Nyaɖeɖefia 15:1-8

15  Eye mekpɔ dzesi bubu aɖe le dziƒo, si lolo, eye wòwɔ nuku: mawudɔla adre siwo si fuwɔame adre le la. Fuwɔame siawoe nye mamlɛtɔwo, elabena woawo dzie woato ahe Mawu ƒe dziku la ava nuwuwu.  Eye mekpɔ nane si ɖi atsiaƒu si le abe ahuhɔ̃e ene, si wotsɔ dzo tsaka, kple ame siwo ɖu lã wɔadã la kple eƒe nɔnɔmewɔwɔ la kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme dzi la wole tsitre ɖe atsiaƒu, si le abe ahuhɔ̃e ene la gbɔ, eye Mawu ƒe kasaŋkuwo le wo si.  Eye wole Mose, Mawu ƒe kluvi la, ƒe ha kple Alẽvi la ƒe ha dzim le gbɔgblɔm be: “Yehowa Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, wò dɔwɔwɔwo nye gã, eye wowɔ nuku. Fia mavɔmavɔtɔ, wò mɔwo le dzɔdzɔe, eye wonye nyateƒe.  Yehowa, ame kae li, si mavɔ̃ wò ado wò ŋkɔ la ɖe dzi o, esi wònye wò ɖeɖe koe nye nuteƒewɔla? Elabena dukɔwo katã ava de ta agu le ŋkuwòme, elabena wona wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo dze ƒãa.”  Eye le nu siawo megbe la, mekpɔ, eye woʋu ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ƒe kɔkɔeƒe la le dziƒo,  eye mawudɔla adre, siwo si fuwɔame adreawo le la do tso kɔkɔeƒe la, eye wodo aklala dzadzɛ si le dzo dam, eye wotsɔ sikalidziblanuwo bla woƒe akɔta.  Eye nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikagba adre siwo Mawu, ame si le agbe tso mavɔ me yi mavɔ me, ƒe dɔmedzoe yɔ taŋ la na mawudɔla adreawo.  Eye dzudzɔ yɔ kɔkɔeƒe la, le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ la ta, eye ame aɖeke mete ŋu ge ɖe kɔkɔeƒe la o, va se ɖe esime wowu mawudɔla adreawo ƒe fuwɔame adreawo nu.

Etenuŋɔŋlɔ