzo yi aƒe me, eye wòkpɔ ɖevi sue la wòmlɔ anyi ɖe aba dzi, eye gbɔgbɔ vɔ̃ la do go.
31 Ke esi wòtrɔ tso Tiro nutoawo me la, eto Zidon heva to Dekapoli* nutoawo me yi Galilea ƒu la nu.
32 Le afi sia la, wokplɔ ame aɖe si nye tokunɔ, eye mete ŋu ƒoa nu nyuie o la va egbɔ, eye woɖe kuku nɛ vevie be wòada asi ɖe edzi.
33 Eye wòkplɔe do le ameha la dome yi afi si ame aɖeke mele o, eye wòtsɔ eƒe asibidewo ƒo ɖe amea ƒe towo me, esi wòɖe ta vɔ la, eka asi eƒe aɖe ŋu.
34 Eye esi wòkpɔ dziƒo la, eɖe hũ sesĩe, eye wògblɔ nɛ be: “Efata,” si gɔmee nye: “Ʋu.”
35 Tete eƒe towo ʋu, eye eƒe aɖeka hã ɖɔ ɖo, eye wòte nuƒoƒo nyuie.
36 Eye wòde se na wo be woagagblɔe na ame aɖeke o; gake zi ale si wòde se na woe la, zi nenema kee woɖea gbeƒãe lelele.
37 Vavãe, wolulu ale gbegbe, eye wogblɔ be: “Ewɔa nuwo katã nyuie. Enana kura gɔ̃ hã be tokunɔwo sea nu, eye mumuwo ƒoa nu.”