Nyaɖeɖefia 10:1-11
10 Eye mekpɔ mawudɔla sesẽ bubu aɖe wòle ɖiɖim tso dziƒo, eye wòdo alilikpo, eye anyieʋɔ aɖe le ta nɛ, eye eƒe mo le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene,
2 eye wòlé agbalẽ xatsaxatsa sue aɖe si woʋu la ɖe asi. Eye wòtsɔ eƒe ɖusifɔ ɖo atsiaƒu dzi, eye wòtsɔ mia tɔ ɖo anyigba dzi,
3 eye wòdo ɣli kple gbe gã aɖe, abe ale si dzata ɖea gbe ene. Eye esi wòdo ɣli la, dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbewo ɖe go.
4 Ke esi dziɖegbe adreawo ƒo nu la, medi be maŋlɔe; gake mese gbe aɖe tso dziƒo gblɔ be: “Tre nya siwo dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye mègaŋlɔ wo ɖi o.”
5 Eye mawudɔla si mekpɔ wòle tsitre ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi la do eƒe nuɖusi ɖe dziƒo,
6 eye wòta Ame si le agbe tso mavɔ me yi mavɔ me, ame si wɔ dziƒo kple nu siwo le eme, kple anyigba kple nu siwo le eme, kpakple atsiaƒu kple nu siwo le eme la, gblɔ be: “Womagahe ɖe megbe azɔ o;
7 ke boŋ le ŋkeke siwo me woase mawudɔla adrelia ƒe gbe, ne esusɔ vie wòaku eƒe kpẽa la, ke wowu Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe si ku ɖe nya nyui si wògblɔ na ye ŋutɔ ƒe kluvi nyagblɔɖilawo ŋu la, nu vavã.”
8 Eye gbe si mese tso dziƒo la gale nu ƒom kplim le gbɔgblɔm be: “Heyi, xɔ agbalẽ xatsaxatsa si le ʋuʋu le mawudɔla si le tsitre ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi la si.”
9 Eye meyi mawudɔla la gbɔ, eye megblɔ nɛ be wòatsɔ agbalẽ xatsaxatsa sue la anam. Eye wògblɔ nam be: “Xɔe, eye nàɖu ye katã, eye anɔ vevem le dɔme na wò, gake avivi le nu me na wò abe anyitsi ene.”
10 Eye mexɔ agbalẽ xatsaxatsa sue la le mawudɔla la si heɖu ye katã, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene; gake esi meɖui vɔ la, enɔ vevem le dɔ me nam.
11 Eye wogblɔ nam be: “Ele be nàgagblɔ nya ɖi le amewo kple dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo kpakple fia geɖewo ŋuti.”