Galatiatɔwo 2:1-21

2  Azɔ le ƒe wuiene megbe la, megayi Yerusalem, mía kple Barnaba, eye mekplɔ Tito hã ɖe asi.  Gake nyaɖeɖefia aɖe si mexɔ tae meyi ɖo. Eye metsɔ nya nyui si mele gbeƒã ɖem le dukɔwo dome la ɖo wo ŋkume, gake ame ŋkutawo ɖeɖee megblɔe na, elabena menɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ menɔ du ƒum, alo meƒu du, dzodzro.  Ke hã, womeƒoe ɖe Tito, si nɔ ŋunye, kura gɔ̃ hã nu be wòatso aʋa o, togbɔ be Helatɔe wònye hã.  Gake le aʋatsonɔvi siwo wokplɔ va eme dzaa, siwo va tra ɖe eme henɔ ŋku tsam le ablɔɖe si le mía si le Kristo Yesu me la ŋu, bene woawɔ mí kluviwoe keŋkeŋ . . .  míena mɔ ame siawo to mía ɖokui bɔbɔ ɖe wo te me o, ao, míena mɔ wo gaƒoƒo ɖeka gɔ̃ hã o, bene nya nyui la ƒe nyateƒe la nayi edzi anɔ kpli mi.  Gake le ame siwo dzena be wonye nane gome la—ame ka ƒomeviwoe woɖanye tsã o, ema mele vevie nam o—Mawu mewɔa nu ɖe ame ŋu le eƒe gotagome dzedzeme nu o—le nyateƒe me la, na nye ya la, ame ŋkuta mawo megblɔ nya yeye aɖeke o.  Gake esi wokpɔ be wotsɔ nya nyui la de asi nam na ame siwo nye aʋamatsomatsotɔwo, abe ale si ko Petro hã xɔe na ame siwo tso aʋa ene la—  elabena Ame si na ŋusẽ siwo hiã la Petro na apostolonyenye, hena ame siwo tso aʋa la, kee na ŋusẽwo nye hã, hena ame siwo le dukɔwo me;  ɛ̃, esi wova kpɔ amenuveve si wonam la dze sii la, Yakobo kple Kefas kpakple Yohanes, ame siwo dze abe sɔtiwo ene la, na asi mía kple Barnaba tsɔ ɖee fia be yewolɔ̃ ɖe ɖoɖoa dzi, be míayi dukɔwo gbɔ, ke yewo ya yewoayi ame siwo tso aʋa la gbɔ. 10  Ðeko míagaŋlɔ ame dahewo be o. Nu sia tututu wɔwɔ hã ŋue medzea agbagba le vevie. 11  Ke hã, esi Kefas va Antioxia la, metsi tsitre ɖe eŋu ŋkume kple ŋkume, elabena ewɔ nu si dze fɔbubu. 12  Elabena hafi ame aɖewo natso Yakobo gbɔ ava la, eɖua nu kple dukɔwo me tɔwo; gake esi wova ɖo ko la, eɖe eɖokui ɖa le wo ŋu, eye megadea ha kpli wo o, le vɔvɔ̃ na ame siwo tso aʋatsotsotɔwo dome la ta. 13  Yudatɔ susɔeawo hã wɔ ɖeka kplii le alakpanuwɔwɔ sia me, ale gbegbe be wohe Barnaba gɔ̃ hã kpe ɖe wo ɖokui ŋu le woƒe alakpanuwɔwɔ la me. 14  Gake esi mekpɔ be womenɔ zɔzɔm pɛpɛpɛ le nya nyui la ƒe nyateƒe la nu o la, megblɔ na Kefas le wo katã ŋkume be: “Ne wò, ame si nye Yudatɔ, ènɔa agbe abe ale si dukɔwo nɔa agbe ene, eye menye abe ale si Yudatɔwo nɔnɛ ene o la, aleke wɔ nèle eƒom ɖe dukɔwo me tɔwo nu be woanɔ agbe ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo nu?” 15  Mí ame siwo nye Yudatɔwo tso dzɔdzɔme, eye míenye nu vɔ̃ wɔlawo tso dukɔwo dome o la, 16  esi míenyae be womebua ame ame dzɔdzɔe to se la ƒe dɔwɔwɔwo dzi o, ke boŋ to Kristo Yesu dzi xɔxɔse me ko ta la, míawo gɔ̃ hã míexɔ Kristo Yesu dzi se, bene woabu mí ame dzɔdzɔewoe le Kristo dzi xɔxɔse ta, ke menye le se la ƒe dɔwɔwɔwo ta o, elabena ne se la ƒe dɔwɔwɔwoe la, ekema womabu ŋutilã aɖeke be ele dzɔdzɔe o. 17  Ke ne mí ame siwo le didim be woabu mí ame dzɔdzɔewoe to Kristo dzi la, wokpɔ mía ŋutɔwo hã be míenye nu vɔ̃ wɔlawo ɖe, ekema nu vɔ̃ ƒe subɔlae Kristo nyea? Gbeɖe! 18  Elabena ne nu siwo tututu memu ƒu anyi tsã la tumee megale la, ekema meɖe ɖokuinye fia be menye vodala. 19  Nye la, meto se me ku na se, bene magbɔ agbe na Mawu. 20  Wohem ɖe ati ŋu kpe ɖe Kristo ŋu. Meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristo si le ƒomedodo me kplim lae. Le nyateƒe me la, agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele enɔm to Mawu ƒe Vi si lɔ̃m, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye la, dzi xɔxɔse me. 21  Nyemetutu Mawu ƒe amenuveve la ɖe aga o; elabena ne se dzie dzɔdzɔenyenye to va la, ekema Kristo ku dzodzro.

Etenuŋɔŋlɔ