Marko 15:1-47

15  Eye esi fɔŋli ɖo teti ko la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo, ɛ̃, Sanhedrin blibo la katã, de adaŋu, eye wobla Yesu hekplɔe yi ɖade asi na Pilato.  Eye Pilato biae be: “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia laa?” Eɖo eŋu nɛ be: “Wò ŋutɔe le egblɔm.”  Ke nunɔlawo ƒe tatɔwo tso enu le nu geɖewo ŋuti.  Azɔ Pilato gate ebiabia be: “Nya aɖeke mele asiwò nàtsɔ aɖo eŋu oa? Se nya gbogbo siwo tsɔm wole ɖe ŋuwò ɖa.”  Gake Yesu megaɖo nya aɖeke ŋu o, ale be Pilato ƒe mo wɔ yaa.  Ke le ŋkekenyui ɖe sia ɖe dzi la, eɖea asi le gamenɔla ɖeka, si wobia la ŋu na wo.  Ɣemaɣi la, ame aɖe si woyɔna be Baraba la nɔ babla kpe ɖe ame siwo dze aglã ɖe dziɖuɖu ŋu, eye wowu ame le woƒe aglãdzedzea me, la ŋu.  Eya ta ameha la lia yi dzia hete ebiabia be wòawɔ abe ale si wòwɔna na wo ene.  Pilato ɖo eŋu na wo be: “Miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋu na mia?” 10  Elabena enya be ŋuʋaʋã tae nunɔlawo ƒe tatɔwo dee asi ɖo. 11  Gake nunɔlawo ƒe tatɔwo ƒlɔ dzo ɖe ameha la te be, woabia be wòaɖe asi le Baraba boŋ ŋuti na yewo. 12  Eye Pilato gaɖo eŋu gblɔ na wo be: “Ekema nu kae mawɔ na ame si yɔm miele be Yudatɔwo ƒe fia la?” 13  Wogado ɣli be: “Hee ɖe ati ŋu!” 14  Gake Pilato gagblɔ na wo be: “Nu ka ta, nu vɔ̃ɖi kae wòwɔ?” Ðeko woganɔ ɣlidodo dzi sesĩe be: “Hee ɖe ati ŋu!” 15  Ke esi Pilato di be yeadze ameha la ŋu ta la, eɖe asi le Baraba ŋu na wo, eye esi wòna woƒo Yesu kple atam vɔ la, etsɔe de asi be woahee ɖe ati ŋu. 16  Azɔ asrafoawo kplɔe yi ʋɔnudrɔ̃ƒexɔa me, si nye nutomefia la ƒe fiasã la me, eye woyɔ asrafoha blibo la katã ƒo ƒu, 17  eye wodo aɖabɛwu aɖe nɛ, eye wotsɔ ŋuka lɔ̃ fiakuku heɖɔ nɛ. 18  Eye wode asi gbedodo me nɛ be: “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe Fia!” 19  Eye wotsɔa aƒla ƒoa tame nɛ, eye woɖea ta ɖe eŋu, eye wodzea klo hebɔbɔna nɛ. 20  Mlɔeba esi woɖu fewu le eŋu vɔ la, woɖe aɖabɛwu la le eŋu, eye wodo eƒe awudziwuiwo nɛ. Eye wokplɔe do goe, be woahee ɖe ati ŋu. 21  Eye wozi ame aɖe si to afi ma va yina, si nye Simon aɖe, Kirene vidzidzi, si tso agbleta gbɔna, eye wònye Aleksandro kple Rufo fofo, la dzi be wòatsɔ eƒe fuwɔameti la. 22  Eye wokplɔe va teƒe si nye Golgota, si gɔmee nye Ametakoliƒe. 23  Le afi sia la, wodze agbagba be yewoatsɔ wain si wotsɔ mire tsakae la nɛ, gake mexɔe o. 24  Eye wohee ɖe ati ŋu, eye wodzidze nu ɖe eƒe awudziwuiwo dzi, be woakpɔ esi ame sia ame axɔ, eye woma wo. 25  Gaƒoƒo etɔ̃lia* ɖo azɔ, eye wohee ɖe ati ŋu. 26  Eye woŋlɔ nutsotso si wona ɖe eŋu la ɖe eƒe tagbɔ be, “Yudatɔwo Ƒe Fia La.” 27  Eye wohe adzodala eve hã ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋu, ɖeka ɖe eƒe ɖusi me, eye ɖeka ɖe eƒe mia me. 28  * —— 29  Eye ame siwo va nɔ eme tsom nɔ yiyim la nɔ edzum henɔ ta ʋuʋum nɔ gbɔgblɔm be: “Ohoo na wò! Wò ame si gblɔ be yeamu gbedoxɔ la aƒu anyi ahagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ me, 30  ɖi le fuwɔameti la ŋu nàtsɔ aɖe ɖokuiwòe!” 31  Nenema kee nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo nɔ fewu ɖum le wo nɔewo dome be: “Eɖe ame bubuwo; mate ŋu aɖe eya ŋutɔ ɖokui o! 32  Israel ƒe Fia Kristo neɖi tso fuwɔametia ŋu azɔ, ne míakpɔe ahaxɔ edzi ase.” Ame siwo wohe ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋuti kura gɔ̃ hã nɔ vlo domee. 33  Esi gaƒoƒo adelia* ɖo la, viviti do ɖe anyigba blibo la katã dzi va se ɖe gaƒoƒo asiekelia* dzi. 34  Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi la, Yesu do ɣli kple gbe sesẽ be: “Eli, Eli, lama sabaxtani?” si gɔmee nye: “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?” 35  Eye esi ame siwo nɔ tsitre ɖe egbɔ dometɔ aɖewo see la, wote gbɔgblɔ be: “Mise ɖa! Ele Eliya yɔm.” 36  Ke ame aɖe ƒu du tsɔ ƒumekutsa de wain tsitsi me, tsɔe ɖo aƒla nu, eye wòtsɔe nɛ be wòano hegblɔ be: “Miɖe asi le eŋu! Mina míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋu hã.” 37  Gake Yesu do ɣli sesĩe, eye eƒe gbɔgbɔ nu tso. 38  Eye gbedoxɔa ƒe xɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso etame va se ɖe egɔme. 39  Ke esi asrafomegã si nɔ tsitre ɖe egbɔ la kpɔ ale si wòkui la, egblɔ be: “Mawu ƒe Vie ame sia nye vavã.” 40  Nyɔnu aɖewo hã nɔ nu kpɔm tso adzɔge, siwo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ kple Maria, ame si nye Yakobo Suetɔ kple Yose dada, kpakple Salome, 41  ame siwo kplɔnɛ ɖo hesubɔnɛ esime wònɔ Galilea, kpakple nyɔnu bubu geɖe siwo kplɔe ɖo va Yerusalem. 42  Ke esi fiẽsi ɖo, eye wònye Dzadzraɖoŋkeke, si nye ŋkeke si doa ŋgɔ na sabat la ta la, 43  Yosef si tso Arimatia, si nye Adaŋudeha la me tɔ xɔŋkɔ aɖe la va, ame si ŋutɔ hã nɔ Mawu fiaɖuƒe la lalam. Edo dzi yi Pilato gbɔ hebia be wòatsɔ Yesu ƒe kukua ana ye. 44  Gake Pilato meka ɖe edzi ne Yesu ku xoxo o, eya ta esi wòyɔ asrafomegãa la, ebiae se be ɖe wòku xoxo hã. 45  Eye esi asrafomegã la na kakaɖedzii vɔ la, eɖe mɔ na Yosef be wòaxɔ ame kukua. 46  Eya ta eƒle aklala nyui aɖe, eye wòɖee le atia ŋu, exatsa aklala nyui la ɖe eŋu, eye wòtsɔe mlɔ yɔdo aɖe si woɖe ɖe agakpe me la me; eye wòmli kpe aɖe tsɔ xe ŋkuɖodziyɔdoa nu. 47  Gake Maria Magdalatɔ kple Maria, ame si nye Yose dada, nɔ afi si wotsɔe mlɔ la kpɔm.

Etenuŋɔŋlɔ

Ŋdi ga 9 lɔƒo.
Ŋdɔ ga 12 lɔƒo.
Ŋdɔ ga 3 lɔƒo.