Luka 24:1-53

24  Gake le kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, woyi yɔdo la gbɔ le ŋdikanya, eye wotsɔ atike ʋeʋĩ siwo wodzra ɖo la ɖe asi.  Gake wokpɔ be womli kpe la ɖa le ŋkuɖodziyɔdo la nu,  eye esi woge ɖe eme la, womekpɔ Aƒetɔ Yesu ƒe ŋutilã la o.  Esi wotsi dzodzodzoe le esia ŋuti la, kpɔ ɖa! Ŋutsu eve le awu dadzowo me le tsitre ɖe wo gbɔ.  Esi nyɔnuawo vɔ̃, eye wode mo to la, ŋutsuawo gblɔ na wo be: “Nu ka tae miele Ame gbagbe la dim le ame kukuwo dome?  [[Mele afi sia o, ke boŋ wofɔe ɖe tsitre.]] Miɖo ŋku ale si wògblɔ na mi esime wògakpɔtɔ nɔ Galilea la dzi,  be ele be woade Amegbetɔvi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo, eye woahee ɖe ati ŋu, ke hã, afɔ le ŋkeke etɔ̃agbe.”  Azɔ woɖo ŋku eƒe nyawo dzi,  eye wotrɔ tso ŋkuɖodziyɔdoa gbɔ va ka nya siawo katã ta na ame wuiɖekɛawo kple ame susɔeawo katã. 10  Woawoe nye Maria Magdalatɔ, Yohana, kple Maria, Yakobo dada. Eye nyɔnu bubu siwo kpe ɖe wo ŋu la hã nɔ nya siawo gblɔm na apostoloawo. 11  Ke hã, nya siawo ɖi bometsinya na wo, eye womexɔ nyɔnuawo dzi se o. 12  [[Gake Petro tsi tsitre, eye wòƒu du yi ŋkuɖodziyɔdo la gbɔ, eye esi wòbɔbɔ do mo ɖa la, aklalaawo ko wòkpɔ. Eya ta etrɔ dzo henɔ nu si dzɔ la ŋu bum le eɖokui me.]] 13  Ke kpɔ ɖa! Le ŋkeke ma tututu dzi la, wo dometɔ eve nɔ mɔ zɔm yina kɔƒe aɖe si ŋkɔe nye Emaus, si didi vie wu kilometa wuiɖekɛ tso Yerusalem gbɔ, la me, 14  eye wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo tso nu siawo katã, siwo dzɔ la ŋu. 15  Ke esi wonɔ dze ɖom henɔ nyawo dzakam la, Yesu ŋutɔ va tu wo, eye wònɔ zɔzɔm kpli wo; 16  gake woƒe ŋkuwo dzi tsyɔ bene woagakpɔe adze sii o. 17  Egblɔ na wo be: “Nya kawoe nye esiawo, siwo ŋuti miele nya hem le le mia nɔewo dome le miaƒe azɔlizɔzɔ me?” Wotɔ heɖo nublanuimo. 18  Eye wo dometɔ si ŋkɔe nye Kleopa gblɔ nɛ be: “Amedzroe nènye heɖe ɖokuiwò ɖe aga le Yerusalem, si na be mènya nu siwo dzɔ le eme le ŋkeke siawo me oa?” 19  Eye wògblɔ na wo be: “Nu kawoe dzɔ?” Wogblɔ nɛ be: “Nu siwo ku ɖe Yesu Nazaretetɔ, si zu nyagblɔɖila sẽŋu le nya kple nuwɔna me le Mawu kple dukɔ blibo la katã ŋkume, la dzi; 20  kple ale si míaƒe nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dziɖulawo dee asi wotso kufia nɛ, eye wohee ɖe ati ŋu. 21  Ke míawo ya míenɔ mɔ kpɔm be ame siae aɖe Israel; ɛ̃, eye hekpe ɖe nu siawo katã ŋu la, egbee nye ŋkeke etɔ̃agbe si nu siawo dzɔ. 22  Gawu la, mía dome nyɔnu aɖewo hã va gblɔ nukunya aɖe na mí, elabena woyi ŋkuɖodziyɔdo la gbɔ ŋdikanya, 23  gake womekpɔ eƒe kukua o, eye wova gblɔ be yewo hã yewokpɔ mawudɔla aɖewo, eye wogblɔ na yewo be ele agbe. 24  Eye mía dometɔ aɖewo hã yi ŋkuɖodziyɔdoa to; eye wokpɔe nenema, abe ale si tututu nyɔnuawo gblɔe ene, gake womekpɔ eya ŋutɔ o.” 25  Eya ta egblɔ na wo be: “Oo, ame masenugɔmewo kple ame siwo ƒe dzi mexɔa nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ la dzi sena kaba o! 26  Ðe mehiã be Kristo la nakpe nu siawo ƒe fu, eye wòayi eƒe ŋutikɔkɔe la me oa?” 27  Eye esi wòdze egɔme tso Mose kple Nyagblɔɖilawo katã dzi la, eɖe nu siwo katã ku ɖe eya ŋutɔ ŋu le Ŋɔŋlɔawo katã me la me na wo. 28  Mlɔeba la, wogogo kɔƒe si me yim wonɔ, eye wòwɔ abe ɖe wònɔ eme tsom ene. 29  Gake woƒoe ɖe enu gblɔ be: “Tsi mía gbɔ, elabena fiẽ le ɖoɖom, eye ŋkeke la wu enu vɔ.” Ale wòyi be yeatsi wo gbɔ. 30  Eye esi wòbɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋu kpli wo be woaɖu nu la, etsɔ abolo la, yra ɖe edzi, ŋe eme, eye wòtsɔe na wo. 31  Tete woƒe ŋkuwo ʋu nyuie, eye wokpɔe dze sii; eye wòbu le wo gbɔ. 32  Eye wogblɔ na wo nɔewo be: “Ðe míaƒe dzi menɔ dzo lém le mía me, esi wònɔ nu ƒom na mí le mɔa dzi, henɔ Ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí tsitotsito oa?” 33  Eye le gaƒoƒo ma tututu dzi la, wotsi tsitre hetrɔ yi Yerusalem, eye wokpɔ ame wuiɖekɛawo kple ame siwo kpe ɖe wo ŋu la woƒo ƒu ɖi, 34  nɔ gbɔgblɔm be: “Wofɔ Aƒetɔ la ɖe tsitre vavã, eye wòɖe eɖokui fia Simon!” 35  Azɔ woawo ŋutɔwo hã wogblɔ nu siwo va dzɔ le mɔa dzi kple ale si wokpɔe dze sii le ale si wòŋe aboloa me la na wo. 36  Esi wonɔ nu ƒom tso nu siawo ŋu la, eya ŋutɔ va tsi tsitre ɖe wo titina [[hegblɔ na wo be: “Ŋutifafa na mi.”]] 37  Gake esi dzika tso wo ƒo, eye wovɔ̃ ta la, wonɔ susum be gbɔgbɔ aɖee yewokpɔ. 38  Eya ta egblɔ na wo be: “Nu ka ŋuti mietɔtɔ, eye nu ka tae ɖikeke ɖo miaƒe dziwo me? 39  Mikpɔ nye asiwo kple nye afɔwo ɖa, be nye ŋutɔŋutɔe; mili asi ŋunye, eye miakpɔe, elabena ŋutilã kple ƒu mele gbɔgbɔ si, abe ale si miele ekpɔm be ele ŋunye la ene o.” 40  [[Eye esi wògblɔ esia la, etsɔ eƒe asiwo kple afɔwo fia wo.]] 41  Ke esi womenɔ edzi xɔm nɔ sesem o le dzidzɔ si ɖeɖe wokpɔ ta, eye wònɔ nuku wɔm na wo la, egblɔ na wo be: “Nuɖuɖu aɖe le mia sia?” 42  Eye wotsɔ tɔmelã memee aɖe nɛ; 43  eye wòxɔe heɖui le wo ŋkume. 44  Azɔ egblɔ na wo be: “Nya siawoe megblɔ na mi esime megakpɔtɔ nɔ mia gbɔ, be ele be nu siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe sea kple Nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋunye la nava eme.” 45  Azɔ eʋu woƒe susu nyuie, bene woase Ŋɔŋlɔawo gɔme, 46  eye wògblɔ na wo be: “Aleae woŋlɔe ɖi be Kristo la akpe fu, eye wòafɔ tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe, 47  eye le eƒe ŋkɔ dzi la, woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke le dukɔwo katã me—midze egɔme tso Yerusalem, 48  mianye nu siawo ƒe ɖasefowo. 49  Eye kpɔ ɖa! Mele nu si ŋugbe Fofonye do la ɖom ɖe mia dzi. Ke miawo la, minɔ dua me va se ɖe esime woatsɔ ŋusẽ tso dziƒo ado na mi.” 50  Ke ekplɔ wo do go va se ɖe keke Betania ke, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo. 51  Esi wònɔ wo yram la, woɖee ɖa le wo ŋu, eye wote ekɔkɔ yi dziƒo. 52  Eye wobɔbɔ nɛ, eye wotrɔ va Yerusalem kple dzidzɔ gã aɖe. 53  Eye wonɔ gbedoxɔa me ɖaa nɔa Mawu kafum.

Etenuŋɔŋlɔ