Nyaɖeɖefia 4:1-11

4  Le nu siawo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa! Ʋɔtru aɖe le ʋuʋu le dziƒo, eye gbe gbãtɔ si mese la nɔ abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene, eye wòƒo nu kplim gblɔ be: “Lia nàva afii, eye mafia nu siwo ava dzɔ la wò.”  Enumake le nu siawo megbe la, meva nɔ gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me: eye kpɔ ɖa! Fiazikpui aɖe nɔ enɔƒe le dziƒo, eye ame aɖe bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi.  Eye ame si bɔbɔ nɔ edzi la ƒe nɔnɔme le abe yaspis kpe kple kpe xɔasi dzĩ aɖe ene, eye anyieʋɔ aɖe si ƒe nɔnɔme le abe emerald kpe ene la ƒo xlã fiazikpui la.  Eye fiazikpui blave vɔ ene ƒo xlã fiazikpui la, eye mekpɔ ametsitsi blaeve vɔ ene bɔbɔ nɔ fiazikpui siawo dzi, eye wodo awudziwui ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta.  Eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo nɔ dodom tso fiazikpui la me; eye dzokaɖi adre nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ, eye wotsi tsitre ɖi na Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo.  Eye atsiaƒu si le abe ahuhɔ̃e ene, si le abe kristalo kpe ene, la le fiazikpui la ŋgɔ. Eye nu gbagbe ene, siwo ŋkuwo sɔ gbɔ le ŋgɔgbe kple megbe na fũu la, le fiazikpui la titina, eye woƒo xlãe hã.  Eye nu gbagbe gbãtɔ le abe dzata ene, eye nu gbagbe evelia le abe nyitsui ene, nu gbagbe etɔ̃lia ƒe mo le abe amegbetɔ tɔ ene, eye nu gbagbe enelia le abe hɔ̃ si le dzodzom ene.  Eye aʋala ade li na nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe; ŋkuwo yɔ wo ŋuti kple wo me fũu. Eye womeɖina ɖe eme o zã kple keli henɔa gbɔgblɔm be: “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Yehowa Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògbɔna.”  Eye ɣesiaɣi si nu gbagbeawo tsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kpakple akpedada na Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, Ame si le agbe tso mavɔ me yi mavɔ me la, 10  ametsitsi blaeve vɔ eneawo bɔbɔna ɖe Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la ŋkume, eye wodea ta agu na Ame si le agbe tso mavɔ me yi mavɔ me la, eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm be: 11  “Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.”

Etenuŋɔŋlɔ