Nyaɖeɖefia 6:1-17
6 Eye esi Alẽvi la ɖe nutrenu adreawo dometɔ ɖeka ɖa la, mekpɔ, eye mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ gbe si le abe dziɖegbe tɔ ene la gblɔ be: “Va!”
2 Eye mekpɔ, eye kpɔ ɖa, sɔ ɣi aɖe! Eye dati nɔ ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi la si; eye wotsɔ fiakuku aɖe nɛ, eye wòdo go yi ɖale aʋa dzi ɖum, bene yeawu yeƒe aʋadziɖuɖu la nu.
3 Eye esi wòɖe nutrenu evelia ɖa la, mese nu gbagbe evelia gblɔ be: “Va!”
4 Eye bubu aɖe do, si nye sɔ hɛ̃ aɖe; eye woɖe mɔ na ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi la be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, bene woawu wo nɔewo; eye wotsɔ yi gã aɖe nɛ.
5 Eye esi wòɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nu gbagbe etɔ̃lia gblɔ be: “Va!” Eye mekpɔ, eye kpɔ ɖa, sɔ yibɔ aɖe! Eye ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi la lé nudanu ɖe asi.
6 Eye mese gbe aɖe abe nu gbagbe eneawo domee wòɖi le ene gblɔ be: “Lu lita ɖeka naxɔ denario ɖeka, eye ƒo lita etɔ̃ naxɔ denario ɖeka; eye mègawɔ nuvevi aɖeke ami kple wain o.”
7 Eye esi wòɖe nutrenu enelia ɖa la, mese nu gbagbe enelia ƒe gbe wògblɔ be: “Va!”
8 Eye mekpɔ, eye kpɔ ɖa, sɔ aɖe si fu kpii! Eye ŋkɔ si le ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi si lae nye Ku. Eye Hades* kplɔe ɖo tututu. Eye wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe akpa ɖeka le ene me dzi, be woatsɔ yi legbe aɖe kple nuɖuɖu ƒe veve kple dɔvɔ̃ wuame kpakple anyigba dzi lã wɔadãwo awu amewoe.
9 Eye esi wòɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ ame siwo wowu le Mawu ƒe nya kple ɖaseɖiɖidɔ si nɔ wo si ta la ƒe luʋɔwo le vɔsamlekpui la te.
10 Eye wodo ɣli kple gbe gã aɖe nɔ gbɔgblɔm be: “Aƒetɔ Dziɖulagã, kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, va se ɖe ɣekaɣie nàgbe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple hlɔ̃biabia ame siwo le anyigba la dzi ɖe míaƒe ʋu ta ase ɖo?”
11 Eye wona awu ʋlaya ɣi wo dometɔ ɖe sia ɖe; eye wogblɔ na wo be woaɖi ɖe eme vie, va se ɖe esime wo hati kluviwo kple wo nɔvi siwo woawu kpuie, abe ale si wowu woawo hã ene la, hã ƒe xexlẽme nade.
12 Eye esi wòɖe nutrenu adelia ɖa la, mekpɔ, eye anyigba ʋuʋu ŋutɔ; eye ɣe zu yibɔ abe lãfukotoku yibɔ ene, eye ɣleti bliboa trɔ zu abe ʋu ene,
13 eye dziƒoɣletiviwo ge dze anyigba, abe ale si gboti dudua eƒe tsetse siwo meɖi o la ɖe anyigba, ne ya sesẽ aɖe ʋuʋui la ene.
14 Eye dziƒo te ɖa abe agbalẽ xatsaxatsa aɖe si woŋlɔ́ ene, eye woɖe to sia to kple ƒukpo sia ƒukpo ɖa le wo teƒe.
15 Eye anyigba dzi fiawo kple ame ŋkutawo kple aʋafiagãwo kple kesinɔtɔwo kple ame sesẽwo kple kluvi ɖe sia ɖe kple ablɔɖeme ɖe sia ɖe ɣla wo ɖokuiwo ɖe agadowo me kple agakpe siwo le towo dome la te.
16 Eye woyi edzi le gbɔgblɔm na toawo kple agakpeawo be: “Mimu dze mía dzi, eye miɣla mí tso Ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ŋkume, kple Alẽvi la ƒe dziku la nu,
17 elabena woƒe dzikuŋkeke gã la ɖo, eye ame kae ate ŋu anɔ tsitre?”
Etenuŋɔŋlɔ
^ Kpɔ Nya Bubuwo, Akpa 8 lia.