Filipitɔwo 2:1-30

2  Eya ta ne dzideƒo aɖe li le Kristo me, ne lɔlɔ̃ ƒe akɔfafa aɖe li, ne ɖetsɔleme na ame nɔewo ƒe gbɔgbɔ aɖe li, ne lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔwo li la,  mina nye dzidzɔ la nade blibo to esia me: be susu ɖeka kple lɔlɔ̃ ɖeka nanɔ mia si, miawɔ ɖeka le luʋɔ me, mialé tamesusu ɖeka me ɖe asi,  miagawɔ naneke le dzrehehe ta alo le ɖokuiŋububu akpa ta o, ke boŋ miatsɔ ɖokuibɔbɔ abu ame bubuwo be wonye gã wu mi,  eye miaƒe ŋku naganɔ mia ŋutɔwo ƒe nuwo ƒe nyonyo ɖeɖe ko ŋu o, ke nenɔ ame bubuwo tɔ hã ƒe nyonyo ŋu.  Tamesusu ƒe nɔnɔme sia si nɔ Kristo Yesu me la nenɔ miawo hã mia me,  ame si, togbɔ be enɔ Mawu ƒe nɔnɔme me hã la, susu aɖeke meva tame nɛ be yeaʋli ɖoƒe, si nye be ye kple Mawu yewoasɔ o.  Ao, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, eye wòtsɔ kluvi ƒe nɔnɔme, eye wòva nɔ abe amegbetɔwo ene.  Nu si gawu emae nye be, esi wòkpɔ eɖokui le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me la, ebɔbɔ eɖokui, eye eɖo to yi ɖa se keke ku me ke, ɛ̃, yi ɖase ku me ke le fuwɔameti ŋu.  Susu sia tututu hã tae Mawu doe ɖe dzi wòle nɔƒe kɔkɔ aɖe, eye wòlɔ̃ faa tsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubu ɖe sia ɖe ta la nɛ, 10  bene ame siwo le dziƒo kple ame siwo le anyigba dzi kpakple ame siwo le anyigba te la nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ me, 11  eye aɖe sia aɖe naʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ la, hena Mawu Fofo la ƒe kafukafu. 12  Eya ta nye lɔlɔ̃tɔwo, ale si mieɖoa to ɣesiaɣi, menye le nye anyinɔɣi ɖeɖe ko o, ke boŋ geɖe wu azɔ si nyemele mia gbɔ o la, miyi edzi miatsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya anɔ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti dɔ la wɔm; 13  elabena Mawue nye ame si le dɔ wɔm le mia me, bene didi kple nuwɔwɔ siaa nanɔ mia me le nu si dze eŋu la nu. 14  Miyi edzi miawɔ nuwo katã liʋiliʋilili kple nyaʋiʋli manɔmee, 15  bene miazu mokakamanɔŋutɔwo kple fɔmaɖilawo, Mawu ƒe vi siwo ŋu ɖiƒoƒo aɖeke mele o le dzidzime gɔglɔ̃ totro titina, ame siwo dome miele keklẽm le abe akaɖiwo ene le xexea me, 16  esi mieléa agbenya la me ɖe asi goŋgoŋ, bene makpɔ susu si ta matso aseye ɖo le Kristo ƒe ŋkeke la dzi, be nyemeƒu du dzodzro alo wɔ dɔ sesĩe dzodzro o. 17  Ke ne wotsɔm le kɔkɔm ɖe dutoƒo subɔsubɔdɔ ƒe vɔsa, si gbɔ xɔse kplɔ mi va, la dzi abe nunovɔsa ene hã la, dzi le dzɔyem, eye mele dzidzɔ kpɔm kpli mi katã. 18  Nenema kee miawo hã dzi nedzɔ mi, eye mikpɔ dzidzɔ kplim. 19  Le gonyeme la, mele mɔ kpɔm le Aƒetɔ Yesu me be madɔ Timoteo aɖo ɖe mia gbɔ kpuie, be ne menya ale si nuwo le edzi yim le mia gbɔ la, ne mazu luʋɔ kpɔdzidzɔ. 20  Elabena ame aɖeke mele asinye, si ƒe nɔnɔme sɔ kple etɔ, si alé be na mi vavã le nu siwo ku ɖe mia ŋu la gome, de enu o. 21  Elabena ame susɔeawo katã le woawo ŋutɔwo ƒe nyonyo dim, menye Kristo Yesu tɔ o. 22  Gake mienya ale si wòɖee fia be yedze, si nye be, abe vi kple tɔ ene la, mía kplii míewɔ dɔ abe kluviwo ene le nya nyui la dodo ɖe ŋgɔ me. 23  Eya ta ame siae mele mɔ kpɔm be madɔ ɖa, ne menya ale si nuwo anɔ nam teti ko. 24  Ɛ̃, kakaɖedzi le asinye le Aƒetɔ la me be, nye ŋutɔ hã mava kpuie. 25  Ke hã, mekpɔe be ehiã be madɔ Epafrodito, si nye nɔvinye kple nye hadɔwɔla kpakple hatisrafo, gake wònye miawo ya miaƒe ame dɔdɔ kple nye nu hiahiãwo ƒe subɔla la, ɖe mi, 26  esi wònye ele edzrom vevie be yeakpɔ mi katã, eye wòlé blanui elabena miese be eva dze dɔ, la ta. 27  Ɛ̃, eva dze dɔ vavã de kuku ge kloe; gake Mawu kpɔ nublanui nɛ, le nyateƒe me la, menye na eya ɖeɖe ko o, ke na nye hã, bene nuxaxa nagakpe nuxaxa nam o. 28  Eya ta metsi dzi vevie be maɖoe ɖe mi, be ne miekpɔe la, dzi nagadzɔ mi ake, eye nye hã nye nuxaxa dzi naɖe kpɔtɔ geɖe wu. 29  Eya ta mixɔe abe ale si miewɔna ɖaa ene le Aƒetɔ la me kple dzidzɔ blibo; eye miyi edzi mianɔ ame siawo ƒomevi bum ame veviwoe, 30  elabena Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ tae wòde kuku ge kloe ɖo, eye wòtsɔ eƒe luʋɔ de afɔku me, bene wòaxɔ ɖe mia teƒe le afi sia asubɔm.

Etenuŋɔŋlɔ