Nyaɖeɖefia 22:1-21

22  Eye wòfia agbetsitɔsisi aɖem, si me kɔ abe kristalo kpe ene, eye wòle sisim tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui la gbɔ,  eye wòto du la ƒe ablɔ gã la titina. Eye agbetiwo nɔ tɔsisi la ƒe go si kple ekemɛ dzi, eye wotsea ku zi wuieve, eye wotsena ɣleti sia ɣleti. Eye wotsɔa atiawo ƒe aŋgbawo yɔa dɔ dukɔwo.  Eye fiƒode aɖeke maganɔ anyi azɔ o. Ke boŋ Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui la anɔ du la me, eye eƒe kluviwo awɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe nɛ;  eye woakpɔ eƒe mo, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgonu.  Eye zã maganɔ anyi o, eye womehiã akaɖi ƒe keklẽ o, eye ɣe ƒe keklẽ hã meli o, elabena Yehowa Mawu aklẽ ɖe wo dzi, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.  Eye wògblɔ nam be: “Nya siawo nye nyateƒenyawo kple nya vavãwo; ɛ̃, Yehowa, nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me la ƒe Mawu la, dɔ eƒe dɔla ɖa, be wòaɖe nu siwo ava dzɔ kpuie la afia eƒe kluviwo.  Eye kpɔ ɖa! Megbɔna kaba. Dzidzɔtɔe nye ame sia ame si le nyagblɔɖinya siwo le agbalẽ xatsaxatsa sia me la dzi wɔm.”  Ɛ̃, nye Yohanes ye nye ame si nɔ nu siawo sem henɔ wo kpɔm. Eye esi mesee hekpɔe la, mebɔbɔ be made ta agu ɖe mawudɔla si nɔ nu siawo ɖem nɔ fiayem la ƒe afɔ nu.  Gake egblɔ nam be: “Kpɔ nyuie! Mègawɔ nu ma o! Mia kple nɔviwò, siwo nye nyagblɔɖilawo kpakple ame siwo le agbalẽ xatsaxatsa sia me nyawo dzi wɔm la, ƒe hati kluvi ko menye. De ta agu na Mawu.” 10  Egblɔ nam hã be: “Mègatre agbalẽ xatsaxatsa sia me nyagblɔɖinyaawo nu o, elabena ɣeyiɣi ɖoɖi la gogo. 11  Ame si le nu madzɔmadzɔ wɔm la, nenɔ nu madzɔmadzɔ la wɔwɔ dzi ko; eye ame ƒoɖi la nenɔ ɖiƒoƒo la dzi ko; gake ame dzɔdzɔe la nenɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ la dzi ko, eye ame kɔkɔe la nenɔ kɔkɔenyenye la dzi ko. 12  “‘Kpɔ ɖa! Megbɔna kaba, eye fetu si mana la kpe ɖe ŋunye, be maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe ale si eƒe dɔwɔwɔ le nu. 13  Nyee nye Alfa kple Omega, gbãtɔ kple mlɔetɔ, gɔmedzedze kple nuwuwu. 14  Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nya woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo be woayi agbetiawo gbɔ, eye be woato du la ƒe agbowo nu age ɖe eme. 15  Avuwo kple gbɔgbɔyɔlawo kple agbe gbegblẽ nɔlawo kple amewulawo kple trɔ̃subɔlawo kple ame sia ame si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woawo ya woatsi agbo la godo.’ 16  “‘Nye, Yesu, ye dɔ nye dɔla ɖa, bene wòaɖi ɖase tso nu siawo ŋu na mi hena hameawo. Nyee nye David ƒe ke kple eƒe dzidzimevi kpakple ŋdiɣletivi keklẽ la.’” 17  Eye gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la yi edzi le gbɔgblɔm be: “Va!” Eye ame sia ame si le esem la negblɔ be: “Va!” Eye ame sia ame si tsikɔ le wuwum la neva; ame sia ame si lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la femaxee. 18  “Mele ɖase ɖim na ame sia ame si sea agbalẽ xatsaxatsa sia me nyagblɔɖinyawo la be: Ne ame aɖe tsɔ nane kpe ɖe nu siawo ŋu la, Mawu atsɔ fuwɔame, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ xatsaxatsa sia me la, akpe ɖe eŋuti nɛ; 19  eye ne ame aɖe ɖe nane le nyagblɔɖi sia ƒe agbalẽ xatsaxatsa la me nyawo me la, Mawu aɖe etɔ gome ɖa le agbetiawo kple du kɔkɔe la, nu siwo ŋu nya woŋlɔ ɖe agbalẽ xatsaxatsa sia me la, me. 20  “Ame si le ɖase ɖim tso nu siawo ŋu la gblɔ be, ‘Ɛ̃; megbɔna kaba.’” “Amen! Aƒetɔ Yesu, va.” 21  Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple ame kɔkɔeawo.

Etenuŋɔŋlɔ