Nyaɖeɖefia 3:1-22
3 “Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame si le Sardes la ƒe dɔla be: Nya siwo ame si si Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo kple ɣletivi adreawo le, gblɔ lae nye esi: ‘Menya wò dɔwɔwɔwo, be ŋkɔ le ŋuwò be èle agbe, gake èku.
2 Nɔ ŋudzɔ, eye nàdo ŋusẽ nu siwo susɔ siwo le kukum la, elabena nyemekpɔ be èwɔ wò dɔwo bliboe le nye Mawu ŋkume o.
3 Eya ta yi edzi nànɔ ŋku ɖom ale si nèxɔ kple ale si nèse la dzi, eye yi edzi nàlé eme ɖe asi, eye nàtrɔ dzi me. Ɛ̃, ne mènyɔ o la, mava abe fiafitɔ ene, eye mànya gaƒoƒo si dzi mava do ɖe dziwò la kura o.
4 “‘Ke hã, ŋkɔ ʋɛ aɖewo le asiwò le Sardes, siwo meƒo ɖi woƒe awudziwuiwo o, eye woazɔ kplim le awudziwui ɣiwo me, elabena wodze.
5 Ame si ɖu dzi la, woado awudziwui ɣiwo nɛ alea; eye nyematutu eƒe ŋkɔ ɖa le agbegbalẽ la me akpɔ o, ke boŋ maʋu eƒe ŋkɔ me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋkume.
6 Ame si to li na la nese nya si gblɔm gbɔgbɔ la le na hameawo.’
7 “Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame si le Filadelfia la ƒe dɔla be: Nya siwo ame si le kɔkɔe, ame si nye nyateƒetɔ, ame si si David ƒe safui la le, ame si ʋunɛ ale be ame aɖeke matui o, eye wòtunɛ ale be ame aɖeke meʋunɛ o, gblɔ lae nye esi:
8 ‘Menya wò dɔwɔwɔwo—kpɔ ɖa! Metsɔ ʋɔtru aɖe si le ʋuʋu ɖi la ɖo ŋkuwòme, si ame aɖeke mate ŋu atu o—be ŋusẽ vi aɖe le asiwò, eye nèlé nye nya la me aɖe asi, eye mètsɔ wò nuwɔna gbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o.
9 Kpɔ ɖa! Matsɔ Satana ƒe ƒuƒoƒe me tɔ siwo gblɔna be Yudatɔwo yewonye, evɔ womenyee o, ke boŋ aʋatso kam wole la—kpɔ ɖa! Mana woava bɔbɔ ɖe wò afɔ nu ade bubu ŋuwò, eye mana woanya be melɔ̃ wò.
10 Esi nèlé nye dzidodo ŋuti nya la me ɖe asi ta la, nye hã makpɔ tawò tso tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si ava anyigba dzi tɔwo katã dzi, be wòado ame siwo katã le anyigba dzi kpɔ, la me.
11 Megbɔna kaba. Yi edzi nàlé nu si le asiwò la me ɖe asi goŋgoŋ, bene ame aɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o.
12 “‘Ame si ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye Mawu ƒe gbedoxɔ me, eye magado le eme akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ƒe ŋkɔ kple nye Mawu ƒe du, si nye Yerusalem yeye, si le ɖiɖim tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ la ƒe ŋkɔ, kple nye ŋkɔ yeye ma, ɖe eŋu.
13 Ame si to li na la nese nya si gblɔm gbɔgbɔ la le na hameawo.’
14 “Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame si le Laodikea la ƒe dɔla be: Nya siwo Amen la, ɖasefo nyateƒetɔ kple anukwareɖila, Mawu ƒe nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze, gblɔ lae nye esi:
15 ‘Menya wò dɔwɔwɔwo, be mèfa o, eye mèxɔ dzo hã o. Ðe madi be nàfa alo nàxɔ dzo hafi.
16 Eya ta esi wònye nèle yɔyrɔe, eye mèxɔ dzo alo fa o ta la, matu wò aƒu gbe tso nye nu me.
17 Elabena ègblɔna be: “Kesinɔtɔ menye, eye kesinɔnuwo le asinye, eye nyemehiã naneke kura o,” gake mènya be hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ame dahe kple ŋkuagbãtɔ kple amamanɔla yenye o;
18 mele aɖaŋu ɖom na wò be nàƒle sika si wotsɔ dzo klɔ nyuie la le asinye, be nàzu kesinɔtɔ, kple awudziwui ɣiwo, bene awu nanɔ ŋuwò, eye bene wò amamanɔnɔ ƒe ŋukpe nagadze o, kple ŋkutike be nàsi ɖe wò ŋkuwo, be nàkpɔ nu.
19 “‘Ame siwo katã gbɔ nyemelɔ̃a nu le o la, megbea nya na wo, eye mehea to na wo. Eya ta do vevie nu eye nàtrɔ dzi me.
20 Kpɔ ɖa! Mele tsitre ɖe ʋɔtrua nu le ʋɔa ƒom. Ne ame aɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, mava eƒe aƒe me, eye maɖu fiẽnuɖuɖu kplii, eye eya hã aɖui kplim.
21 Ame si ɖu dzi la, maɖe mɔ nɛ wòabɔbɔ anɔ nye fiazikpui la dzi kplim, abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi ɖe Fofonye ƒe fiazikpui dzi kplii ene.
22 Ame si to li na la nese nya si gblɔm gbɔgbɔ la le na hameawo.’”