Nyaɖeɖefia 11:1-19
11 Eye wotsɔ aƒla aɖe si le abe ati legbe aɖe ene la de asi nam esime wògblɔ be: “Tso, eye nàdzidze Mawu ƒe gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpui la kpakple ame siwo dea ta agu le eme la.
2 Ke xɔxɔnu, si le gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒe la godo la, ɖe eya ɖa le eme kura, eye mègadzidzee o, elabena wotsɔe na dukɔwo, eye woatu afɔ du kɔkɔe la dzi ɣleti blaene vɔ eve.
3 Eye mana nye ɖasefo eveawo nata akpanya agblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka alafa eve kple blaade.”
4 Ame siawoe amiti eveawo kple akaɖiti eveawo tsi tsitre ɖi na, eye wole tsitre ɖe anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋkume.
5 Eye ne ame aɖe di be yeawɔ nuvevi wo la, dzo dona tso woƒe nu me, eye wòfiãa woƒe futɔwo; eye ne ame aɖe adi be yeawɔ nuvevi wo la, alea kee woawu eya hã.
6 Ŋusẽ le wo si be woatu dziƒo nu, bene tsi nagadza le ŋkeke siwo me wole nya gblɔm ɖi la o, eye ŋusẽ le wo si ɖe tsiwo dzi, be woatrɔ wo woazu ʋu, eye be woahe dɔvɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi ava anyigba la dzi zi geɖe ale si nu wodi.
7 Eye ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi la nu la, lã wɔadã si do tso aʋli me la awɔ aʋa kpli wo, eye wòaɖu wo dzi, eye wòawu wo.
8 Eye woƒe kukuawo anɔ du gã, si woyɔ le gbɔgbɔmegɔmesese nu be Sodom kple Egipte, afi si wohe woƒe Aƒetɔ hã ɖe ati ŋu le la, ƒe mɔdodo gã la dzi.
9 Eye ame ƒomeviwo, towo kple gbegbɔgblɔwo kple dukɔwo, me tɔwo akpɔ woƒe kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye womeɖe mɔ be woatsɔ woƒe kukuawo amlɔ yɔdo me o.
10 Eye dzi adzɔ anyigba dzi nɔlawo le wo ta, eye woado dzidzɔ na wo ɖokuiwo, eye woaɖo nunana ɖe wo nɔewo, elabena nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu ame siwo le anyigba dzi la vevie.
11 Eye le ŋkeke etɔ̃ kple afã la megbe la, agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe wo me, eye wotso ɖe woƒe afɔwo dzi, eye vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ame siwo nɔ wo kpɔm la.
12 Eye wose gbe gã aɖe tso dziƒo wògblɔ na wo be: “Milia va afii.” Eye wolia yi dziƒo le alilikpo la me, eye woƒe futɔwo kpɔ wo.
13 Eye le gaƒoƒo ma me la, anyigba ʋuʋu ŋutɔ, eye du la ƒe akpa ɖeka le ewo me mu; eye anyigbaʋuʋu la wu ame akpe adre, eye vɔvɔ̃ ɖo ame susɔeawo, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la.
14 Fuwɔame evelia nu va yi. Kpɔ ɖa! Fuwɔame etɔ̃lia gbɔna kaba.
15 Eye mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la. Eye gbe gãwo ɖi le dziƒo nɔ gbɔgblɔm be: “Xexea me fiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo ƒe fiaɖuƒe, eye aɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”
16 Eye ametsitsi blaeve vɔ ene siwo bɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ŋkume le woƒe fiazikpuiwo dzi la tsyɔ mo anyi, eye wode ta agu na Mawu,
17 nɔ gbɔgblɔm be: “Míeda akpe na wò, Yehowa Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, Ame si li, eye wònɔ anyi, elabena èxɔ wò ŋusẽ gã la, eye nèdze fiaɖuɖu gɔme.
18 Gake dukɔwo do dɔmedzoe, eye wò ŋutɔ wò dɔmedzoe ho, eye ɣeyiɣi ɖoɖi la de, be woadrɔ̃ ʋɔnu ame kukuwo, eye be nàxe wò kluvi nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kpakple ame siwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, ame tsɛwo kple ame ŋkutawo siaa, ƒe fetu na wo, eye be nàhe gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.”
19 Eye woʋu Mawu ƒe gbedoxɔ ƒe kɔkɔeƒe, si le dziƒo la, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka la le eƒe gbedoxɔ ƒe kɔkɔeƒe la. Eye dzi ke dzo, gbeɖiɖiwo ɖi, dzi ɖe gbe, anyigba ʋuʋu, eye tsikpe gãwo dza.