Romatɔwo 12:1-21

12  Eya ta nɔviwo, mele kuku ɖem na mi vevie to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔwo me, be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu, si anye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me miazã miaƒe tamebubu ŋutete le.  Eye midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu, ke boŋ mina woatrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me, bene miado Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la kpɔ na mia ɖokui.  Elabena to amenuveve si wonam dzi la, mele egblɔm na mi ame siwo le afi ma dometɔ ɖe sia ɖe be, wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o; ke boŋ be wòabu tame le ale si wòanɔ ŋute le susu me ŋu, ame sia ame le xɔse ƒe dzidze si Mawu nae la nu.  Elabena ale si ko ŋutinu geɖewo le ŋutilã ɖeka ŋu na mí, gake ŋutinuawo katã mewɔa dɔ ɖeka ƒomevi o la,  nenema kee míawo hã, togbɔ be míesɔ gbɔ hã la, ŋutilã ɖekae míenye le Kristo me, gake ŋutinuwoe mía dometɔ ɖe sia ɖe nye na mía nɔewo.  Eya ta esi wònye nunana vovovowoe le mía si le amenuveve si wona mí nu ta la, ne nyagbɔgblɔɖi ye la, mina míagblɔ nya ɖi le xɔse si wona mí la nu;  alo ne subɔsubɔdɔ ye la, mina míanɔ subɔsubɔdɔ sia dzi; alo ame si fiaa nu la, nenɔ eƒe nufiafia la dzi;  alo ame si xlɔ̃a nu la, nenɔ eƒe nuxɔxlɔ̃ la dzi; ame si naa nu la, nenɔ enana dzi kple dzi faa; ame si xɔa ŋgɔ la, netsɔ veviedodo nɔ ewɔm; ame si kpɔa nublanui la, nenɔ edzi dzidzɔtɔe.  Migana alakpanuwɔwɔ aɖeke nanɔ miaƒe lɔlɔ̃ la me o. Minyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi, milé ɖe nu si nyo la ŋu. 10  Milɔ̃ mia nɔewo vevie abe dadaviwo ene. Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã. 11  Migawɔ kuvia le miaƒe dɔ ŋu o. Mixɔ dzo le gbɔgbɔ la me. Miwɔ dɔ na Yehowa abe kluviwo ene. 12  Dzi nedzɔ mi le mɔkpɔkpɔ me. Mido dzi le xaxa me. Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa. 13  Mima miaƒe nuwo kple ame kɔkɔewo le woƒe hiahiãwo nu. Minɔ amedzrowɔwɔ dzi. 14  Miyi edzi mianɔ ame siwo tia mia yome la yram; minɔ amewo yram, miganɔ fi ƒom nɔ wo dem o. 15  Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm; mifa avi kple ame siwo le avi fam. 16  Miwɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu abe ale si miewɔnɛ ɖe mia ɖokuiwo ŋu ene; miganɔ nu kɔkɔwo ŋu bum o, ke minɔ nu siwo bɔbɔ ɖe anyi la yome boŋ. Miganye aɖaŋudzelawo le mia ɖokuiwo ŋkume o. 17  Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o. Miwɔ nu siwo amewo katã akpɔ be wonyo la. 18  Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me. 19  Lɔlɔ̃tɔwo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ; elabena woŋlɔ ɖi be: “Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe.” 20  Ke boŋ “ne dɔ le wò futɔ wum la, na nui wòaɖu; ne tsikɔ le ewum la, na nanee wòano; elabena ne èwɔ esia la, àlɔ dzoka xɔxɔwo akɔ ɖe eƒe ta dzi.” 21  Mègaɖe mɔ nu vɔ̃ɖi naɖu dziwò o, ke boŋ yi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.

Etenuŋɔŋlɔ