Nyaɖeɖefia 8:1-13

8  Eye esi wòɖe nutrenu adrelia ɖa la, ɖoɖoe zi le dziƒo anɔ gaƒoƒo afã.  Eye mekpɔ mawudɔla adre siwo le tsitre ɖe Mawu ŋkume la, eye wotsɔ kpẽ adre na wo.  Eye mawudɔla bubu aɖe va ɖo, eye wòtsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la xa, eye sikadzudzɔdosonu nɔ esi; eye wotsɔ atike ʋeʋĩ gbogbo aɖe nɛ, be wòatsɔe kpe ɖe ame kɔkɔewo katã ƒe gbedodoɖawo ŋu ana le sikavɔsamlekpui, si le fiazikpuia ŋkume la dzi.  Eye atike ʋeʋĩ la ƒe dzudzɔ tu kpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo ŋu tso mawudɔla la ƒe asi me yi dzi le Mawu ŋkume.  Gake enumake mawudɔla la tsɔ dzudzɔdosonu la, eye wòɖe dzo le vɔsamlekpui la me de eme wòyɔ, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe anyigba dzi. Eye dzi ɖe gbe, gbeɖiɖiwo ɖi, dzi ke dzo, eye anyigba ʋuʋu.  Eye mawudɔla adre, siwo si kpẽ adreawo le la, dzra ɖo na wo kuku.  Eye gbãtɔ ku eƒe kpẽ la. Eye tsikpe kple dzo si tsaka kple ʋu la dza, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba; eye anyigba ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me fiã, eye atiwo ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me fiã, eye gbe mumuwo katã fiã.  Eye mawudɔla evelia ku eƒe kpẽ la. Eye wotsɔ nane si le abe to gã aɖe ene, si nɔ bibim kple dzo, la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me. Eye atsiaƒu ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me trɔ zu ʋu;  eye nuwɔwɔ siwo le atsiaƒu me, siwo si luʋɔ* le la, ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me ku, eye tɔdziʋuwo ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me gbã. 10  Eye mawudɔla etɔ̃lia ku eƒe kpẽ la. Eye ɣletivi gã aɖe si nɔ bibim abe akaɖi ene la ge tso dziƒo, eye wòge dze tɔsisiwo ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me kple tsidzɔƒewo dzi. 11  Eye woyɔ ɣletivi ma ƒe ŋkɔ be Gbe Veve. Eye tsiwo ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me trɔ zu gbe veve, eye tsiawo na ameawo dometɔ geɖewo ku, elabena tsiawo nɔ vevem. 12  Eye mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ la. Eye woƒo ɣe ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me kple ɣleti ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me kpakple ɣletiviwo ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me, bene woƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me nagakpɔ kekeli o, eye zã hã nenema ke. 13  Eye mekpɔ, eye mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le dziƒo titina la wògblɔ kple gbe gã aɖe be: “Baba, baba, baba na ame siwo le anyigba la dzi le mawudɔla etɔ̃ siwo susɔ le woƒe kpẽwo ku ge kpuie la ƒe kpẽkukuwo ta!”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo “agbe.” Kpɔ Nya Bubuwo, Akpa 7 lia.