Galatiatɔwo 1:1-24
1 Paulo, si nye apostolo, menye tso amegbetɔwo gbɔ alo to ame aɖe dzi o, ke boŋ to Yesu Kristo kple Mawu Fofo la, ame si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la dzi,
2 kple nɔvi siwo katã le gbɔnye, le esia ŋlɔm na Galatia hameawo:
3 Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi.
4 Etsɔ eɖokui na ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, bene wòaɖe mí tso fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me le mía Mawu kple Fofo ƒe lɔlɔ̃nu la nu,
5 ame si tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
6 Ewɔ mo yaa nam ŋutɔ be wole mia ɖem ɖa kaba nenema tso Ame si yɔ mi va Kristo ƒe amenuveve gbɔ la ŋu, le nya nyui bubu ƒomevi aɖe gbɔ yim.
7 Gake menye nya nyui bubu ye o; negbe ɖekoe ame aɖewo le mia tɔtɔm, eye wole didim be yewoatrɔ gbo Kristo ŋuti nya nyui la.
8 Ke hã, ne míawo alo mawudɔla aɖe, si tso dziƒo kura gɔ̃ hã, agblɔ nya aɖe si to vovo na nya nyui si míegblɔ na mi la, neɖi eŋu kpekpekpe.
9 Abe ale si míegblɔe do ŋgɔ ene la, megale egblɔm ake be: Ame sia ame si va le nya aɖe, si to vovo na nya nyui si miexɔ la gblɔm na mi la, neɖi eŋu kpekpekpe.
10 Ekema amegbetɔwo ƒe nugɔmesesename dim mele fifia loo alo Mawu tɔa? Alo ɖe mele didim be madze amegbetɔwo ŋua? Ne megale amegbetɔwo ŋu dzem la, ekema nyemanye Kristo ƒe kluvi o ɖe.
11 Elabena nɔviwo, mena mienyae be, menye amegbetɔ tɔe nya nyui si megblɔ abe nya nyui ene la nye o;
12 elabena menye amegbetɔ gbɔe mexɔe tso o, eye menye ɖe wofiaem hã o, ke boŋ Yesu Kristoe ɖee fiam.
13 Nyateƒee, miese nu tso agbe si menɔ tsã le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me la ŋu, be menɔ Mawu ƒe hame la yome tim wògbɔ eme, henɔ edome gblẽm,
14 eye menɔ ŋgɔyiyi geɖe wɔm le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me wu hanyeti geɖewo le nye dukɔ la me, elabena medo vevie mía fofowo ƒe kɔnyinyiwo wu wo sãsãsã.
15 Gake esi Mawu, ame si ɖem ɖa le danye ƒe vidzidɔ ŋu, eye wòyɔm to eƒe amenuveve la me, kpɔe be enyo
16 be yeaɖe ye Vi la afia to dzinye, bene magblɔ eŋuti nya nyui la na dukɔwo la, nyemeyi ɖalée kpɔ kple ŋutilã kple ʋu o.
17 Eye nyemeyi Yerusalem ɖe ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la hã gbɔ o, ke boŋ medzo yi Arabia, eye megatrɔ va Damasko.
18 Azɔ le ƒe etɔ̃ megbe la, meyi Yerusalem va srã Kefas kpɔ, eye menɔ egbɔ ŋkeke wuiatɔ̃.
19 Gake nyemegakpɔ apostoloawo dometɔ bubu aɖeke o, negbe Yakobo, Aƒetɔ la nɔvi ko.
20 Ke le nu siwo ŋlɔm mele na mi ŋuti la, kpɔ ɖa! Mele egblɔm na mi le Mawu ŋkume be nyemele aʋatso kam o.
21 Le ema megbe la, meyi Siria kple Kilikia nutowo me.
22 Gake Yudea hameawo, siwo le Kristo me la, mekpɔm kpɔ o;
23 ɖeko wosena be: “Ame si tia mía yome tsã la le xɔse, si dome wògblẽ tsã la, ŋu nya nyui la gblɔm fifia.”
24 Ale wote Mawu dodo ɖe dzi le tanye.