Luka 18:1-43

18  Eye wòyi edzi wɔ kpɔɖeŋu aɖe na wo tso ale si wòhiã be woanɔ gbe dom ɖa ɣesiaɣi, eye woagana ta o la ŋuti,  gblɔ be: “Ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ du aɖe me, si mevɔ̃a Mawu o, eye mebua ame aɖeke hã o.  Ke ahosi aɖe nɔ du ma me, eye wòyia egbɔ enuenu gblɔna nɛ be: ‘Drɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe ne nàɖem tso ame si tsɔ nya ɖe ŋunye la si me.’  Gake menɔ lɔlɔ̃m o hena ɣeyiɣi aɖe, ke emegbe la, egblɔ na eɖokui be: ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu alo bua ame aɖeke o hã la,  le esi ahosi sia yi edzi le fu ɖem nam ta la, makpɔ egbɔ be wodrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ godoo, ale be wòagayi edzi anɔ vavam, ava de fe ŋkume nam o.’”  Eye Aƒetɔ la gblɔ be: “Mise nya si ʋɔnudrɔ̃la sia gblɔ ɖa, togbɔ be enye ame madzɔmadzɔ hã!  Ekema, ɖe Mawu mana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na eƒe ame tiatia siwo doa ɣli nɛ zã kple keli, togbɔ be ele wɔwɔm blewu le wo gome hã, la oa?  Mele egblɔm na mi be: Ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na wo kaba. Ke hã, ne Amegbetɔvi la va ɖo la, ɖe wòakpɔ xɔse la le anyigba dzi vavãa?”  Ke ewɔ kpɔɖeŋu sia hã na ame aɖewo, siwo kana ɖe wo ɖokuiwo dzi be yewonye ame dzɔdzɔewo, eye wobua ame susɔeawo be womele ɖeke me o, la be: 10  “Ame eve yi gbedoxɔ me be yewoado gbe ɖa, ame ɖeka nye Farisitɔ, eye evelia nye nudzɔla. 11  Farisitɔ la nɔ tsitrenu, eye wòde asi nya siawo gbɔgblɔ me na eɖokui be: ‘Oo, Mawu, meda akpe na wò be nyemele abe ame bubuawo, akpasesẽnuxɔlawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo nudzɔla sia kura gɔ̃ hã, ene o. 12  Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me, menana nu siwo katã mekpɔ la ƒe ewolia.’ 13  Gake nudzɔlaa, si le tsitre ɖe adzɔge ke la, medi be yeawu mo dzi gɔ̃ hã akpɔ dziƒo o, ke enɔ eƒe akɔta ƒom nɔ gbɔgblɔm be, ‘Oo, Mawu, kpɔ nublanui nam, nye, nu vɔ̃ wɔla.’ 14  Mele egblɔm na mi be: Ame sia trɔ yi aƒe me, eye wobui ame dzɔdzɔe wu ame ma; elabena ame sia ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, gake ame si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.” 15  Azɔ amewo te wo vi suewo kpɔkplɔ va egbɔ, be wòaka asi wo ŋu; gake esi nusrɔ̃lawo kpɔe la, wote bublu ɖe wo ta. 16  Ke hã, Yesu yɔ ɖevi sueawo va eɖokui gbɔ gblɔ be: “Mina ɖevi sueawo nava gbɔnye, eye migate kpɔ be yewoaxe mɔ na wo o. Elabena ame siawo ƒomevi tɔe nye Mawu fiaɖuƒe la. 17  Vavã mele egblɔm na mi be: Ame sia ame si mexɔa Mawu fiaɖuƒe la abe ale si ɖevi sue axɔe ene o la mate ŋu ayi ɖe eme gbeɖe o.” 18  Eye amegã aɖe biae be: “Nufiala Nyui, nu ka wɔwɔe ana manyi agbe mavɔ dome?” 19  Yesu gblɔ nɛ be: “Nu ka ta nèle yɔyem be nyui? Ame aɖeke menye ame nyui o, negbe ame ɖeka ko, si nye Mawu. 20  Ènya sededeawo ɖe: ‘Mègawɔ ahasi o, Mègawu ame o, Mègafi fi o, Mègaɖi aʋatsoɖase o, Bu fofowò kple dawò.’” 21  Eye wògblɔ be: “Mewɔa nu siawo katã tso nye ɖevime ke.” 22  Esi Yesu se nya sia la, egblɔ nɛ be: “Egasusɔ nu ɖeka na wò: Dzra nu siwo katã le asiwò, eye nàma wo na ame dahewo, eye nu xɔasiwo anɔ asiwò le dziƒo; eye va dze yonyeme.” 23  Esi wòse nya sia la, exa nu vevie, elabena kesinɔtɔ gã aɖee wònye. 24  Yesu kpɔe dũu hegblɔ be: “Asesẽ ŋutɔ na ame siwo si ga le la be woage ɖe Mawu fiaɖuƒea me vavã! 25  Nyateƒee, ele bɔbɔe na kposɔ be wòato tɔnui ƒe do me, wu be kesinɔtɔ nage ɖe Mawu fiaɖuƒe la me.” 26  Ame siwo se nya sia la gblɔ be: “Ekema ame ka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe?” 27  Egblɔ be: “Nu siwo womate ŋu awɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, woate ŋu awɔ wo le Mawu ya gbɔ.” 28  Gake Petro gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Míegblẽ mía ŋutɔwo ƒe nuwo ɖi, eye míedze yowòme.” 29  Egblɔ na wo be: “Vavã mele egblɔm na mi be: Ame aɖeke meli, si gblẽ aƒe alo srɔ̃nyɔnu alo nɔviŋutsuwo alo dzilawo alo viwo ɖi le Mawu fiaɖuƒe la ta, 30  si makpɔ wo ɖe eteƒe zi gbɔ zi geɖe le ɣeyiɣi sia me o, kple agbe mavɔ le nuɖoanyi si gbɔna la me.” 31  Eye wòyɔ ame wuieveawo ɖe kpɔe gblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa! Míeyina Yerusalem, eye nu siwo katã woto nyagblɔɖilawo dzi ŋlɔ ku ɖe Amegbetɔvi la ŋu la ava eme keŋkeŋ. 32  Le kpɔɖeŋu me, woadee asi na dukɔwo me tɔwo, eye woaɖu fewu le eŋu, eye woaɖi gbɔe, eye woaɖe ta ɖe eŋu; 33  eye ne woƒoe kple atam vɔ la, woawui, gake le ŋkeke etɔ̃agbe la, afɔ ɖe tsitre.” 34  Ke hã, womese nu siawo dometɔ aɖeke gɔme o; ke boŋ woɣla nya sia ɖe wo, eye womenya nu siwo gblɔm wònɔ o. 35  Ke esi wònɔ Yerixo gogom la, ŋkuagbãtɔ aɖe nɔ anyi ɖe mɔ to nɔ nu biam. 36  Esi wòse ameha aɖe ŋkɔ wòva yina la, ede asi biabia me be nu kae le dzɔdzɔm hã. 37  Wogblɔ nɛ be: “Yesu Nazaretetɔ lae va yina!” 38  Tete wòdo ɣli gblɔ be: “Yesu, David Vi, kpɔ nublanui nam!” 39  Eye ame siwo dze ŋgɔ la te nyanyra ɖee be wòazi ɖoɖoe, ke egado ɣli sesĩe wu be: “David Vi lee, kpɔ nublanui nam dzro!” 40  Tete Yesu tɔ, eye wògblɔ be woakplɔ amea ava ye gbɔ. Esi wòte ɖe eŋu la, Yesu biae be: 41  “Nu kae nèdi be mawɔ na wò?” Egblɔ be: “Aƒetɔ na magakpɔ nu.” 42  Eya ta Yesu gblɔ nɛ be: “Gakpɔ nu; wò xɔse na nèhaya.” 43  Eye enumake wògakpɔ nu, eye wòdze eyome henɔ Mawu dom ɖe dzi. Eye ameawo katã, esi wokpɔe la, woawo hã wotsɔ kafukafu na Mawu.

Etenuŋɔŋlɔ