Luka 12:1-59

12  Le ɣeyiɣi sia me, esi ameha si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo va ƒo ƒu, ale be wonɔ afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo gbã be: “Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu, si nye alakpanuwɔwɔ, la ŋuti.  Ke wometsyɔ nu naneke dzi nyuie, si womava ɖe ɖe go o, eye naneke mele ɣaɣla, si mava dze gaglãa woakpɔ o.  Eya ta nya siwo miegblɔna le viviti me la, woava see le kekeli nu, eye nya si miedo dalĩ gblɔ le xɔ si me ame aɖeke mele o me la, woanɔ xɔwo tame aɖe gbeƒãe.  Gawu la, xɔ̃nyewo, mele egblɔm na mi be: Migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã, eye le esia megbe la, womagate ŋu awɔ naneke wu ema o la o.  Ke mafia ame si miavɔ̃ la mi: Mivɔ̃ ame si, ne ewu ame vɔ la, ŋusẽ gale esi be wòatsɔe aƒu gbe ɖe Gehena.* Ɛ̃, mele egblɔm na mi be, mivɔ̃ Ame sia.  Wodzraa atsutsrɔe atɔ̃ xɔa gaku eve siwo ƒe home le sue, menye nenemae oa? Ke hã, womeŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã be le Mawu ŋkume o.  Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã gɔ̃ hã. Migavɔ̃ o; miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.  “Eya ta mele egblɔm na mi be: Ame sia ame si ʋua eme le amewo ŋkume be tɔnyee yenye la, Amegbetɔvi la hã aʋu eme le mawudɔlawo ŋkume be ye tɔe wònye.  Gake ame si agbe nu le gbɔnye le amewo ŋkume la, woagbe nu le eya hã gbɔ le mawudɔlawo ŋkume. 10  Eye ame sia ame si gblɔa nya aɖe tsi tsitre ɖe Amegbetɔvi la ŋu la, woatsɔe akee; gake ame si gblɔa busunya ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la, womatsɔe akee o. 11  Ke ne wokplɔ mi yi amehawo, dziɖulawo, kple ŋusẽtɔwo ŋkume la, migatsi dzimaɖi le ale si alo nya si miatsɔ aʋli mia ɖokui ta, alo le nya si miagblɔ la ŋuti o; 12  elabena gbɔgbɔ kɔkɔe la afia nu si wòle be miagblɔ le gaƒoƒo ma tututu me la mi.” 13  Eye ameha la me tɔ aɖe gblɔ nɛ be: “Nufiala, gblɔ na nɔvinye be wòama domenyinu la kplim.” 14  Egblɔ nɛ be: “Ame, ame kae ɖom ʋɔnudrɔ̃la alo numala ɖe mia nu?” 15  Azɔ egblɔ na wo be: “Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ ʋuʋu, eye mikpɔ nyuie, eye minɔ ŋudzɔ ɖe ŋukeklẽ ɖe sia ɖe ƒomevi ŋu, elabena ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, eƒe agbe menɔa te ɖe nu siwo le esi la dzi o.” 16  Ale wòwɔ kpɔɖeŋu aɖe na wo gblɔ be: “Kesinɔtɔ aɖe ƒe anyigba wɔ nu nyuie. 17  Eya ta ete bubu le eɖokui me be, ‘Esi teƒe aɖeke megale asinye madzra nye agblemenukuwo ɖo o ɖe, nu ka wɔ ge mala?’ 18  Eya ta egblɔ be, ‘Mawɔe ale: Mamu nye nudzraɖoƒewo, eye matu esiwo lolo wu; afi mae madzra nye nuku la katã kple nye nu nyuiwo katã ɖo; 19  eye magblɔ na nye luʋɔ be: “Luʋɔ, wodzra nu nyui geɖe ɖo ɖi na wò hena ƒe geɖewo; ɖe dzi ɖi, ɖu nu, no nu, na dzi nadzɔ wò.”’ 20  Gake Mawu gblɔ nɛ be, ‘Movitɔ, woabia wò luʋɔ tso asiwò zã sia me. Ekema ame ka tɔe nu siwo nèdzra ɖo ɖi la ava zu?’ 21  Nenemae wònɔna na ame si ƒo nu xɔasiwo nu ƒu na eɖokui, gake menye kesinɔtɔ le Mawu gbɔ o.” 22  Azɔ egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Esia tae mele egblɔm na mi be: Midzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe miaƒe luʋɔwo ŋu le nu si miaɖu ŋuti, alo le miaƒe ŋutilãwo ŋu le nu si miado ŋuti. 23  Elabena luʋɔ la wu nuɖuɖu, eye ŋutilã la wu nudodo. 24  Mide dzesii nyuie be akpaviãwo meƒãa nu alo ŋea nu o, eye ava alo nudzraɖoƒe mele wo si o, ke hã Mawu nyia wo. Ðe miexɔ asi sãsãsã wu xeviwo oa? 25  Mia dometɔ kae ate ŋu atsɔ abɔklugui ɖeka ƒe didime akpe ɖe eƒe agbenɔƒe ŋu le dzimaɖitsitsi ta? 26  Eya ta ne miate ŋu awɔ nu suetɔ o la, ke nu ka tae miatsi dzimaɖi ɖe nu susɔeawo ŋu? 27  Mide dzesi ale si dzogbenyawo tsinae la nyuie; womekpea fu alo trea ɖeti o; gake mele egblɔm na mi be: Salomo gɔ̃ hã, le eƒe ŋutikɔkɔe la katã me la, meɖo atsyɔ̃ de esiawo dometɔ ɖeka nu o. 28  Ke ne Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe me numiemie si li egbe, eye etsɔ ko woatsɔe aƒu gbe ɖe dzokpo me nenema la, ɖe maɖo atsyɔ̃ na miawo ya geɖe wu oa? Mi xɔse ʋɛ tɔwo! 29  Eya ta midzudzɔ nu si miaɖu kple nu si miano la didi, eye midzudzɔ dzimaɖi dzodzro tsitsi; 30  elabena nu siawoe nye nu siwo yome xexemedukɔwo nɔna vevie, gake mia Fofo nyae be miehiã nu siawo. 31  Ke hã, minɔ eƒe fiaɖuƒe la didi dzi, eye woatsɔ nu siawo akpee na mi. 32  “Alẽha sue, mègavɔ̃ o, elabena edze mia Fofo la ŋu be yeatsɔ fiaɖuƒe la ana mi. 33  Midzra nu siwo le mia si la, eye mina nu ame dahewo le nublanuikpɔkpɔ ta. Miwɔ gakotoku siwo megblẽna o la na mia ɖokui, nu xɔasi siwo mevɔna o la ɖe dziƒo, afi si fiafitɔ megogona o, eye agbagblaʋui megblẽa nu le o. 34  Elabena afi si wò nu xɔasi le la, afi mae wò dzi hã anɔ. 35  “Mina miaƒe aliwo dzi nanɔ babla, eye miaƒe akaɖiwo nanɔ bibim, 36  eye minɔ abe ame siwo le woƒe aƒetɔ lalam esime wògbɔna tso srɔ̃ɖeƒe ene, be ne eva ɖo heƒo ʋɔa la, ne woaʋui nɛ enumake. 37  Dzidzɔtɔwoe nye kluvi mawo siwo aƒetɔ la kpɔna be wole ŋudzɔ ne eva ɖo! Vavã mele egblɔm na mi be: Eya ŋutɔ abla ali dzi, eye wòana woanɔ kplɔ̃ ŋu, eye wòava subɔ wo. 38  Eye dzidzɔtɔwoe woanye ne eva le ŋudzɔɣi evelia me, alo le etɔ̃lia* kura gɔ̃ hã me, eye wòkpɔ wo nenema! 39  Gake minya esia bena, ne ɖe aƒetɔa anya gaƒoƒo si dzi fiafitɔ la ava la, anye ne enɔ ŋudzɔ, eye maɖe mɔ nɛ be wòadze kpɔ age ɖe eƒe aƒe me o. 40  Miawo hã minɔ dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo si ɖewohĩ miesusu o la dzi.” 41  Eye Petro gblɔ be: “Aƒetɔ, míawoe nèle kpɔɖeŋu sia wɔm na loo alo na amewo katã hã?” 42  Eye Aƒetɔ la gblɔ be: “Ame ka tututue nye aƒedzikpɔla nyateƒetɔ, si dze aɖaŋu, si eƒe aƒetɔ aɖo eƒe subɔviwo ƒe ha la nu, be wòanɔ nuɖuɖu si asu na wo la nam wo ɣesiaɣi le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi? 43  Dzidzɔtɔe kluvi ma anye ne eƒe aƒetɔ gbɔ va kpɔe wòle ewɔm nenema! 44  Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be: Atsɔe aɖo eƒe nunɔamesiwo katã nu. 45  Gake ne kluvi ma agblɔ le eƒe dzi me be, ‘Nye aƒetɔ mele gbɔgbɔm kaba o,’ eye wòade asi dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu ahamu aha la, 46  kluvi ma ƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si dzi mele mɔ kpɔm nɛ o la dzi kple gaƒoƒo si menya o la me, eye wòahe to nɛ vevie, eye wòana gomee akpe ɖe ame mawɔnuteƒewo ŋu. 47  Ekema woaƒo kluvi ma si nya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu, gake menɔ dzadzraɖoɖi alo wɔ eƒe lɔlɔ̃nu o la geɖe. 48  Gake ame si menyae o, eye le esia ta wòwɔ nu si dze ƒoƒo la, woaƒoe ʋɛe. Vavãe, ame sia ame si wona nu geɖee la, woabia nu geɖe tso esi; eye ame si amewo tsɔ ɖo nu geɖe nu la, woabia nu geɖe wu tso esi. 49  “Meva dzo do ge ɖe anyigba dzi, eye ne dzoa le lelém xoxo ɖe, nu kae magadi? 50  Nyateƒee, nyɔnyrɔ aɖe li wòle be woatsɔ anyrɔm, eye aleke mehele nu xam ɖe eta vevie enye esi va se ɖe esime wòawu enu! 51  Ðe miesusu be ŋutifafa na gee meva le anyigba dzia? Gbeɖe, mele egblɔm na mi be, mama boŋ ye. 52  Elabena tso fifia dzi la, ame atɔ̃ anɔ aƒe ɖeka me, eye wo dome ama, etɔ̃ atsi tsitre ɖe eve ŋu, eye eve ɖe etɔ̃ ŋu. 53  Wo dome ama, fofo ɖe viŋutsu ŋu, eye viŋutsu ɖe fofo ŋu, dada ɖe vinyɔnu ŋu, eye vinyɔnu ɖe dadaa ŋu, lɔ̃xo ɖe lɔ̃xoyɔvi ŋu, eye lɔ̃xoyɔvi ɖe lɔ̃xoa ŋu.” 54  Eye wògblɔ na amehaawo hã be: “Ne miekpɔ alilikpo wòho le ɣetoɖoƒekpa dzi la, enumake miegblɔna be, ‘Tsi gã aɖe gbɔna kple ya,’ eye wòvana eme nenema. 55  Eye ne miekpɔ be ya ƒo tso anyiehe la, miegblɔna be, ‘Ya me le dzo xɔ ge,’ eye wòvana eme nenema. 56  Alakpanuwɔlawo, mienya ale si mialé ŋku ɖe anyigba kple dziŋgɔli ƒe nɔnɔme ŋu, gake aleke wɔ mienya ale si mialé ŋku ɖe ɣeyiɣi sia tututu ya ŋu o? 57  Eye nu ka tae mietsoa nya me le nu si le dzɔdzɔe la ŋuti na mia ɖokui o? 58  Le kpɔɖeŋu me, ne mia kple wò ketɔ si tsɔ nya ɖe ŋuwò mieyina dziɖula aɖe ŋkume la, dze agbagba nàdzra nya la ɖo le mia kplii dome le mɔa dzi, bene wòagakplɔ wò ayi ʋɔnudrɔ̃la ŋkume, ne ʋɔnudrɔ̃la la natsɔ wò ade asi na kpovitɔ, ne kpovitɔ la hã natsɔ wò ade gaxɔ me o. 59  Mele egblɔm na wò be: Mèle go do ge le afi ma akpɔ o va se ɖe esime nàxe gaku sue si ƒe home le sue ŋutɔ la ƒe mamlɛtɔ hafi.”

Etenuŋɔŋlɔ

Afi si wotɔa dzo gbeɖuɖɔwo ɖo le Yerusalem dua godo.
Kpɔ Mr 13:35 ƒe etenuŋɔŋlɔ.