Nyaɖeɖefia 12:1-17

12  Eye wokpɔ dzesi gã aɖe le dziƒo: nyɔnu aɖe si do ɣe, eye ɣleti le eƒe afɔ te, eye ɣletivi wuieve ƒe fiakuku aɖe le eta,  eye fu le eƒo. Eye wòle ɣli dom le eƒe vevesesewo kple fu si le eɖum vevie la ta.  Eye wokpɔ dzesi bubu aɖe le dziƒo, eye kpɔ ɖa! Ʋɔ driba hɛ̃ gã aɖe, si ta adre kple dzo ewo li na, eye fiakuku adre le eƒe tawo;  eye eƒe asike he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me, eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Eye ʋɔ driba la yi edzi nɔ tsitre ɖe nyɔnu si ƒe vidziɣi ɖo la ŋkume, be ne edzi via la, ne yeatsɔe ami.  Eye wòdzi vi, si nye ŋutsuvi, si atsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo katã. Eye wokɔ via yi Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔ kaba.  Eye nyɔnu la si yi gbedadaƒo, afi si Mawu dzra teƒe aɖe ɖo ɖi nɛ le, bene woanyii le afi ma ŋkeke akpe ɖeka alafa eve kple blaade.  Eye aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la, eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la,  gake meɖu dzi o, eye womegakpɔ teƒe aɖeke hã na wo le dziƒo o.  Eya ta wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana, ame si le anyigba dzi nɔlawo katã blem la, ƒu gbe; wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe kpe ɖe eŋu. 10  Eye mese gbe gã aɖe tso dziƒo wògblɔ be: “Azɔ mía Mawu ƒe xɔname kple ŋusẽ kple fiaɖuƒe kpakple eƒe Kristo ƒe ŋusẽ la zu nu ŋutɔŋutɔ, elabena wotsɔ mía nɔviwo nu tsola, ame si tsoa wo nu zã kple keli le mía Mawu ŋkume la, ƒu gbe! 11  Eye woɖu edzi le Alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la ta, eye womelɔ̃ woƒe luʋɔwo o, esi wodze ŋgɔ ku kura gɔ̃ hã. 12  Esia ta dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple mi ame siwo le wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum vevie, elabena enya be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si.” 13  Ke esi ʋɔ driba la kpɔ be wotsɔ ye ƒu gbe ɖe anyigba la, eti nyɔnu si dzi ŋutsuvi la yome. 14  Gake wotsɔ hɔ̃ gã la ƒe aʋala eveawo na nyɔnu la, bene wòadzo ayi enɔƒe le gbedadaƒo; afi mae wonyii le hena ɣeyiɣi aɖe, kple ɣeyiɣiwo kpakple ɣeyiɣi afã tso da la ŋkume. 15  Eye da la tu tsi abe tɔsisi ene tso eƒe nu me ɖe nyɔnu la yome, bene wòana tɔsisi la nalée. 16  Gake anyigba va na kpekpeɖeŋu nyɔnu la, eye anyigba la ke nu, eye wòmi tɔsisi si ʋɔ driba la tu tso eƒe nu me la. 17  Eye dzi ku ʋɔ driba la ɖe nyɔnu la ŋu, eye wòdzo yi, be yeawɔ aʋa kple nyɔnu la ƒe dzidzime la ƒe ame susɔeawo, ame siwo wɔa Mawu ƒe sewo dzi, eye dɔ le wo si be, woaɖi ɖase tso Yesu ŋuti la.

Etenuŋɔŋlɔ