Nyaɖeɖefia 18:1-24

18  Le nu siawo megbe la, mekpɔ mawudɔla bubu aɖe wònɔ ɖiɖim tso dziƒo, eye ŋusẽ gã le esi; eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba la dzi klẽ.  Eye wòtsɔ gbe sesẽ aɖe do ɣli nɔ gbɔgblɔm be: “Emu loo! Babilon Gã la mu, eye wòzu gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nɔƒe, kple ya ƒoɖi ɖe sia ɖe ƒe teƒe, kpakple xe makɔmakɔ ɖe sia ɖe, siwo wotsri la, ƒe bebeƒe!  Elabena dukɔwo katã no eƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe dɔmedzoe ƒe wain la mu, eye anyigba dzi fiawo nɔ agbe gbegblẽ kplii, eye anyigba dzi asitsala mɔzɔlawo zu kesinɔtɔwo le eƒe agbeɖuɖu ŋukpemanɔmee la ƒe ŋusẽ ta.”  Eye mese gbe bubu aɖe tso dziƒo wògblɔ be: “Nye dukɔ, mido go le eme, ne miedi be yewoakpɔ gome kplii le eƒe nu vɔ̃wo me o, eye ne miedi be yewoaxɔ eƒe fuwɔamewo ƒe ɖeke o.  Elabena eƒe nu vɔ̃wo li kɔ ɖatɔ keke dziƒo ke, eye Mawu ɖo ŋku nu madzɔmadzɔ siwo wòwɔ la dzi.  Miɖo eteƒe nɛ abe ale si eya ŋutɔ hã ɖo eteƒe na amewo ene, eye miɖo eteƒe nɛ zi gbɔ zi eve, ɛ̃, miɖo nu siwo wòwɔ la teƒe nɛ zi gbɔ zi eve; kplu, si me wòtɔtɔ nu le la, mitɔtɔ nu teƒe eve nu ɖe eme nɛ.  Ale si nu wòdo eɖokui ɖe dzi heɖu agbe ŋukpemanɔmee la, miwɔ fui, eye mina wòaxa nu nenema ke. Elabena eyi edzi le gbɔgblɔm le eƒe dzi me be, ‘Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemaxa nu akpɔ o.’  Esia tae le ŋkeke ɖeka dzi eƒe fuwɔamewo ava: ku kple nuxaxa kple dɔwuame, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ, elabena Yehowa Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui la, nye ame sesẽ.  “Eye ne anyigba dzi fia siwo nɔ agbe gbegblẽ kplii heɖu agbe ŋukpemanɔmee la kpɔ eƒe bibi ƒe dzudzɔa la, woafa avi, eye woaƒo akɔta le nuxaxa ta le eŋuti, 10  eye woanɔ adzɔge le vɔvɔ̃ na eƒe fuwɔame la ta, eye woagblɔ be, ‘Baba na wò, baba na wò, wò, du gã, Babilon, wò, du sesẽ, elabena wò ʋɔnudɔdrɔ̃ va ɖo le gaƒoƒo ɖeka me!’ 11  “Eye anyigba dzi asitsala mɔzɔlawo hã le avi fam hele nu xam ɖe eta, elabena ame aɖeke megali aƒle woƒe adzɔnuwo katã azɔ o, 12  adzɔnu siwo nye sika kple klosalo kple kpe xɔasiwo kple dzonuwo kple aklala nyuitɔ kple aɖabɛ kple seda kple awu dzĩ; kple nu sia nu si wotsɔ ati ʋeʋĩ kpa kple nu sia nu si wotsɔ nyiɖu wɔ kpakple nu sia nu si wotsɔ ati xɔasitɔ kekeake kple akɔbli kple gayibɔ kple marbel kpe wɔ la; 13  kple nuʋeʋĩ si woyɔna be sinamɔn kple ataku kple atike ʋeʋĩ kple ami ʋeʋĩ kple lifi kple wain kple ami kple wɔ nyuitɔ kple lu kple nyiwo kple alẽwo, kple sɔwo kple tasiaɖamwo kple kluviwo kpakple amewo ƒe luʋɔwo.* 14  Ɛ̃, kutsetse nyui si dzroa wò luʋɔ la dzo le gbɔwò, eye nu nyoameŋuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo katã bu ɖe wò, eye amewo magakpɔ wo akpɔ o. 15  “Nu siawo ƒe asitsala mɔzɔlawo, siwo to edzi zu kesinɔtɔwo la, atsi tsitre ɖe adzɔge le vɔvɔ̃ na eƒe fuwɔame la ta, eye woafa avi, eye woaxa nu, 16  agblɔ be, ‘Baba na wò, baba na wò—du gã, si do aklala nyuitɔ kple aɖabɛwu kple awu dzĩ, eye wòtsɔ sikanuwo kple kpe xɔasiwo kpakple dzonuwo ɖo atsyɔ̃ na eɖokui, 17  elabena le gaƒoƒo ɖeka me wogblẽ kesinɔnu gã siawo dome!’ “Eye tɔdziʋumegã ɖe sia ɖe kple ame sia ame si ɖoa ʋu to tɔ dzi, kple ƒu dzi dɔwɔlawo kple ame siwo katã nɔa agbe to ƒu dzi dɔwɔwɔ me la nɔ tsitre ɖe adzɔge, 18  eye esi wokpɔ eƒe bibi ƒe dzudzɔa la, wodo ɣli gblɔ be, ‘Du kae le abe du gã la ene?’ 19  Eye wolɔ ke kɔ ɖe tame, eye wodo ɣli henɔ avi fam nɔ nu xam nɔ gbɔgblɔm be: ‘Baba na wò, baba na wò—du gã, si me ame siwo katã si tɔdziʋu le le ƒu dzi la zu kesinɔtɔwo le, le eƒe kesinɔtɔnyenye la ta, elabena wogblẽe le gaƒoƒo ɖeka me!’ 20  “Oo, dziƒo, dzi nedzɔ wò, mi ame kɔkɔewo kple mi apostolowo kpakple mi nyagblɔɖilawo hã, elabena Mawu drɔ̃ ʋɔnui, eye wòhe to nɛ le mia ta!” 21  Eye mawudɔla sesẽ aɖe kɔ kpe aɖe, si le abe té gã aɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me nɔ gbɔgblɔm be: “Aleae woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe zi ɖeka ye nye esi, eye womagakpɔe gbeɖegbeɖe o. 22  Eye womagase hadzila siwo dzia ha ɖe kasaŋku dzi, kple dzekulawo kple kpẽkulawo kple hadzila bubuwo ƒe gbe le mewò akpɔ o, eye womagakpɔ aɖaŋudɔwɔla aɖeke le mewò azɔ o, eye womagase tétutu ŋkɔ le mewò azɔ o, 23  eye akaɖi ƒe keklẽ aɖeke magaklẽ le mewò azɔ o, eye womagase ŋugbetɔsrɔ̃ kple ŋugbetɔ ƒe gbe le mewò azɔ o; elabena tsã la, wò asitsala mɔzɔlawoe nye ame ŋkutawo nɔ anyigba la dzi, elabena wokplɔ dukɔwo katã trae to wò gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo dzi. 24  Ɛ̃, wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple ame siwo katã wowu le anyigba dzi la ƒe ʋu le eme.”

Etenuŋɔŋlɔ

“Luʋɔ.” Helagbe, psykhe. Kpɔ Nya Bubuwo, Akpa 7 lia.