Luka 11:1-54
11 Ke gbeɖeka esi wònɔ teƒe aɖe nɔ gbe dom ɖa, eye wòdzudzɔ la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖe gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí, abe ale si Yohanes hã fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.”
2 Eya ta egblɔ na wo be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ be, ‘Fofo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò fiaɖuƒe nava.
3 Na míaƒe ŋkekea ƒe abolo, si asu mía nu egbea la mí.
4 Eye tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí, elabena mía ŋutɔwo hã míetsɔna kea ame sia ame si nyi fe le mía ŋu; eye mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o.’”
5 Egagblɔ na wo be: “Mia dometɔ ka sie xɔlɔ̃ anɔ, eye wòayi egbɔ le zãtiƒe agblɔ nɛ be, ‘Xɔ̃nye, do abolo etɔ̃ nam,
6 elabena xɔ̃nye aɖe tso mɔ dzi va gbɔnye fifi laa, eye naneke mele asinye matsɔ aɖo ekɔme o’?
7 Eye ame ma aɖo eŋu nɛ tso xɔa me ɖa be: ‘Dzudzɔ fuɖeɖe nam. Ʋɔ la le tutu xoxo, eye vinye suewo le aba dzi kplim; nyemate ŋu afɔ atsɔ naneke ana wò o.’
8 Mele egblɔm na mi be: Ne mefɔ tsɔ naneke nae le esi wònye exɔlɔ̃ ta o hã la, le esi wòle ebiam kutrikukutɔe ta la, afɔ godoo, eye wòatsɔ nu siwo wòhiã la anae.
9 Eya ta mele egblɔm na mi be: Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.
10 Elabena ame sia ame, si le nu biam la, exɔnɛ; eye ame sia ame si le nu dim la, ekpɔnɛ; eye ame sia ame si le ʋɔ ƒom la, woaʋui nɛ.
11 Le nyateƒe me la, vifofo kae le mia dome, si ne via bia tɔmelãe la, ɖewohĩ wòatsɔ da anae ɖe tɔmelã teƒe?
12 Alo ne ebia koklozi hã la, wòatsɔ dziɖegbe* anae?
13 Eya ta ne mi, ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã, mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?”
14 Emegbe enɔ gbɔgbɔ vɔ̃ maƒonu aɖe nyam nɔ go dom. Esi gbɔgbɔ vɔ̃a do go vɔ la, mumu la ƒo nu. Eye amehaawo ƒe mo wɔ yaa.
15 Gake wo dometɔ aɖewo gblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia Beelzebul dzie wòtona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo.”
16 Ke ame bubuwo te dzesibiabiae tso dziƒo, be yewoatsɔ atee kpɔ.
17 Esi wònya woƒe susuwo ta la, egblɔ na wo be: “Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe si ma ɖe eɖokui ŋu la zua aƒedo, eye aƒe si ma ɖe eɖokui ŋu la gbãna.
18 Eya ta ne Satana hã ma ɖe eɖokui ŋu ɖe, aleke eƒe fiaɖuƒe awɔ ali ke? Elabena miebe menyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo to Beelzebul dzi.
19 Ne Beelzebul dzie metona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo la, ekema ame ka dzie mia viwo ya tona nyaa wo? Le esia ta woazu miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.
20 Ke ne Mawu ƒe asibide dzie metona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo la, ekema Mawu fiaɖuƒe la ɖi ɖe mi nyateƒe.
21 Ne ame sesẽ aɖe kpla aʋawɔnuwo nyuie hele eƒe fiasã ŋu dzɔm la, eƒe nunɔamesiwo nɔa dedie.
22 Gake ne ame aɖe si sesẽ wui va dze edzi heɖu edzi la, etsɔa eƒe aʋawɔnu blibo si ŋu wònɔ ŋu ɖom ɖo la dzona, eye wòmaa nu siwo wòxɔ le esi la.
23 Ame si mele dzinye o la, tsia tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa nu nu ƒu kplim o la, kakaa nu hlẽna.
24 “Ne gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe do go le ame aɖe me la, etsana le teƒe siwo ƒu kplakplakpla nɔa gbɔɖemeƒe dim, eye ne mekpɔ ɖeke o la, egblɔna be, ‘Matrɔ ayi nye aƒe si me medo go le la me.’
25 Eye ne eva la, ekpɔna be wokplɔ eme heɖo atsyɔ̃ nɛ.
26 Azɔ eyina ɖakplɔa gbɔgbɔ vovovo adre bubu siwo vɔ̃ɖi wu eya ŋutɔ la kpena ɖe eɖokui ŋu, eye ne woyi ɖe eme vɔ la, wonɔa afi ma; eye ame ma ƒe nɔnɔme mlɔetɔwo va gblẽna ɖe edzi wu gbãtɔwo.”
27 Ke esi wònɔ nya siawo gblɔm la, nyɔnu aɖe si le ameha la dome kɔ gbe dzi gblɔ nɛ be: “Dzidzɔtɔe nye vidzidɔ si me nèmlɔ kple no si nèno!”
28 Gake egblɔ be: “Ao, ke boŋ: Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!”
29 Esi amehaawo nɔ ƒu ƒom la, ete gbɔgblɔ be: “Dzidzime vɔ̃ɖi aɖee dzidzime sia nye; ele dzesi dim. Gake womele dzesi aɖeke na gee o, negbe Yona ƒe dzesi la ko.
30 Elabena abe ale si ko Yona zu dzesi na Niniwetɔwo ene la, nenema kee Amegbetɔvi la hã anye dzesi na dzidzime sia.
31 Woafɔ anyiehe fianyɔnu la ɖe tsitre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kpe ɖe dzidzime sia me tɔwo ŋu, eye wòabu fɔ wo; elabena etso keke anyigba la seƒe ke va be yease Salomo ƒe nunya, gake kpɔ ɖa, nane si lolo wu Salomo la le afii!
32 Niniwetɔwo afɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kpe ɖe dzidzime sia me tɔwo ŋu, eye woabu fɔ wo; elabena wotrɔ dzi me le nya siwo Yona ɖe gbeƒãe la ta; gake kpɔ ɖa, nane si lolo wu Yona la le afii!
33 Ne ame si akaɖi la, metsɔnɛ dana ɖe ɣaɣlaƒe alo nudokusi te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ, be ame siwo vana eme la nakpɔ kekeli la.
34 Wò ameti la ƒe akaɖie nye wò ŋku. Ne wò ŋku nɔa nu ɖeka ŋu la, ekema wò ameti blibo la katã me akɔ; gake ne evɔ̃ɖi la, wò ameti blibo la katã hã ado viviti.
35 Eya ta nɔ ŋudzɔ. Ðewohĩ kekeli si le mewò la nye viviti.
36 Eya ta ne wò ameti blibo la me kɔ, eye eƒe akpa aɖeke medo viviti o la, ye katã me akɔ abe ale si akaɖi ƒe keklẽ naa kekeli wòe ene.”
37 Esi wògblɔ esiawo la, Farisitɔ aɖe ɖe kuku nɛ be wòava ɖu nu kpli ye. Eya ta eyi, eye wòbɔbɔ nɔ kplɔ̃a ŋu.
38 Gake ewɔ mo yaa na Farisitɔ la be meklɔ asi* gbã do ŋgɔ na nua ɖuɖu o.
39 Gake Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: “Mi Farisitɔwo, mieklɔa kplu kple agba ŋu, gake mia me yɔ fũu kple adzodada kpakple vɔ̃ɖinyenye.
40 Mi movitɔwo! Menye ame si wɔ eŋuti la kee wɔ eme hã oa?
41 Gake mitsɔ nu siwo le eme la na ame dahewo le nublanuikpɔkpɔ ta, eye kpɔ ɖa, nu bubuwo katã ŋu akɔ na mi!
42 Gake baba na mi Farisitɔwo, elabena mienaa ahamɛ kple ƒãglo kpakple ama bubu ƒomeviwo katã ƒe ewolia, gake mietoa dzɔdzɔenyenye kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ ya ŋuti! Nu siawoe wòle be miawɔ, gake miagagblẽ nu bubu mawo hã ɖi o.
43 Baba na mi Farisitɔwo, elabena mielɔ̃a ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kple gbedonamewo le asiwo me!
44 Baba na mi, elabena miele abe ŋkuɖodziyɔdo siwo mele dzedzem o ene, ale be amewo zɔa wo dzi, evɔ womenyana o!”
45 Eya ta ame siwo nya Sea nyuie la dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Nufiala, esi nègblɔ nya siawo la, èdzu míawo hãe.”
46 Eye wògblɔ be: “Baba na mi ame siwo nya Sea nyuie la hã, elabena miedoa agba kpekpe siwo manya tsɔ o la na amewo, gake mia ŋutɔwo mietsɔa miaƒe asibide ɖeka pɛ hã kaa agbaawo ŋu o!
47 “Baba na mi, elabena mietua nyagblɔɖilawo ƒe ŋkuɖodziyɔdowo, gake mia tɔgbuiwoe wu wo!
48 Vavãe, mienye ɖasefowo le mia tɔgbuiwo ƒe nuwɔnawo ŋu, gake mielɔ̃ ɖe wo dzi, elabena ame siawoe wu nyagblɔɖilawo, eye miawo miele kpe ɖom ɖe woƒe yɔdowo dzi.
49 Le esia ta Mawu ƒe nunya gblɔ hã be, ‘Madɔ nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe wo gbɔ, eye woawu wo dometɔ aɖewo ahati wo yome,
50 ale be woabia nyagblɔɖilawo katã ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi, la tso dzidzime sia si me,
51 tso Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zaxariya, ame si wowu ŋutasesẽtɔe le vɔsamlekpui la kple xɔ la dome la, ƒe ʋu dzi.’ Ɛ̃, mele egblɔm na mi be woabiae tso dzidzime sia si me.
52 “Baba na mi ame siwo nya Sea nyuie la, elabena mietsɔ sidzedze ƒe safui la dzoe; mia ŋutɔwo mieyi ɖe eme o, eye miexe mɔ na ame siwo le yiyim ɖe eme la hã!”
53 Esi wòdo go le afi ma la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo nyẽ zi ɖe edzi hele aɖe dem nu me nɛ le nya geɖewo ŋu,
54 eye wonɔ eɖiam, ale be woalée le eƒe numenya aɖe me.