Marko 5:1-43
5 Eye wova ɖo ƒua ƒe go kemɛ, le Gerasatɔwo ƒe anyigba dzi.
2 Eye esi wòdo go tso tɔdziʋua me teti ko la, ŋutsu aɖe si dzi gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe kpɔ ŋusẽ ɖo la do tso ŋkuɖodziyɔdowo dome va kpee.
3 Yɔdoawo domee nye enɔƒe; eye va se ɖe ɣemaɣi la, ame aɖeke mete ŋu blae alo de kɔsɔkɔsɔe kura gɔ̃ hã o,
4 elabena wode kunyowu kple kɔsɔkɔsɔ eyama enuenu, gake etsoa kɔsɔkɔsɔawo, eye wòŋea kunyowuawo; eye ŋusẽ menɔa ame aɖeke ŋu wòkpea edzi o.
5 Eye enɔa ɣlidodo dzi le yɔdowo me kple towo dzi zã kple keli, eye wòtsɔa kpewo nɔ eɖokui sim.
6 Gake esi eƒe ŋku kli Yesu le adzɔge ɖaa la, eƒu du va bɔbɔ nɛ,
7 eye esi wòdo ɣli kple gbe sesẽ la, egblɔ be: “Nya kae le mía kpli wò dome, Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Meta Mawu na wò be mègawɔ funyafunyam o.”
8 Elabena enɔ gbɔgblɔm nɛ be: “Wò gbɔgbɔ makɔmakɔ, do go le amea me.”
9 Gake ebia amea be: “Ŋkɔwò ɖe?” Eye wògblɔ nɛ be: “Ŋkɔnyee nye Aʋakɔ, elabena míesɔ gbɔ.”
10 Eye wònɔ kukuɖeɖe dzi nɛ vevie be wòaganya gbɔgbɔawo adzoe le nutoa me o.
11 Ke hawo ƒe ha gã aɖe nɔ afi ma nɔ nu ɖum le toa dzi.
12 Eya ta woɖe kuku nɛ vevie gblɔ be: “Nya mí ɖo ɖe haawo me, be míage ɖe wo me.”
13 Eye wòɖe mɔ na wo. Eye gbɔgbɔ makɔmakɔawo do go yi ɖe haawo me; tete haawo ƒu du sesĩe to to la kɔgo va ge dze ƒu la me doo, woanɔ abe akpe eve ene, eye wono tsi ku ɖekaɖeka, ɖe ƒu la me.
14 Gake ame siwo le wo kplɔm la si, eye wova ka nya la ta le dua me kple agbletawo; eye amewo va be, yewoakpɔ nu si wònye dzɔ.
15 Eya ta wova Yesu gbɔ, eye wokpɔ ŋutsu si me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ, ŋutsu sia si me aʋakɔa nɔ, la wòdo awu henɔ anyi, eye eƒe mo kɔ nyuie; eye vɔvɔ̃ ɖo wo.
16 Eye ame siwo kpɔ eteƒe la gblɔ ale si nu sia dzɔ ɖe ŋutsu si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la dzi, kple haawo ŋuti nya, na wo.
17 Eya ta wode asi kukuɖeɖe me nɛ vevie be wòadzo le yewoƒe nutoawo me.
18 Ke esi wònɔ gegem ɖe tɔdziʋua me la, ŋutsu si me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ la de asi kukuɖeɖe me nɛ vevie be yeanɔ eŋuti.
19 Gake mena mɔe o, ke boŋ egblɔ nɛ be: “Yi aƒe me le wò ƒometɔwo gbɔ, eye nàgblɔ nu siwo katã Yehowa wɔ na wò, kple ale si wòkpɔ nublanui na wòe la na wo.”
20 Eye wòdzo hete gbeƒãɖeɖe tso nu siwo katã Yesu wɔ nɛ la ŋu le Dekapoli,* eye ameawo katã tsi yaa.
21 Esi Yesu nɔ tɔdziʋua me gatso ƒua va go kemɛ dzi la, ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖe eŋu; eye wònɔ ƒua nu.
22 Ke ƒuƒoƒea dzi kpɔlawo dometɔ ɖeka, si ŋkɔe nye Yairo va, eye esi eƒe ŋku klii la, ebɔbɔ ɖe eƒe afɔ nu,
23 eye wònɔ kukuɖeɖe dzi nɛ vevie gblɔ be: “Vinyenyɔnuvi ɖo kudo nu. Meɖe kuku, va da asi ɖe edzi be wòahaya, ne wòanɔ agbe.”
24 Eye wòyi kplii. Ke ameha gã aɖe dze eyome, eye womimii ɖo.
25 Ke nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ la nɔ afi ma,
26 eye wòkpe fu tsa le atikewɔla geɖewo dzi, eye wòzã eƒe nunɔamesiwo katã, gake dɔa meka ɖe eme nɛ o, enyra ɖe edzi boŋ.
27 Esi wòse Yesu ŋkɔ la, ezɔ to emegbe le ameha la dome va ka asi eƒe awudziwui ŋu;
28 elabena enɔ gbɔgblɔm be: “Ne meka asi eƒe awudziwuiwo teti ŋu la, mahaya.”
29 Eye enumake ʋu si le dodom le eŋu la tso, eye wòse le eƒe lãme be dɔléle vɔ̃ɖi sia vɔ na ye.
30 Enumake Yesu se le eɖokui me be ŋusẽ do go le ye me, eye wòtrɔ kɔ le ameha la dome hete gbɔgblɔ be: “Ame kae ka asi nye awudziwuiwo ŋu?”
31 Gake eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be: “Èkpɔe be ameha la le mimiwòm ɖo tso, evɔ nèbe, ‘Ame kae ka asi ŋunye?’”
32 Gake enɔ ŋku tsam be yeakpɔ nyɔnu si wɔ nu sia.
33 Gake esi nyɔnu sia si le vɔvɔ̃m hele dzodzom nyanyanya la nya nu si dzɔ ɖe edzi ta la, eva bɔbɔ ɖe ekɔme hegblɔ nyateƒe blibo la katã nɛ.
34 Yesu gblɔ nɛ be: “Vinyenyɔnu, wò xɔse na nèhaya. Heyi le ŋutifafa me, eye wò lãme nahaya tso dɔléle vɔ̃ɖi sia me.”
35 Esi wògale nuƒoƒo dzi la, ame aɖewo tso ƒuƒoƒea dzi kpɔla la ƒe aƒe me va gblɔ be: “Viwònyɔnuvi la ku! Nu ka ƒe fue nàgaɖe na nufiala la?”
36 Gake esi Yesu se nya si gblɔm wonɔ la, egblɔ na ƒuƒoƒea dzi kpɔla la be: “Mègavɔ̃ o, wò ya ɖee fia be yexɔ se ko.”
37 Ke meɖe mɔ na ame aɖeke be wòakplɔ ye ɖo o, negbe Petro kple Yakobo kpakple Yohanes, Yakobo nɔvi, la ko.
38 Ale wova ƒuƒoƒea dzi kpɔla la ƒe aƒe me, eye wòkpɔ ale si zitɔtɔ nɔ teƒea kple ame siwo nɔ avi fam henɔ ɣli dom bobobo,
39 eye esi wòge ɖe aƒea me la, egblɔ na wo be: “Nu ka tae aƒea me tɔ zi, eye miele avi fam? Ðevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.”
40 Tete wote ekoko fewuɖuɖutɔe. Gake esi wònya wo katã do goe la, ekplɔ ɖevi la fofo kple dadaa kpakple ame siwo kpe ɖe eŋu la ɖe asi, eye wòyi afi si ɖevi la nɔ.
41 Eye esi wòlé ɖevi la ƒe alɔnu la, egblɔ nɛ be: “Talita kumi,” si gɔmee nye: “Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò be, Tsi tsitre!”
42 Eye enumake nyɔnuvi la tsi tsitre, eye wòte zɔzɔ, elabena exɔ ƒe wuieve. Eye enumake gbɔgblɔ bu ɖe wo le dzidzɔ si gbegbe wokpɔ la ta.
43 Gake ede se na wo vevie ŋutɔ be woagana ame aɖeke nase nya sia o, eye wòbe woadi nane nɛ wòaɖu.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo “du ewoawo.”