Nyaɖeɖefia 17:1-18
17 Eye mawudɔla adre, siwo si agba adreawo le la, dometɔ ɖeka va ƒo nu kplim gblɔ be: “Va, mafia gbolo gã si bɔbɔ nɔ anyi ɖe tsi geɖewo dzi la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ wò,
2 ame si kple anyigba dzi fiawo nɔ agbe gbegblẽ, eye ame siwo le anyigba dzi la no eƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe wain la mu.”
3 Eye wòkɔm le gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me yi gbedadaƒo ƒe afi aɖe. Eye nye ŋku kli nyɔnu aɖe wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe lã wɔadã aɖe si biã helĩhelĩ, si ŋu busuŋkɔwo yɔ fũu, eye ta adre kple dzo ewo li na, la dzi.
4 Eye nyɔnu la do aɖabɛwu kple awu dzĩ, eye wòtsɔ sika kple kpe xɔasiwo kple dzonuwo ɖo atsyɔ̃ na eɖokui, eye sikakplu aɖe, si me yɔ fũu kple ŋunyɔnuwo kpakple eƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me nu makɔmakɔwo la, le esi.
5 Eye woŋlɔ ŋkɔ aɖe, si nye nya ɣaɣla aɖe, ɖe eƒe ŋgonu be: “Babilon Gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo dada.”
6 Eye mekpɔ be nyɔnu la mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yesu ƒe ɖasefowo ƒe ʋu.
Ke esi nye ŋku klii la, ewɔ mo yaa nam geɖe ŋutɔ.
7 Eye mawudɔla la gblɔ nam be: “Nu ka tae wòwɔ mo yaa na wò ɖo? Magblɔ nyɔnu la kple lã wɔadã si kɔe, si si ta adreawo kple dzo ewoawo le la, ŋuti nya ɣaɣla la na wò:
8 Lã wɔadã si nèkpɔ la nɔ anyi kpɔ, gake meli o, eye eteƒe madidi o, ado tso aʋli me, eye ele be wòayi tsɔtsrɔ̃ me. Eye ne anyigba dzi nɔlawo kpɔ ale si lã wɔadã la nɔ anyi kpɔ, gake meli o, evɔ wòagava la, woƒe mo awɔ yaa gake adzɔ dzi na wo, ke hã, womeŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe agbegbalẽ xatsaxatsa, si li tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi la, dzi o.
9 “Afi siae nugɔmesese si me nunya le la hiã le: Ta adreawo tsi tsitre ɖi na to adre, siwo tame nyɔnu la bɔbɔ nɔ anyi ɖo.
10 Eye fia adre li: atɔ̃ dze anyi, ɖeka li, mamlɛtɔ la meva ɖo haɖe o, gake ne eva ɖo la, ele be wòanɔ anyi ɣeyiɣi vi aɖe.
11 Eye lã wɔadã si nɔ anyi kpɔ, gake meli o la, eya ŋutɔ hã nye fia enyilia, gake adreawo mee wòdo tso, eye wòyina tsɔtsrɔ̃ me.
12 “Eye dzo ewo siwo nèkpɔ la tsi tsitre ɖi na fia ewo, siwo mexɔ fiaɖuƒe haɖe o, gake wona ŋusẽ wo be woanye fiawo kpe ɖe lã wɔadã la ŋu hena gaƒoƒo ɖeka.
13 Susu ɖekae le ame siawo si, eya ta wotsɔ woƒe ŋutete kple ŋusẽ na lã wɔadã la.
14 Ame siawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, gake esi wònye aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ kple fiawo ƒe Fia ta la, Alẽvi la aɖu wo dzi. Eye ame siwo woyɔ, eye wotia wo, eye wonye nyateƒetɔwo kpe ɖe eŋu la hã aɖu dzi.”
15 Eye wògblɔ nam be: “Tsi siwo nèkpɔ, afi si gbolo la bɔbɔ nɔ anyi ɖo, la tsi tsitre ɖi na amewo kple amehawo kple dukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo.
16 Eye dzo ewo siwo nèkpɔ kple lã wɔadã la, woawo alé fu gbolo la, eye woagblẽe, eye woaɖe amae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.
17 Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me, be woawɔ nu si le eƒe susu me la dzi, si nye be woawɔ nu ɖeka si le susu me na wo la dzi to woƒe fiaɖuƒe tsɔtsɔ ana lã wɔadã la dzi, va se ɖe esime Mawu ƒe nyawo nava eme.
18 Eye nyɔnu, si nèkpɔ la, tsi tsitre ɖi na du gã, si ƒe fiaɖuƒe kpɔ ŋusẽ ɖe anyigba dzi fiawo dzi la.”