Marko 2:1-28

2  Ke hã, le ŋkeke aɖewo megbe la, egage ɖe Kapernaum, eye amewo se be ele aƒe me.  Eya ta ame geɖewo va ƒo ƒu, wosɔ gbɔ ale gbegbe be teƒe aɖeke meganɔ anyi o, mɔ menɔ ʋɔtrua nu kura gɔ̃ hã o, eye wòte nya la gbɔgblɔ na wo.  Eye amewo kplɔ lãmetututɔ aɖe si ame ene kɔ la gbɔna egbɔ.  Gake le esi womete ŋu kɔe va ɖo Yesu gbɔ o le ameha la ŋuti ta la, wofo xɔ si me wònɔ la tame, eye esi woŋɔe vɔ la, woɖiɖi aba si dzi lãmetututɔ la mlɔ la ɖe anyi.  Eye esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, egblɔ na lãmetututɔ la be: “Vinye, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke.”  Ke agbalẽfialawo dometɔ aɖewo bɔbɔ nɔ anyi ɖe afi ma, eye wonɔ susum le woƒe dziwo me be:  “Nu ka tae ŋutsu sia le nu ƒom alea? Ele busunya gblɔm. Ame kae ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko oa?”  Gake esi Yesu nya le eƒe gbɔgbɔ me enumake be wonɔ susum le wo ɖokuiwo me nenema la, egblɔ na wo be: “Nu ka tae miele nu siawo ŋu bum le miaƒe dziwo me?  Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke’ loo, alo be woagblɔ be, ‘Tso, nàtsɔ wò aba, eye nàzɔ’? 10  Ke ne mianyae be ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be wòatsɔ nu vɔ̃wo ake le anyigba dzi la,”. . . egblɔ na lãmetututɔa be: 11  “Mele egblɔm na wò be, Tso, tsɔ wò aba, eye nàyi aƒewò me.” 12  Tete wòtso, eye wòtsɔ eƒe aba enumake hezɔ do go le wo katã ŋkume, ale be ɖeko woƒe nu ku, eye wodo Mawu ɖe dzi, nɔ gbɔgblɔm be: “Míekpɔ etɔgbi kpɔ o.” 13  Eye wògado go yi ƒu la nu; eye ameha blibo la yi edzi nɔ egbɔ vam, eye wòte nufiafia wo. 14  Ke esi wòva yina la, eƒe ŋku kli Alfeo vi Lewi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.” Eye esi wòtso la, edze eyome. 15  Emegbe eva eme be enɔ kplɔ̃ ŋu le eƒe aƒe me, eye nudzɔla kple nu vɔ̃ wɔla geɖewo nɔ kplɔ̃ ŋu kple Yesu kpakple eƒe nusrɔ̃lawo, elabena wosɔ gbɔ, eye wodze eyome. 16  Gake esi Farisitɔwo ƒe agbalẽfialawo kpɔ be enɔ nu ɖum kple nu vɔ̃ wɔlawo kpakple nudzɔlawo la, wote gbɔgblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nudzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo hãe wòɖua nu kplia?” 17  Esi Yesu se nya sia la, egblɔ na wo be: “Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã atikewɔla o, gake ame siwo le dɔ lém la hiãe. Meva be mayɔ nu vɔ̃ wɔlawo, ke menye ame dzɔdzɔewo o.” 18  Ke Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna. Eya ta wova gblɔ nɛ be: “Nu ka tae Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo ƒe nusrɔ̃lawo tsia nu dɔna, evɔ wò nusrɔ̃lawo ya metsia nu dɔna o?” 19  Eye Yesu gblɔ na wo be: “Esime ŋugbetɔsrɔ̃ le exɔlɔ̃awo gbɔ la, ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃awo mate ŋu atsi nu adɔ o, alo menye nenemae oa? Zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ la, womate ŋu atsi nu adɔ o. 20  Gake ŋkekewo li gbɔna, esime woakplɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la adzoe le wo gbɔ, eye ekema woatsi nu adɔ le ŋkeke ma me. 21  Ame aɖeke metsɔa avɔ yeye si womenya kpɔ o la ƒe nuɖeɖi tɔna ɖe awudziwui xoxo ƒe vuvu teƒe o; ne ewɔe nenema la, avɔ yeyea ƒe ŋusẽ katã aho awu xoxoa ɖe eɖokui ŋu, eye vuvu la awu tsãtɔ. 22  Eye ame aɖeke mekɔa wain yeye ɖe waingolo xoxowo me o; ne ewɔe nenema la, ekema wain la ana goloawo nawó, eye wain la kple goloawo siaa dome agblẽ. Ke boŋ wokɔa wain yeye ɖe waingolo yeyewo me.” 23  Ke eva eme be enɔ zɔzɔm to nukugblewo me le sabat dzi, eye esi eƒe nusrɔ̃lawo nɔ yiyim la, wode asi nukuawo ŋeŋe me. 24  Eya ta Farisitɔwo va gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa! Nu ka tae wole nu si mele se nu o la wɔm le sabat dzi?” 25  Gake egblɔ na wo be: “Ðe miexlẽ nu si David wɔ, esime hiã tui, eye dɔ nɔ ewum, eya kple eŋutimewo, la kpɔ oa? 26  Ale si wòge ɖe Mawu ƒe aƒe la me, le nunɔlawo ƒe tatɔ Abiatar ŋuti nuŋlɔɖia me, eye wòɖu abolo siwo wotsɔ ɖoa Mawu ŋkume, siwo ŋu se meɖe mɔ ɖo na ame aɖeke be wòaɖu o, negbe nunɔlawo ko, eye wòna ɖe eŋutimewo hã oa?” 27  Eya ta eyi edzi gblɔ na wo be: “Sabat la va li le amegbetɔ ta, ke menye amegbetɔ le sabat la ta o; 28  eya ta Amegbetɔvi la nye sabat la kura gɔ̃ hã ƒe Aƒetɔ.”

Etenuŋɔŋlɔ