Nyaɖeɖefia 1:1-20

1  Nyaɖeɖefia, si Yesu Kristo ɖe fia, si Mawu tsɔ nae, be wòaɖe nu siwo ava dzɔ kpuie la afia eƒe kluviwo. Eye wòdɔ eƒe dɔla ɖa, eye wòto edzi ɖee fia eƒe kluvi Yohanes to dzesiwo me,  ame si ɖi ɖase le nya si Mawu tsɔ na, kple ɖase si Yesu Kristo ɖi la ŋu, tso nu siwo katã wòkpɔ la ŋu.  Dzidzɔtɔe nye ame si xlẽa nyagblɔɖi sia me nyawo wòɖina kple ame siwo sea wo, eye wowɔa nu siwo woŋlɔ ɖe eme la dzi; elabena ɣeyiɣi ɖoɖi la tu aƒe.  Yohanes le esia ŋlɔm na hame adre siwo le Asia nutoa me: Amenuveve kple ŋutifafa si tso “Ame si li, eye wònɔ anyi, eye wògbɔna” la gbɔ, tso gbɔgbɔ adre siwo le eƒe fiazikpuia ŋgɔ la gbɔ,  kple Yesu Kristo, “Ðasefo Nyateƒetɔ la,” “ame kukuwo dome ŋgɔgbevi la,” kple “anyigba dzi fiawo ƒe Dziɖula la” gbɔ la, nanɔ anyi kpli mi. Ame si lɔ̃a mí, eye wòtu mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to ye ŋutɔ ƒe ʋu dzi—  eye wòwɔ mí míenye fiaɖuƒe, nunɔlawo na eƒe Mawu kple Fofoa—ɛ̃, eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ gã tegbee. Amen.  Kpɔ ɖa! Egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku akpɔe, ame siwo ƒo nu ɖee hã; eye anyigba dzi ƒomewo katã aƒo akɔta le nuxaxa ta le eŋuti. Ɛ̃, Amen.  “Nyee nye Alfa kple Omega,” Yehowa Mawu, “Ame si li, eye wònɔ anyi, eye wògbɔna, Ŋusẽkatãtɔ la,” ye gblɔe.  Nye, Yohanes, mia nɔvi, si nye gomekpɔla kpli mi le xaxa kple fiaɖuƒe kpakple dzidodo me kpe ɖe Yesu ŋu la, menɔ ƒukpo si woyɔna be Patmo la dzi le nuƒoƒo tso Mawu ŋu kple ɖaseɖiɖi le Yesu ŋu ta. 10  Meva nɔ Aƒetɔ ƒe ŋkeke la me le gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me, eye mese gbeɖiɖi sesẽ aɖe le megbenye abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene, 11  nɔ gbɔgblɔm be: “Nu si nèkpɔ la, ŋlɔe ɖe agbalẽ xatsaxatsa aɖe me, eye nàɖoe ɖe hame adreawo: le Efeso kple Smirna kple Pergamo kple Tiatira kple Sardes kple Filadelfia kpakple Laodikea.” 12  Eye metrɔ be makpɔ gbe si nɔ nu ƒom kplim la, eye esi metrɔ la, mekpɔ sikakaɖiti adre, 13  eye le akaɖitiawo titina la, ame aɖe li abe amegbetɔvi ene, eye wòdo awu si didi va ɖo eƒe afɔ gɔme, eye wòtsɔ sikalidziblanu bla akɔta. 14  Gawu la, eƒe ta kple ɖa fu tititi abe alẽfu ɣi ene, abe sno ene, eye eƒe ŋkuwo nɔ abe dzo ƒe aɖe ene; 15  eye eƒe afɔwo nɔ abe gadzẽ nyui si wode dzokpo me wòbiã hẽe ene; eye eƒe gbe nɔ abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene. 16  Eye ɣletivi adre nɔ eƒe nuɖusi me, eye yi ɖaɖɛ nueve legbe aɖe nɔ dodom tso eƒe nu me, eye eƒe mo nɔ keklẽm abe ale si ɣe klẽna kple eƒe ŋusẽ ene. 17  Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ be: “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gbãtɔ la kple Mlɔetɔ la, 18  kple ame si le agbe; eye meku, gake kpɔ ɖa! Mele agbe tso mavɔ me yi mavɔ me, eye ku kple Hades* ƒe safuiwo le asinye. 19  Eya ta ŋlɔ nu siwo nèkpɔ kple nu siwo li kpakple nu siwo ava dzɔ le nu siawo megbe la ɖi. 20  Ke ɣletivi adre siwo nèkpɔ le nye nuɖusi me kple sikakaɖiti adreawo ŋu nya ɣaɣla kɔkɔe lae nye esi: Ɣletivi adreawo tsi tsitre ɖi na hame adreawo ƒe dɔlawo, eye akaɖiti adreawo tsi tsitre ɖi na hame adre.

Etenuŋɔŋlɔ

Kpɔ Nya Bubuwo, Akpa 8 lia.