Romatɔwo 16:1-27
16 Mele mía nɔvinyɔnu Foibe, si nye Kenxrea hamea ƒe subɔla la, kafum na mi,
2 bene miaxɔe le Aƒetɔ la me, abe ale si dze ame kɔkɔewo ene, eye miakpe ɖe eŋu le nu sia nu si me wòahiã mi le la me, elabena eya ŋutɔ hã ʋli ame geɖewo ta, ɛ̃, eʋli nye ŋutɔ hã tanye.
3 Mido gbe na Priska kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo Yesu me la, nam,
4 ame siawo tsɔ woawo ŋutɔwo ƒe kɔwo ɖo anyi ɖe nye luʋɔ ta, eye menye nye ɖeɖe koe le akpe dam na wo o, ke hame siwo katã le dukɔwo me la hãe;
5 eye mido gbe na hame si le woƒe aƒe me la nam. Mido gbe na nye lɔlɔ̃tɔ Epeneto, si nye Kristo ƒe kutsetse gbãtɔ siwo le Asia la dometɔ ɖeka la, nam.
6 Mido gbe na Maria, si wɔ dɔ sesẽ geɖewo ɖe mia ta la, nam.
7 Mido gbe na Andronika kple Yunia, siwo nye ƒonyemetɔwo kple hati gamenɔlawo la, nam, ame siwo xɔ ŋkɔ nyui le apostoloawo dome, eye wonye Kristo yomedzelawo ɣeyiɣi didi wum la.
8 Mido gbe na Amplia, nye lɔlɔ̃tɔ le Aƒetɔ la me, nam.
9 Mido gbe na Urbano, míaƒe hadɔwɔla le Kristo me, kple nye lɔlɔ̃tɔ Staxis nam.
10 Mido gbe na Apeles, ame si ŋu wokpɔ ŋudzedze ɖo le Kristo me la, nam. Mido gbe na ame siwo tso Aristobulo ƒe aƒe me la nam.
11 Mido gbe na Herodion, nye ƒometɔ la, nam. Mido gbe na ame siwo tso Narkiso ƒe aƒe me, siwo le Aƒetɔ la me la, nam.
12 Mido gbe na Trifena kple Trifosa, siwo nye nyɔnu siwo dzea agbagba geɖe le Aƒetɔ la me la, nam. Mido gbe na míaƒe lɔlɔ̃tɔ Persis nam, elabena ewɔ dɔ sesẽ geɖewo le Aƒetɔ la me.
13 Mido gbe na Rufo, ame tiatia le Aƒetɔ la me, kple dadaa, si nye nye hã danye la, nam.
14 Mido gbe na Asinkrito, Flego, Herme, Patroba, Herma, kple nɔvi siwo le wo gbɔ la, nam.
15 Mido gbe na Filologo kple Yulia, Nerea kple nɔvianyɔnu, kple Olimpa kpakple ame kɔkɔe siwo katã le wo gbɔ la, nam.
16 Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo. Kristo la ƒe hameawo katã do gbe na mi.
17 Azɔ la, nɔviwo, mele nu xlɔ̃m mi be, miaƒe ŋku nanɔ ame siwo hea mamawo kple nu siwo nana woklia nu, siwo tsi tsitre ɖe nufiafia si miesrɔ̃ ŋu vanɛ, la ŋuti, eye miƒo asa na wo.
18 Elabena ame siawo tɔgbi la, menye mía Aƒetɔ Kristo ƒe kluviwo wonye o, ke woawo ŋutɔwo ƒe ƒodowo tɔ boŋ; eye wotsɔa aɖe ŋanɛ kple kesekukuɖɔɖɔname blea ame siwo meɖo vɔ̃ aɖeke ɖe ta me o la ƒe dzi.
19 Elabena amewo katã se nu tso miaƒe toɖoɖo ŋu. Eya ta dzi le dzɔyem le mia ta. Gake medi be miadze nunya le nu nyui wɔwɔ me, gake mianye ame maɖifɔwo le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me.
20 Ke Mawu si naa ŋutifafa la agbã Satana ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie. Mía Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi.
21 Nye hadɔwɔla Timoteo do gbe na mi, Lukio kple Yason kpakple Sosipatro, siwo nye ƒonyemetɔwo, hã do gbe na mi.
22 Nye, Tertio, ame si ŋlɔ agbalẽ sia la, medo gbe na mi le Aƒetɔ la me.
23 Gayo, si xɔ mía kple hame blibo la ɖe eƒe me la, do gbe na mi. Dudzikpɔla Erasto do gbe na mi, eye nɔvia Kuarto hã do gbe na mi.
24 * ——
25 Ke ame si ate ŋu ana miali ke sesĩe le nya nyui si gblɔm mele kple Yesu Kristo ŋuti gbeƒãɖeɖe la nu, le nya ɣaɣla kɔkɔe si woɣla tso ɣeyiɣi mavɔmavɔwo me ke la ƒe ɖeɖe fia nu,
26 nya ɣaɣla si woɖe fia azɔ, eye wona wòdze to nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawo me le dukɔwo katã dome, le ɖekawɔwɔ me kple Mawu mavɔmavɔtɔ la ƒe sedede la, bene amewo naxɔe ase ahaɖo toe;
27 Mawu, si nye nunyatɔ ɖeka hɔ̃, tɔ nanye ŋutikɔkɔe to Yesu Kristo dzi yi mavɔmavɔ me. Amen.