Nyaɖeɖefia 2:1-29

2  “Ŋlɔ ɖo ɖe hame si le Efeso la ƒe dɔla be: Nya siwo ame si lé ɣletivi adreawo ɖe eƒe nuɖusi, ame si zɔna le sikakaɖiti adreawo titina, gblɔ lae nye esi:  ‘Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò agbagbadzedze kpakple wò dzidodo, eye be màte ŋu aɖe mɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o, eye be èdo ame siwo gblɔna be apostolowo yewonye gake womenyee o la kpɔ, eye nèkpɔe be aʋatsokalawo wonye.  Èle dzi dom hã, eye ènɔ te ɖe nu geɖewo nu le nye ŋkɔ la ta, eye ɖeɖi mete ŋuwò o.  Ke hã, nya sia le asinye ɖe ŋuwò: be ègblẽ lɔlɔ̃ si nɔ asiwò gbã la ɖi.  “‘Eya ta ɖo ŋku afi si nège tso la dzi, eye nàtrɔ dzi me, eye nàwɔ dɔ siwo nèwɔna tsã la. Ne menye nenema o la, megbɔna gbɔwò, eye maɖe wò akaɖiti la ɖa le enɔƒe, negbe ɖe nètrɔ dzi me ko hafi.  Ke hã, nu sia le asiwò: be èlé fu Nikolai ƒe kɔmama la ƒe nuwɔnawo, siwo nye hã melé fui.  Ame si to li na la nese nya si gblɔm gbɔgbɔ la le na hameawo: Ame si ɖu dzi la, maɖe mɔ nɛ wòaɖu agbeti, si le Mawu ƒe paradisoa me la, ƒe ɖe.’  “Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame si le Smirna la ƒe dɔla be: Nya siwo ‘Gbãtɔ la kple Mlɔetɔ la,’ ame si ku, eye wògagbɔ agbe, gblɔ lae nye esi:  ‘Menya wò xaxa kple ahedada—gake kesinɔtɔ nènye—kple ame siwo gblɔna be Yudatɔwo yewonye, evɔ womenyee o, ke boŋ Satana ƒe ƒuƒoƒe wonye la, ƒe busunyagbɔgblɔ. 10  Mègavɔ̃ nu siwo ƒe fu nàva kpe kpuie la o. Kpɔ ɖa! Abosam ayi edzi anɔ mia dometɔ aɖewo dem gaxɔ me, bene woado mi kpɔ bliboe, eye bene miakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Ðee fia be yenye nyateƒetɔ, va se ɖe keke ku me ke, eye mana agbefiakuku wò. 11  Ame si to li na la nese nya si gblɔm gbɔgbɔ la le na hameawo: Ame si ɖu dzi la, ku evelia mawɔ nuvevi aɖeke kura eyama o.’ 12  “Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame si le Pergamo la ƒe dɔla be: Nya siwo ame si si yi ɖaɖɛ nueve legbe le, gblɔ lae nye esi: 13  ‘Menya afi si nèle, eyae nye afi si Satana ƒe fiazikpui le; ke hã, èyi edzi lé nye ŋkɔ me ɖe asi sesĩe, eye dzinye si nèxɔ se la, mègbe nu le egbɔ le nye ɖasefo Antipa ƒe ŋkekeawo kura gɔ̃ hã me o, eya si nye nyateƒetɔ la, ame si wowu le afi si miele, afi si Satana le. 14  “‘Ke hã, nya ʋɛ aɖewo le asinye ɖe ŋuwò: be ame siwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi sesĩe la le gbɔwò le afi ma; ame sia nɔ Balak fiam be wòada nu ɖe Israel viwo ŋgɔ woakli, ne woaɖu nu siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo, eye woanɔ agbe gbegblẽ. 15  Nenema kee ame siwo lé Nikolai ƒe nufiafia me ɖe asi sesĩe la hã le gbɔwò. 16  Eya ta trɔ dzi me. Ne menye nenema o la, megbɔna gbɔwò kaba, eye matsɔ nye numeyi legbe la awɔ aʋa kpli wo. 17  “‘Ame si to li na la nese nya si gblɔm gbɔgbɔ la le na hameawo: Ame si ɖu dzi la, matsɔ mana ɣaɣla la ƒe ɖe anae, eye mana kpe ɣi aɖee, eye le kpea dzi la, woŋlɔ ŋkɔ yeye aɖe, si ame aɖeke menya o, negbe ame si le exɔm la ko.’ 18  “Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame si le Tiatira la ƒe dɔla be: Nya siwo Mawu ƒe Vi la, ame si ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo le abe gadzẽ nyui ene, gblɔ lae nye esi: 19  ‘Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò lɔlɔ̃ kple wò xɔse kple wò subɔsubɔdɔ kpakple wò dzidodo, eye be wò dɔwɔwɔ fifitɔwo sɔ gbɔ wu tsãtɔwo. 20  “‘Ke hã, nya sia le asinye ɖe ŋuwò: be nèɖe mɔ na nyɔnu Izebel ma, si yɔa eɖokui be nyagblɔɖila, eye wòfiaa nu nye kluviwo hekplɔa wo tranae be woanɔ agbe gbegblẽ, eye woaɖu nu siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo la. 21  Eye mena ɣeyiɣii be wòatrɔ dzi me, gake mele lɔlɔ̃m be yeatrɔ dzi me tso eƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me o. 22  Kpɔ ɖa! Matsɔe aƒu dɔba dzi kpuie, eye made ame siwo le ahasi wɔm kplii la xaxa gã aɖe me, negbe ɖe wotrɔ dzi me tso eƒe dɔwɔwɔwo me ko hafi. 23  Eye matsɔ dɔvɔ̃ wuame awu viawo, ale be hameawo katã nanyae be, nyee nye ame si dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔ, eye maɖo eteƒe na mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu. 24  “‘Ke hã, mele egblɔm na mi ame mamlɛ siwo le Tiatira, ame siwo katã si nufiafia sia mele o, ame siwo mesrɔ̃ “Satana ƒe nu gogloawo,” abe ale si woyɔa wo ene o la be: Nyemele agba bubu aɖeke dam ɖe mia dzi o. 25  Eya koe nye be, milé nu si le mia si la me ɖe asi goŋgoŋ va se ɖe esime mava. 26  Eye ame si ɖu dzi, eye wòlé nye dɔwɔwɔwo me ɖe asi va se ɖe nuwuwu la, mana ŋusẽe ɖe dukɔwo dzi, 27  eye wòatsɔ gatikplɔ akplɔ ameawo, bene woagbã wo gudugudu abe anyinuwo ene, abe ale si mexɔ tso Fofonye gbɔ ene, 28  eye mana ŋdiɣletivi lae. 29  Ame si to li na la nese nya si gblɔm gbɔgbɔ la le na hameawo.’

Etenuŋɔŋlɔ