Nyaɖeɖefia 7:1-17

7  Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wolé anyigba ƒe ya eneawo ɖe asi goŋgoŋ, bene ya aɖeke nagaƒo ɖe anyigba dzi alo ɖe atsiaƒu dzi alo ɖe ati aɖeke dzi o.  Eye mekpɔ mawudɔla bubu aɖe wòdo tso ɣedzeƒe lia nɔ dzi yim, eye Mawu gbagbe la ƒe nutrenu aɖe nɔ esi; eye wòdo ɣli kple gbe gã aɖe ɖo ɖe mawudɔla ene siwo woɖe mɔ na be woawɔ nuvevi anyigba kple atsiaƒu la,  nɔ gbɔgblɔm be: “Migawɔ nuvevi anyigba alo atsiaƒu alo atiawo o, va se ɖe esime míetre mía Mawu ƒe kluviwo ƒe ŋgonu vɔ hafi.”  Eye mese ame siwo nu wotre la ƒe xexlẽme: ame akpe alafa ɖeka blaene vɔ ene, siwo nu wotre tso Israel viwo ƒe to sia to me:  Le Yuda toa me la, wotre ame akpe wuieve nu; le Ruben toa me la, akpe wuieve; le Gad toa me la, akpe wuieve;  le Aser toa me la, akpe wuieve; le Naftali toa me la, akpe wuieve; le Manase toa me la, akpe wuieve;  le Simeon toa me la, akpe wuieve; le Lewi toa me la, akpe wuieve; le Isaxar toa me la, akpe wuieve;  le Zebulon toa me la, akpe wuieve; le Yosef toa me la, akpe wuieve; le Benyamin toa me la, wotre ame akpe wuieve nu.  Nu siawo megbe la, mekpɔ, eye kpɔ ɖa! Ameha gã aɖe si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o, tso dukɔwo kple towo kple ame ƒomeviwo kpakple gbegbɔgblɔwo katã me, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋkume kple Alẽvi la ŋkume do awu ʋlaya ɣiwo; eye deʋayawo le wo si. 10  Eye wole ɣlidodo dzi kple gbe gã aɖe le gbɔgblɔm be: “Míaƒe xɔname tso mía Mawu, ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple Alẽvi la gbɔ.” 11  Eye mawudɔlawo katã nɔ tsitre ƒo xlã fiazikpui la kple ametsitsiawo kpakple nu gbagbe eneawo, eye wotsyɔ mo anyi ɖe fiazikpui la ŋkume hede ta agu na Mawu, 12  nɔ gbɔgblɔm be: “Amen! Mía Mawu la tɔ nanye yayra kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋusẽ kpakple ŋutete tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.” 13  Eye ametsitsiawo dometɔ ɖeka ɖo eŋu gblɔ nam be: “Ame siawo, siwo do awu ʋlaya ɣiwo ɖe, ame kawoe wonye, eye afi kae wotso?” 14  Eye enumake megblɔ nɛ be: “Nye aƒetɔ, wòe nyae.” Eye wògblɔ nam be: “Ame siawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me, eye wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me. 15  Esia tae wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋkume ɖo; eye wole subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm nɛ zã kple keli le eƒe gbedoxɔ la me; eye Ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la akeke eƒe agbadɔ la ɖe wo dzi. 16  Dɔ magawu wo azɔ o, eye tsikɔ hã magawu wo azɔ o, ɣe magaɖu wo o, eye dzoxɔxɔ helĩhelĩ aɖeke magaɖe fu na wo o, 17  elabena Alẽvi la, si le fiazikpui la titina la, akplɔ wo, eye wòafia mɔ wo ayi agbetsidzɔƒewo gbɔ. Eye Mawu atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo me.”

Etenuŋɔŋlɔ