Nyaɖeɖefia 19:1-21
19 Le nu siawo megbe la, mese nane si le abe ameha gã aɖe ƒe gbeɖiɖi ene le dziƒo. Wogblɔ be: “Mikafu Yah! Xɔname kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nye mía Mawu la tɔ,
2 elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe. Elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã la, ame si tsɔ eƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ gblẽ anyigba la, eye wòbia eƒe kluviwo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ tso esi me.”
3 Eye enumake wogblɔ zi evelia be: “Mikafu Yah! Eye dzudzɔ le tutum tso du la me le dziƒo yim tso mavɔ me yi mavɔ me.”
4 Eye ametsitsi blaeve vɔ eneawo kple nu gbagbe eneawo bɔbɔ de ta agu na Mawu, ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi gblɔ be: “Amen! Mikafu Yah!”
5 Eye gbe aɖe hã ɖi tso fiazikpui la gbɔ gblɔ be: “Minɔ mía Mawu la kafum, mi eƒe kluviwo katã, siwo vɔ̃nɛ, ame tsɛwo kple ame ŋkutawo.”
6 Eye mese nane si le abe ameha gã aɖe ƒe gbe kple tsi geɖewo ƒe gbe kple dziɖegbe sesẽwo ƒe gbe ene. Wogblɔ be: “Mikafu Yah, elabena Yehowa, mía Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, dze fiaɖuɖu gɔme.
7 Mina míakpɔ dzidzɔ, eye míatso aseye, eye mina míatsɔ ŋutikɔkɔe anae, elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo.
8 Ɛ̃, woɖe mɔ nɛ be, woatsɔ aklala nyui dzadzɛ si le dzo dam la aɖo atsyɔ̃ nɛ, elabena aklala nyui la tsi tsitre ɖi na ame kɔkɔewo ƒe nuwɔna dzɔdzɔewo.”
9 Eye wògblɔ nam be: “Ŋlɔ be: Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuƒe la.” Eye wògblɔ nam hã be: “Nya siawo nye Mawu ƒe nya vavãwo.”
10 Tete medze klo ɖe eƒe afɔ nu be made ta agu nɛ. Gake egblɔ nam be: “Kpɔ nyuie! Mègawɔ nu ma o! Mia kple nɔviwò, siwo si Yesu ŋuti ɖaseɖiɖidɔ le la, ƒe hati kluvi ko menye. De ta agu na Mawu; elabena ɖaseɖiɖi tso Yesu ŋu ye ʋãa amewo wogblɔa nya ɖi.”
11 Eye mekpɔ dziƒo wònɔ ʋuʋu, eye kpɔ ɖa, sɔ ɣi aɖe! Eye woyɔ ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi la be Nyateƒetɔ kple Anukwareɖila, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu hewɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me.
12 Eƒe ŋkuwo nye dzo ƒe aɖe, eye fiakuku geɖewo le eta. Woŋlɔ ŋkɔ aɖe si ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ ko, la ɖe eŋu,
13 eye wòdo awudziwui aɖe si ŋu wohlẽ ʋu ɖo, eye ŋkɔ si woyɔna nɛ ye nye, Mawu Ƒe Nya La.
14 Eye aʋakɔ siwo le dziƒo la nɔ sɔ ɣiwo dzi dze eyome, eye wodo aklala ɣi nyui dzadzɛwo.
15 Eye yi ɖaɖɛ legbe aɖe do tso eƒe nu me, bene wòatsɔe adza dukɔwo, eye wòatsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efanyaa nu si le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoedziku ƒe wainfiãnu la me hã.
16 Eye woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eƒe awudziwui ŋu le eƒe ata ŋu be: fiawo ƒe Fia kple aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ.
17 Mekpɔ mawudɔla aɖe hã wònɔ tsitre ɖe ɣe me, eye wòtsɔ gbe gã aɖe do ɣli ɖo ɖe xe siwo katã dzona le dziƒo titina la be: “Miva afii, miva ƒo ƒu ɖe Mawu ƒe fiẽnuɖuɖu gã la ŋu,
18 bene miaɖu fiawo ƒe lã kple aʋafiagãwo ƒe lã kple ame sesẽwo ƒe lã kple sɔwo ƒe lã kple ame siwo bɔbɔ nɔ wo dzi la tɔ, kple amewo katã ƒe lã, ablɔɖemewo kpakple kluviwo kple ame tsɛwo kpakple ame ŋkutawo tɔ.”
19 Eye mekpɔ lã wɔadã la kple anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo woƒo ƒu, be yewoawɔ aʋa kple ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe sɔ la dzi kple eƒe aʋakɔ la.
20 Eye wolé lã wɔadã la, eye wolé aʋatsonyagblɔɖila, si wɔ dzesiwo le eŋkume la hã kpe ɖe eŋu, dzesi siwo wòtsɔ kplɔ ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, eye wode ta agu na eƒe nɔnɔmewɔwɔ, la trae. Wotsɔ woa kple evea siaa ƒu gbe ɖe dzota si le bibim kple dzokpe la me esime wokpɔtɔ le agbe.
21 Gake wotsɔ ame si bɔbɔ nɔ sɔ la dzi ƒe yi legbe, yi si do tso eƒe nu me, la wu ame susɔeawo. Eye xewo katã ɖu woƒe lã ɖi ƒo.